Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Ðe Wòle Be Maxɔ Nyɔnyrɔa?—Akpa 3 lia: Nu Ka Tae Mele Nyɔnyrɔxɔxɔ Hem Ðe Megbe?

Ðe Wòle Be Maxɔ Nyɔnyrɔa?—Akpa 3 lia: Nu Ka Tae Mele Nyɔnyrɔxɔxɔ Hem Ðe Megbe?

 Ne èbu eŋu be yeaɖe adzɔgbe na Yehowa axɔ nyɔnyrɔa, ɖe esia nana nèvɔ̃na? Ne nenemae la, ke nyati sia akpe ɖe ŋuwò nàɖu vɔvɔ̃ ma dzi.

Nyati sia aɖo nya siawo ŋu

 Ne meva wɔ vodada gã aɖe le nyɔnyrɔxɔxɔ megbe ɖe?

 Nu si ana nàtsi dzi: Ðewohĩ ènya ame aɖe si wɔ nu vɔ̃ gã aɖe si woɖe le hamea me. (1 Korintotɔwo 5:11-13) Ànya nɔ vɔvɔ̃m be esia ate ŋu adzɔ ɖe ye hã ye dzi.

 “Esi menɔ eŋu bum be maxɔ nyɔnyrɔa, menɔ vɔvɔ̃m be mava wɔ nu vɔ̃ gã aɖe eye esia agba dzi na dzinyelawo.”—Rebekah.

 Mawunyakpukpui vevi: “Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ ŋu . . . Netrɔ ɖe Yehowa ame si akpɔ nublanui nɛ la ŋu, netrɔ ɖe mía Mawu la ŋu, elabena atsɔ ake geɖe.”—Yesaya 55:7.

 Bu nya sia ŋu: Togbɔ be nu vɔ̃ wɔla matrɔdzime woe woɖena le hamea me hã, Yehowa kpɔa nublanui na ame siwo trɔ dzi me eye wowɔ tɔtrɔwo.—Psalmo 103:13, 14; 2 Korintotɔwo 7:11.

 Nyateƒeae nye be: Togbɔ be mède blibo o hã àte ŋu aɖu tetekpɔwo dzi le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me. (1 Korintotɔwo 10:13) Ne tetekpɔ aɖe va dziwò la, ame kae agblɔ nu si wòle be nàwɔa na wò? Wò ŋutɔ loo? Alo ame aɖe yea?

 “Mevɔ̃ be le nye nyɔnyrɔxɔxɔ megbea, mava wɔ nu vɔ̃ gã aɖe, gake meva kpɔe be ne mele nyɔnyrɔxɔxɔ hem ɖe megbea, ɖeko wòana be mayi edzi anɔ nu vɔ̃ wɔm boŋ. Meva de dzesi be mele be mana nu siwo ate ŋu ava dzɔ le etsɔmea ŋu bubu nana be nyemawɔ nu si hiã la o.”—Karen.

 Nya vevitɔ: Àte ŋu adze agbagba be yemawɔ nu vɔ̃ gã o abe Yehowa subɔla geɖewo ene.—Filipitɔwo 2:12.

 Èhiã kpekpeɖeŋu geɖe wua? Xlẽ nyati si nye “Aleke Mawɔ Aɖu Tetekpɔwo Dzi?

 Ne mele vɔvɔ̃m na nu siwo nyɔnyrɔxɔxɔ abia tso asinye ɖe?

 Nu si ana nàtsi dzi: Ðewohĩ ènya sɔhɛ aɖewo siwo ʋu dzo le woƒe ƒomewo kple wo xɔlɔ̃wo gbɔ yi teƒe didi aɖe be yewoavae wɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me. Eya ta, ɖewohĩ atsi dzi be amewo anɔ mɔ kpɔm be ye hã yeawɔ nenema.

 “Mɔnukpɔkpɔ tea ŋu sua ame si xɔ nyɔnyrɔ si be wòawɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me, gake le ame aɖewo gomea, womele klalo be yewoawɔ esia o alo woƒe nɔnɔmea meɖe mɔ na wo o.”—Marie.

 Mawunyakpukpui vevi: “Ame sia ame nadzro eya ŋutɔ ƒe nuwɔnawo me kpɔ, ekema akpɔ susu si ta wòatso aseye le eya ŋutɔ ɖokui ɖeɖe ŋu, ke menye le eɖokui tsɔtsɔ sɔ kple ame bubu me o.”—Galatiatɔwo 6:4.

 Bu nya sia ŋu: Le esi nàtsɔ ɖokuiwò anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo teƒea, bu nya siwo le Marko 12:30 ŋu. Afi si gblɔ be: ‘Lɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo.’

 De dzesi be ele be nàsubɔ Yehowa kple dzi blibo ke menye ame bubu aɖekee awɔ esia na wò o. Eya ta ne èlɔ̃ Yehowa kple wò dzi bliboa, àdze agbagba be yeawɔ yeƒe ŋutete katã asubɔe.

 “Togbɔ be nyɔnyrɔxɔxɔ nye afɔɖeɖe vevi aɖe hã, menye nu si ana nàdo kpo vovo le agbe me o. Ne èdea ha kple xɔlɔ̃ nyuiwoa, woakpe ɖe ŋuwò. Eye vivivi ne subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔwo va le asiwò sum la, ana nàkpɔ dzidzɔ geɖe. Eya ta ne ègbe be yemaxɔ nyɔnyrɔ oa, ke èle nu nyui aɖe tem ɖokuiwò paa.”—Julia.

 Nya vevitɔ: Na ale si Yehowa lɔ̃ wò la naʋã wò nàlɔ̃e. Esia ana nàwɔ ŋutete katã nɛ ne èle esubɔm.—1 Yohanes 4:19.

 Èhiã kpekpeɖeŋu geɖe wua? Xlẽ nyati si nye “Ame Ðɔʋue Menyea?

 Ne mese le ɖokuinye me be nyemedze asubɔ Yehowa o ɖe?

 Nu si ana nàtsi dzi: Yehowae nye xexea katã ƒe Dziɖulagã; ne wotsɔ amegbetɔwo sɔ kpli la, míeɖi naneke le eŋkume o! Ðewohĩ awɔ na wò be Yehowa menya ye kura gɔ̃ hã o.

 “Esi dzinyelawo nye Yehowa Ðasefowo ta, ewɔna nam be esia tae nye hã mele Yehowa subɔm, ke menye ɖe Yehowa tem va eɖokui gbɔ o.”—Natalie.

 Mawunyakpukpui vevi: “Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe ɖe Fofo si dɔm ɖa la, hee vɛ.”—Yohanes 6:44.

 Bu nya sia ŋu: Nyateƒeae nye be, esi nèle eŋu bum be yeaxɔ nyɔnyrɔa, esia fia be Yehowae nye ema le wò tem ɖe eɖokui ŋu be ye kpli wò dome nanɔ kplikplikpli. Ðe màlɔ̃ ate ɖe Yehowa ŋu oa?

 Ðo ŋku edzi be Yehowa ŋutɔe fiaa mɔ ame siwo katã wòte va eɖokui gbɔ, ke menye ame bubu aɖeke o. Eye eƒe Nyaa ka ɖe edzi na wò be ne ète ‘ɖe Mawu ŋu la, . . . eya hã ate ɖe ŋuwò.’—Yakobo 4:8.

 “Esi nènya Yehowa eye nèka ɖe edzi be eyae te wò ɖe eɖokui ŋu ta la, esia nye kpeɖodzi be elɔ̃ wò. Eya ta ne èle susum be yemedze asubɔe oa, ɖo ŋku edzi na ɖokuiwò be menye nenemae wòle o. Yehowa ya di be nàsubɔ ye.”—Selina.

 Nya vevitɔ: Ne ète ŋu ɖo nu siwo Biblia di tso ame siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ gbɔa, ke àte ŋu asubɔ Yehowa. Ðo ŋku edzi be edi be nàsubɔ ye.—Nyaɖeɖefia 4:11.

 Èhiã kpekpeɖeŋu geɖe wua? Xlẽ nyati si nye “Nu Ka Tae Wòle Be Mado Gbe Ða?