Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Gbeɖoɖoɖi—Akpa 1: Ðe Mesu Te Na Gbeɖoɖoɖia?

Gbeɖoɖoɖi—Akpa 1: Ðe Mesu Te Na Gbeɖoɖoɖia?

Nu siwo me míadzro le nyati sia me

Nu kae nye gbeɖoɖoɖi?

  Ame aɖewo bua gbeɖoɖoɖi be enye dzidzɔdonamenu dzro aɖe ko. Gake le nyati sia mea, nu si “gbeɖoɖoɖi” fiae nye ɣeyiɣi si me ŋutsu kple nyɔnu dea ha kple wo nɔewo kple susu be yewoanya nenye be yewoate ŋu ava nye srɔ̃tɔ siwo sɔ na yewo nɔewo. Eya ta taɖodzinu aɖe koŋ le gbeɖoɖoɖi ŋu. Menye mɔ si dzi ŋutsu kple nyɔnu ato anɔ vivi dom ɖe wo nɔewo ŋu ƒe nyae wònye o.

 Le ɣeyiɣi aɖe megbea, ele be gbeɖoɖoɖi nakpe ɖe ŋuwò nàtso nya me be yeaɖe amea loo alo be yeatso kadodoa me kplii. Eya ta ne èdze zɔzɔ kple ame aɖe la, ele be nàdzra susu ɖo ɖe evea siaa ŋu.

 Nya vevitɔ: Ne èsusu be yesu te na gbeɖoɖoɖi la, ke ele be nàka ɖe edzi be yesu te na srɔ̃ɖeɖe hã.

Ne èle zɔzɔm kple ame aɖe gake mèɖoe be yeaɖee o la, ɖeko nànɔ abe ame aɖe si yi dɔ diƒe gake meɖoe be yeawɔ dɔ o la ene

Ðe nèsu te na gbeɖoɖoɖia?

  Esi wònye be àte ŋu ava ɖe ame si nèle zɔzɔm kplii ta la, ele be nàde ŋugble le nɔnɔme siwo le asiwò siwo ate ŋu ana dzidzɔ nanɔ srɔ̃ɖeɖea me alo ahe kuxi vɛ la ŋu. Bu nya siwo gbɔna ŋu kpɔ:

  •   Ale si nèwɔa nu ɖe wò ƒomea me tɔwo ŋu. Zi geɖe la, ale si nèwɔa nu ɖe dziwòlawo kple nɔviwòwo ŋu, vevietɔ ne nane te ɖe dziwò la, ɖea ale si nàva wɔ nu ɖe srɔ̃wò ŋui la fiana.

     Biblia ƒe mɔfiame: “Miɖe ameléleɖedɔme kaɖikaɖi, dɔmedzoe, dziku, ɣlidodo, kple nya veame ɖe sia ɖe ƒomevi ɖa le mia dome hekpe ɖe nu sia nu si gblẽa nu le ame ŋu la ŋuti.”—Efesotɔwo 4:31.

     Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe dzinyelawo kple nɔvinyewo agblɔ be medea bubu yewo ŋua? Ne nya aɖe ɖo nye kpli wo dome la, ɖe metea ŋu ƒoa nu kpli wo tufafatɔea, alo ɖe mekpɔa dziku hehea nya kpli woa?’

    Ne màte ŋu akpɔ nyawo gbɔ le ŋutifafa me kple dziwòlawo o la, ɖe wòanya wɔ le wò srɔ̃ɖeɖe mea?

  •   Ðokuitsɔtsɔsavɔ. Ne èɖe srɔ̃ la, ele be nàbu srɔ̃wò ƒe didiwo hã ŋu, eye zi geɖe la, esia abia be nàɖe asi le nu si nèdi ŋu ahawɔ etɔ.

     Biblia ƒe mɔfiame: “Ame aɖeke meganɔ eya ŋutɔ ƒe nyonyo ko dim o, ke nedi ame bubu tɔ hã.”—1 Korintotɔwo 10:24.

     Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe medina ɣesiaɣi be amewo nawɔ nu ale si media? Ðe amewo abum nugɔmesela? Mɔ kawo nue meɖee fia le be metsɔa ame bubuwo ƒe didiwo ɖoa ŋgɔ na tɔnye?

  •   Ðokuibɔbɔ. Srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu nyui alɔ̃ ɖe edzi be yeda vo eye wòaɖe kuku tso dzi me be ye tɔ medzɔ o.

     Biblia ƒe mɔfiame: “Mí katã míedaa vo zi geɖe.”—Yakobo 3:2.

     Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe melɔ̃na ɖe edzi enumake be meda voa, alo metsɔa nanewo nɔa taflatsɛ dom? Ðe wòtena ɖe dzinye ne ame aɖe ɖo aɖaŋu nam alo ɖɔm ɖoa?’

  •   Ganyawo. Ganyawo nye nu siwo dea dzre srɔ̃tɔwo dome wu la dometɔ ɖeka. Eya ta ne èléa be na ga la, asesẽ be ga nade dzre wò kple srɔ̃wò dome.

     Biblia ƒe mɔfiame: “Mia dometɔ kae li ne edi be yeatu xɔ la, manɔ anyi abu eŋu kɔnta gbã ahakpɔ ɖa be nu sɔ gbɔ ɖe ye si yeate ŋu awu enu o mahã?”—Luka 14:28.

     Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe meɖɔa ŋu ɖo le gazazã mea, alo be fe nɔa ŋunye zi geɖe? Go kawo mee mete ŋu ɖee fia le be meléa be na ga?’

  •   Fɔléle ɖe mawusubɔsubɔ ŋu. Ne Yehowa Ðasefoe nènye la, ele be ɖoɖo nyui nanɔ asiwò ɖe Biblia sɔsrɔ̃ kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede ŋu.

     Biblia ƒe mɔfiame: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo.”—Mateo 5:3.

     Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe metsɔa dzo ɖe nu siwo ado ŋusẽ nye xɔse la wɔwɔ ŋua? Ðe nu siwo mewɔna le Mawu subɔsubɔ me ye le vevie nam wu le agbe mea, alo menaa nu bubuwo hea nye susu ɖa le wo ŋu?’

 Nya vevitɔ: Ele be nànye srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu nyui na ame si ɖe ge nàla, elabe ehiã be wòakpɔ srɔ̃ nyui aɖe. Eya ta ne èle agbagba dzem be yeanye srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu nyui la, anɔ bɔbɔe be wò nu nalé dzi na ame si hã le agbagba ma ke dzem.