Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Nye Nyɔnyrɔxɔxɔ?

Nu Kae Nye Nyɔnyrɔxɔxɔ?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Nyɔnyrɔxɔxɔ fia be woanyrɔ ame ɖe tsi me wòabu ɖe eme keŋkeŋ. a Woƒo nu tso nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu zi geɖe le Biblia me. (Dɔwɔwɔwo 2:41) Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be wonyrɔ Yesu ɖe Yordan Tɔsisia me. (Mateo 3:13, 16) Le ƒe aɖewo megbe esime Etiopia ŋutsu aɖe nɔ mɔ zɔm eye wòva ɖo “tsi aɖe gbɔ” la, Filipo nyrɔe ɖe tsia me.—Dɔwɔwɔwo 8:36-40.

 Yesu gblɔ be ele be ye yomedzelawo naxɔ nyɔnyrɔ. (Mateo 28:19, 20) Apostolo Petro hã te gbe ɖe Yesu ƒe nufiafia ma dzi.—1 Petro 3:21.

Nu siwo me míadzro le nyati sia me

 Nu kae nyɔnyrɔxɔxɔ fia?

 Ne ame xɔ nyɔnyrɔ la, ele eɖem fia le gaglãgbe be yetrɔ dzi me tso yeƒe nu vɔ̃wo me, eye yedo ŋugbe na Mawu be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu nu ka kee ɖadzɔ o. Esia fia be ele be ame si xɔ nyɔnyrɔ la naɖo to Mawu kple Yesu le nu sia nu si wòwɔna me. Ne ame aɖe xɔ nyɔnyrɔ la, esia ʋua mɔnukpɔkpɔ ɖi nɛ be wòava nɔ agbe tegbee le etsɔme.

 Ale si wonyrɔa ame ɖe tsi me la ɖea tɔtrɔ si ame wɔ le eƒe agbe me la fiana nyuie ŋutɔ. Nu ka tae míegblɔe nenema? Biblia tsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ sɔ kple ale si woɖia ame. (Romatɔwo 6:4; Kolosetɔwo 2:12) Ne wonyrɔ amea wòbu ɖe tsia me keŋkeŋ la, efia be eku le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu le eƒe tsãgbenɔnɔ gome. Ne efɔ tso tsia me la, efia be edze agbe yeye gɔme abe ale si Kristotɔ si ɖe adzɔgbe na Mawu nɔa agbee ene.

 Nya kae Biblia gblɔ tso mawutsidede ta na vidzĩwo ŋu?

 Womeƒo nu tso “mawutsidede ta” na vidzĩwo ŋu le Biblia me o. b Eye Biblia megblɔ hã be ele be woanyrɔ vidzĩwo o.

 Nyɔnyrɔnana vidzĩwo mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafiawo o. Biblia gblɔ be nanewo li wòle be ame nawɔ hafi axɔ nyɔnyrɔ. Le kpɔɖeŋu me, ele be wòase Biblia ƒe gɔmedzenufiafia veviwo ya teti gɔme eye wòanɔ agbe ɖe wo nu. Ele be wòatrɔ dzi me tso eƒe nu vɔ̃wo me. Azɔ hã, ele be wòado gbe ɖa na Mawu atsɔ eƒe agbe aɖe adzɔgbe nɛ. (Dɔwɔwɔwo 2:38, 41; 8:12) Gake vidzĩwo mate ŋu awɔ nu mawo o.

 Nu kae wòfia be woanyrɔ ame ɖe Fofo la, Vi la, kple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me?

 Yesu de se na eyomedzelawo be ‘woawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo, woanyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me, eye woafia wo be woawɔ nu siwo katã ƒe se yede na wo la dzi.’ (Mateo 28:19, 20) Nya, “ƒe ŋkɔ me,” si wozã le afi sia fia be ele be ame si nyrɔ ge wole la nalɔ̃ ɖe ŋusẽ kple ɖoƒe si le Fofo la kple Vi la si dzi, eye wòalɔ̃ ɖe akpa si Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wɔna hã dzi. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Petro gblɔ na ŋutsu aɖe si nye tekunɔ (alo bafa) tso esime wodzii la be: “Le Yesu Kristo, Nazaretetɔ la, ƒe ŋkɔa me la, zɔ azɔli!” (Dɔwɔwɔwo 3:6) Nufiamea me kɔ. Petro ƒe nyawo fia be ede dzesi ŋusẽ si le Kristo si eye wòlɔ̃ ɖe edzi be eƒe ŋusẽ mee yeda gbe na amea nukutɔe le.

  •   “Fofo la” le tsitre ɖi na Yehowa c Mawu. Esi wònye be Yehowa ye nye Wɔla, Agbenala, kple Mawu Ŋusẽkatãtɔ ta la, eƒe ɖoƒe kɔ wu ame sia ame tɔ.—1 Mose 17:1; Nyaɖeɖefia 4:11.

  •   “Vi la” ye nye Yesu Kristo, ame si tsɔ eƒe agbe na ɖe mía ta. (Romatɔwo 6:23) Hafi míate ŋu akpɔ ɖeɖe la, ele be míade dzesi akpa vevi si Yesu wɔna be tame si Mawu ɖo ɖe amegbetɔwo ŋu nava eme, eye míakpɔ ŋudzedze ɖe eƒe wɔƒea ŋu.—Yohanes 14:6; 20:31; Dɔwɔwɔwo 4:8-12.

  •   “Gbɔgbɔ kɔkɔe la” nye Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ. d Mawu to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi wɔ nuwo katã, siwo dome nu gbagbewo hã le, eto edzi tsɔ eƒe gbedeasiwo na eƒe nyagblɔɖilawo kple ame bubuwo, eye wòtsɔe do ŋusẽ wo be woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. (1 Mose 1:2; Hiob 33:4; Romatɔwo 15:18, 19) Azɔ hã, Mawu to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ʋã Biblia ŋlɔlawo woŋlɔ nu siwo wòɖe fia wo.—2 Petro 1:21.

 Nu vɔ̃e wònye be ame nagaxɔ nyɔnyrɔ akea?

 Edzɔna zi geɖe be amewo dona le subɔsubɔha si me wole me ɖagena ɖe bubu me. Ke ne woxɔ nyɔnyrɔ xoxo le ha si me wonɔ va yi ɖe? Ðe wòanye nu vɔ̃ be woagaxɔ nyɔnyrɔ akea? Ame aɖewo aɖo eŋu be ɛ̃, ɖewohĩ le ale si wose nya si le Efesotɔwo 4:5 gɔme ta. Afi ma gblɔ be: “Aƒetɔ ɖeka, xɔse ɖeka, nyɔnyrɔxɔxɔ ɖeka.” Gake menye ɖe mawunyakpukpui sia le gbɔgblɔm be ame magate ŋu axɔ nyɔnyrɔ ake o. Nu ka tae míegblɔe nenema?

 Nya siwo ƒo xlã mawunyakpukpuia. Nya siwo ƒo xlã Efesotɔwo 4:5 fia be apostolo Paulo nɔ gbe tem ɖe edzi be ele vevie be Kristotɔwo nawɔ ɖeka le nu siwo dzi woxɔ se me. (Efesotɔwo 4:1-3, 16) Nu si ko ana ɖekawɔwɔ ma nanɔ anyi ye nye be woaxɔ Mawu ɖeka dzi ase; dzixɔse ɖeka nanɔ wo si, si fia be Biblia ƒe nufiafiawo ŋuti gɔmesese ɖeka nanɔ wo si; eye woƒe susu nawɔ ɖeka le nudidi siwo gbɔ wòle be ame naɖo le Ŋɔŋlɔawo nu hafi axɔ nyɔnyrɔ la gome.

 Apostolo Paulo de dzi ƒo na ame aɖewo siwo xɔ nyɔnyrɔ xoxo la be woagaxɔ nyɔnyrɔ ake. Nu si tae nye be woxɔ nyɔnyrɔ esime womese Kristotɔwo ƒe nufiafiawo gɔme bliboe o.—Dɔwɔwɔwo 19:1-5.

 Nyɔnyrɔxɔxɔ si dzea Mawu ŋu. Hafi ame aɖe ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ nadze Mawu ŋu la, ele be Biblia me nyateƒea ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu esi. (1 Timoteo 2:3, 4) Ne nufiafia siwo mewɔ ɖeka kple Biblia tɔ o dzie ame aɖe nɔ te ɖo xɔ nyɔnyrɔ la, nyɔnyrɔxɔxɔ ma madze Mawu ŋu o. (Yohanes 4:23, 24) Ðewohĩ amea susu be nu si le eteƒe wɔm yele, ke hã mexɔ nyɔnyrɔ “le sidzedze vavãtɔ nu o.” (Romatɔwo 10:2) Hafi wòadze Mawu ŋu la, ele be wòasrɔ̃ Biblia me nyateƒea, wòanɔ agbe ɖe nu si wòsrɔ̃ nu, wòatsɔ eɖokui aɖe adzɔgbe na Mawu, eye wòagaxɔ nyɔnyrɔ ake. Le go siawo tɔgbi me la, eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ake manye nu vɔ̃ o. Le nyateƒe me la, ema boŋue nye nu si sɔ be wòawɔ.

 Nyɔnyrɔxɔxɔ bubu siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me

 Biblia ƒo nu tso nyɔnyrɔxɔxɔ ƒomevi bubuwo ŋu si to vovo na Kristo yomedzelawo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ. Esia ƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye esi.

 Yohanes Amenyrɔɖetsimela e ƒe amenyɔnyrɔ. Yudatɔwo kple ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo na Yohanes nyrɔ wo wònye dzesi be wotrɔ dzi me tso nu vɔ̃ siwo wowɔ esi woda le Mose ƒe Sea dzi la me. Esi Yohanes nɔ amewo nyrɔm la, enɔ wo dzram ɖo be woakpɔ Mesia la, si nye Yesu Nazaretetɔ la, adze sii eye woaxɔ edzi ase.—Luka 1:13-17; 3:2, 3; Dɔwɔwɔwo 19:4.

 Yesu ŋutɔ ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ. Susu bubu kura tae Yohanes Amenyrɔɖetsimela nyrɔ Yesu ɖo. Yesu nye ame deblibo eye mewɔ nu vɔ̃ aɖeke kpɔ o. (1 Petro 2:21, 22) Eya ta eƒe nyɔnyrɔxɔxɔa menye dzimetɔtrɔ ƒe dzesi alo “kukuɖeɖe na Mawu be wòana dzitsinya nyui nanɔ” ye si o. (1 Petro 3:21) Ke boŋ eɖee fia be etsɔ eɖokui na be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu abe ale si wogblɔe ɖi be Mesia la, si nye Kristo la, awɔ ene. Eye esia bia hã be wòatsɔ eƒe agbe asa vɔ ɖe mía ta.—Hebritɔwo 10:7-10.

 Gbɔgbɔ kɔkɔe tsɔtsɔ anyrɔ ame. Yohanes Amenyrɔɖetsimela kple Yesu Kristo siaa ƒo nu tso gbɔgbɔ kɔkɔ tsɔtsɔ anyrɔ ame ŋu. (Mateo 3:11; Luka 3:16; Dɔwɔwɔwo 1:1-5) Esia le vovo na amenyɔnyrɔ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me. (Mateo 28:19) Nu ka tae míegblɔe nenema?

 Yesu yomedzela aɖewo koe wotsɔa gbɔgbɔ kɔkɔea sia ami na. Wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na ame siawo elabena wotia wo be woayi dziƒo ava nye fiawo kple nunɔlawo akpe ɖe Kristo ŋu eye woaɖu anyigba dzi. f (1 Petro 1:3, 4; Nyaɖeɖefia 5:9, 10) Wo teviwo anye Yesu yomedzela miliɔn geɖe siwo si mɔkpɔkpɔ le be woanɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi.—Mateo 5:5; Luka 23:43.

 Amenyɔnyrɔ ɖe Kristo Yesu kpakple eƒe ku la me. Ne wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe nyrɔ ame aɖe la, ‘wonyrɔnɛ ɖe Kristo Yesu me’ hã. (Romatɔwo 6:3) Eya ta Yesu yomedzela amesiamina siwo aɖu fia kplii le dziƒo la ko ŋue nyɔnyrɔxɔxɔ sia ku ɖo. Ne wonyrɔ wo ɖe Yesu me la, wova zua eƒe amesiaminawo ƒe hame la me tɔwo. Yesu ye nye Ta, eye woawoe nye ametia.—1 Korintotɔwo 12:12, 13, 27; Kolosetɔwo 1:18.

 ‘Wonyrɔa’ Kristotɔ amesiaminawo ɖe Yesu ‘ƒe ku me’ hã. (Romatɔwo 6:3, 4) Abe ale si wònɔ le Yesu gome ene la, Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe nyea nu vevitɔ na wo le agbe me, ke menye nu si dze woa ŋutɔwo ŋu wɔwɔ o, eye enɔa nyanya na wo be menye anyigba dzie yewoanɔ agbe tegbee le o. Woƒe kpɔɖeŋunyɔnyrɔxɔxɔ sia wua enu ne woku eye wofɔ wo ɖe tsitre wova zu gbɔgbɔmenuwɔwɔwo le dziƒo.—Romatɔwo 6:5; 1 Korintotɔwo 15:42-44.

 Dzo tsɔtsɔ anyrɔ ame. Yohanes Amenyrɔɖetsimela gblɔ na eƒe nyaselawo be: “Eya [Yesu] atsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe kple dzo anyrɔ mi. Eƒe lugbɔnu le esi, akplɔ eƒe nukuƒoƒe keŋkeŋ, eye wòaƒo lu la nu ƒu ɖe eƒe nudzraɖoƒe, ke tsroa ya la, atɔ dzoe kple dzo si womatsi o.” (Mateo 3:11, 12) De dzesii be vovototo le dzo tsɔtsɔ anyrɔ ame kple gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔtsɔ anyrɔ ame dome. Kpɔɖeŋu sia si Yohanes wɔ la gɔme ɖe?

 Lua le tsitre ɖi na ame siwo ase Yesu ƒe nyawo ahawɔ wo dzi. Mɔnukpɔkpɔ asu wo si be woatsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe anyrɔ wo. Tsroa le tsitre ɖi na ame siwo maɖo to Yesu o. Woatsɔ dzo anyrɔ ame siawo ya, si fia be woatsrɔ̃ wo ɖikaa.—Mateo 3:7-12; Luka 3:16, 17.

a Le numekugbalẽ si nye Vine’s Complete Expository Dictionary of Old and New Testament Words ƒe nya nu la, Helagbe me nya si gɔme woɖe be “nyɔnyrɔxɔxɔ” fia be woanyrɔ nane ɖe tsi me wòabu eye wòagado.

b “Mawutsidede ta” nye wɔna aɖe si yia edzi le sɔleme aɖewo me. Le wɔnaa me la, wonaa ŋkɔ vidzĩ eye wokɔa tsi ɖe ta nɛ.

c Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:18) Kpɔ nyati si ƒe tanyae nye “Ame Kae Nye Yehowa?

d Kpɔ nyati si ƒe tanyae nye “Nu Kae Nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe La?

e Kpɔ nyati si ƒe tanyae nye “Ame Kae Nye Yohanes Amenyrɔɖetsimela?

f Kpɔ nyati si ƒe tanyae nye “Ame Kawoe Ayi Dziƒo?

g Le Biblia me la, wogazãa nye “nyɔnyrɔ ɖe tsi me” ne wole nu ƒom tso ale si wokɔa tsi ɖe nu siwo wozãna le tadedeagu me dzi tsɔ kɔa wo ŋui. (Marko 7:4; Hebritɔwo 9:10) Eme kɔ ƒãa be esia to vovo sãa na ameti bliboa nyɔnyrɔ ɖe tsi me abe ale si wònɔ le Yesu kple eyomedzelawo gome ene.