Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Ðe Nɔnɔme Nyui Ðeɖe Fia Le Veviea?

Ðe Nɔnɔme Nyui Ðeɖe Fia Le Veviea?

‘Ne megbɔna la, amewo meʋua ʋɔtru nam o, ke nu ka tae nye ya maʋui na wo?’

‘Nu veviwo meli míawɔ wu be míatsi dzi ɖe “meɖe kuku,” “akpe,” kple “taflatsɛ” gbɔgblɔ ŋu oa?’

‘Mehiã be maɖe nɔnɔme nyui afia nɔvinyewo o, nye ƒometɔwoe.’

Ðe wò nyagbɔgblɔwo ɖi nya siawo dometɔ aɖea? Nenye nenemae la, ke yayra siwo dona tso nɔnɔme nyuiwo ɖeɖe fia me la le ŋuwò tom!

 Nu si wòle be nànya tso nɔnɔme nyuiwo ɖeɖe fia ŋu

Nɔnɔme nyuiwo ɖeɖe fia ate ŋu ade dziwò le go etɔ̃ siawo me:

  1. Ŋkɔ si le ŋuwò. Ale si nèwɔa nu ɖe amewo ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ŋkɔ si le ŋuwò la dzi. Ne èwɔa nu ɖe amewo ŋu nyuie la, amewo abu wò be ènye ame si tsi kple ame si le bo nu, eye anɔ eme be woawo hã woawɔ nu ɖe ŋuwò nenema! Gake ne mèbua ame o la, amewo abui be ɖokuitɔdilae nènye, eye esia awɔe be womalɔ̃ axɔ wò ɖe dɔ me alo ana mɔnukpɔkpɔ bubuwo wò o. Biblia gblɔ be, “Ŋutasẽla hea ŋukpe vaa eya ŋutɔ ɖokui dzi.”​— Lododowo 11:17; etenuŋɔŋlɔ.

  2. Wò hadomegbenɔnɔ. Biblia gblɔ be: “Mido lɔlɔ̃, elabena enye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.” (Kolosetɔwo 3:14) Esia nye nyateƒe le xɔlɔ̃dzedze gome. Amewo lɔ̃na tena ɖe ame si ɖea nɔnɔme nyuiwo fiana hewɔa nu ɖe ame ŋu nyuie la ŋu. Eye ame kae adi be yeade ha kple ame mabuame alo nublanuimakpɔla?

  3. Ale si amewo awɔ nu ɖe ŋuwò. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Jennifer gblɔ be: “Ne èdea bubu amewo ŋu ɣesiaɣi la, kaka nàva kpɔ la, àkpɔe be amewo ava nɔ nu wɔm ɖe ŋuwò nyuie, ame siwo mebua ame aɖeke o gɔ̃ hã ate ŋu ava nɔ nu wɔm ɖe ŋuwò nyuie.” Gake ne mèbua ame o la, amewo mabu wò o. Biblia gblɔ be: “Dzidzenu si mietsɔ le nu dzidzem la kee woatsɔ adzidzee na mi.”—Mateo 7:2.

Nya vevitɔ: Míedoa ka kple ame bubuwo gbe sia gbe. Ale si nèwɔa nu ɖe amewo ŋu ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si wobua wòe kple ale si wowɔa nu ɖe ŋuwòe la dzi. Míagblɔ kpuie ko be ele vevie ŋutɔ be nàɖe nɔnɔme nyuiwo afia!

 Ale si nàna wòaganyo ɖe edzi

  1. De ŋugble tso nɔnɔme siwo nèɖena fiana ŋu. Bia nya siawo tɔgbi ɖokuiwò: ‘Ðe meƒoa nu na ame tsitsiwo bubutɔea? Zi nenie megblɔna be “meɖe kuku,” “akpe,” alo “taflatsɛ”? Ðe nye susu nɔa nu bubuwo ŋu, ɖewohĩ menɔa text message ŋlɔm alo nɔa exlẽm, ne mele dze ɖom kple amewoa? Ðe mewɔa nu ɖe dzinyelawo kple nɔvinyewo ŋu bubutɔea? Alo ɖe mewɔa nu ɖe wo ŋu ɖekematsɔlemetɔe hesusuna be “nye ƒometɔwoe wonyea”?’

    Biblia gblɔ be: “Mitre mia nɔewo bubu.”—Romatɔwo 12:10.

  2. Ðo taɖodzinuwo. Ŋlɔ go etɔ̃ siwo me wòahiã be nàtrɔ asi le wò nɔnɔmewo ŋu woanyo wu le da ɖi. Le kpɔɖeŋu me Allison si xɔ ƒe 15 gblɔ be ehiã be yeasrɔ̃ ale si “yeanye toɖola nyui wu be yeƒe nu me nabi.” David si xɔ ƒe 19 gblɔ be ehiã be yeasrɔ̃ ale si yeaƒo asa na text message xɔxɔ alo exexlẽ ne ye kple yeƒe ƒomea me tɔwo alo xɔlɔ̃wo yewole dze ɖom. Egblɔ be: “Enye amemabumabu. Ðeko wòafia be mele gbɔgblɔm na wo be adzɔ dzi nam be maɖo dze kple ame bubu aɖe tsɔ wu be maɖo dze kpli wo.” Edward si xɔ ƒe 17 gblɔ be ehiã be yeasrɔ̃ ale si yeaƒo asa na nyatsotso le amewo nu. Jennifer si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la hã ɖoe be yeatrɔ asi le ale si yewɔa nu ɖe ame tsitsiwo ŋu la ŋu. Egblɔ be: “Ðeko medoa gbe na ame tsitsiwo kpuie hedzona le wo gbɔ kaba yia xɔ̃nyewo gbɔ. Gake fifia mele agbagba dzem vevie be manya wo nyuie. Esia kpe ɖe ŋunye metrɔ asi le ale si mewɔa nu ɖe ame tsitsiwo ŋu la ŋu ŋutɔ!”

    Biblia gblɔ be: “Miaganɔ miawo ŋutɔ miaƒe nyonyo ko dim o, ke miadi ame bubuwo hã ƒe nyonyo.”—Filipitɔwo 2:4.

  3. Nɔ ŋku lém ɖe wò ŋgɔyiyiwo ŋu. Lé ŋku ɖe wò nuƒoƒo kple nuwɔna ŋu ɣleti ɖeka nàkpɔe ɖa be ŋgɔyiyi kae yewɔ le nu si ŋu nèbe yeatrɔ asi le me mahã. Bia ɖokuiwò le ɣletia ƒe nuwuwu be: ‘Aleke nɔnɔme nyui si meɖe fia kpe ɖe ŋunye menye ame si ɖɔ ʋu wu? Nɔnɔme kawo ŋue wògahiã be matrɔ asi le?’ Gaɖo taɖodzinu bubuwo le nu siwo nède dzesii la nu.

    Biblia gblɔ be: “Ale si ko miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nenema ke na wo.”—Luka 6:31.