Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Nu Ka Tae Megblɔa Nya Siwo Mesɔ O Ɣesiaɣi?

Nu Ka Tae Megblɔa Nya Siwo Mesɔ O Ɣesiaɣi?

“Ɣeaɖewoɣi la, metea ŋu ɖua nye aɖe dzi, gake ɣebubuɣiwo la, edzena abe nyemebua nyawo ŋu hafi ƒoa nu o ene!”—James.

“Ne metsi dzodzodzoe la, meƒoa nu nuwo ŋu mabumabui, eye ne meɖe dzi ɖi la, meƒoa nu fũu akpa. Eya ta ne míagblɔe la, nya siwo mesɔ o koe megblɔna zi geɖe.”—Marie.

Biblia gblɔ be: “Aɖe la, . . . dzoe wònye” eye wògagblɔ hã be, “Dzo sue aɖe ko tea ŋu tɔa dzo ave gã!” (Yakobo 3:5, 6) Ðe wò nuƒoƒo nana nèkpɔa nya zi geɖea? Ne nenemae la, ke nyati sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò.

 Nu ka tae megblɔa nya siwo mesɔ o?

Blibomademade. Biblia gblɔ be: “Mí katã míedaa vo zi geɖe. Ne ame aɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, enye ame deblibo.” (Yakobo 3:2) Abe ale si ko blibomademade wɔnɛ be míetea ŋu klia nu ne míele zɔzɔm ene la, nenema kee wòtea ŋu nana míedaa vo le nuƒoƒo me hã.

“Esi nye susu kple nye aɖe siaa mede blibo o ta la, susu manɔ eme o be magblɔ be mate ŋu aɖu wo dzi bliboe o.”—Anna.

Nuƒoƒo fũu akpa. Biblia gblɔ be: “Dadaƒu megbea nuƒoƒo vivivo me o.” (Lododowo 10:19) Ne ame aɖe ƒoa nu fũu akpa evɔ meɖoa to nyuie o la, enɔa bɔbɔe be wòagblɔ nya siwo ana wòadze agɔ le ame bubuwo dzi.

“Menye ame siwo ƒoa nu wu le amewo dome lae nye ame siwo dze aɖaŋu wu kokoko o. Le ame siwo katã nɔ anyigba dzi kpɔ dome la, Yesu ye dze aɖaŋu wu, gake ɣeaɖewoɣi la, ezia ɖoɖoe.”—Julia.

Gbɔɖiamenyawo gbɔgblɔ. Biblia gblɔ be: “Nuƒoƒo eŋumabumabui le abe yitɔame ene.” (Lododowo 12:18) Nuƒoƒo eŋumabumabui ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye gbɔɖiamenyawo gbɔgblɔ—si fia be woagblɔ nya veame ɖe ame aɖe ŋu be woatsɔ adae ɖe anyi. Ame siwo ƒoa nu alea la ate ŋu aɖe wo ɖokuiwo nu kple nya sia be, “Fefem ko menɔ!” Gake menye nukonyae wònye be woagblɔ nya si ado ŋukpe ame o. Biblia gblɔ na mí be míaɖe ‘nya veame kple nu sia nu si gblẽa nu le ame ŋu la’ ɖa le mía dome.—Efesotɔwo 4:31.

“Le dzɔdzɔme nu la, melɔ̃a nya siwo ado nukokoe na ame la gbɔgblɔ, eye esia nana megblɔa gbɔɖiamenyawo, si wɔnɛ be mekpɔa nya zi geɖe.”—Oksana.

Ne nya aɖe nya do le nuwò ko la, edo xoxo, màgate ŋu agbugbɔe o, abe ale si ko màte ŋu agbugbɔ numeklɔtike ade eƒe goea me o ene

 Ale si nàmla wò aɖe

Ate ŋu asesẽ be nàsrɔ̃ ale si nàɖu wò aɖe dzi, gake Biblia ƒe mɔfiamewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Le kpɔɖeŋu me, bu mawunyakpukpui siwo gbɔna la ŋu kpɔ.

“Migblɔ miaƒe nya le dzi me, . . . eye mizi kpi kpoo.”—Psalmo 4:4.

Ɣeaɖewoɣi la, nu nyuitɔ si nàwɔe nye be nàzi ɖoɖoe. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Laura gblɔ be: “Ale si mese le ɖokuinye me esime medo dziku la ate ŋu atrɔ ne nye dzi va dze eme. Ne nye dzi dze eme la, edzɔa dzi nam be nyemegblɔ nya si meɖo be magblɔ hafi o.” Ðoɖoezizi sɛkɛnd ʋɛ aɖewo ko gɔ̃ hã ate ŋu ana be màgblɔ nya si mesɔ o.

“Ðe to medoa nya kpɔna, abe ale si aɖe ɖɔa nu kpɔna ene oa?”—Hiob 12:11.

Àte ŋu aƒo asa na kuxi geɖe ne ètsɔ nyabiase siwo gbɔna la do nya siwo nèbe yeagblɔ la kpɔ hafi ƒo nu:

  • Nyateƒe yea? Ðe wòanye ameŋububua? Ðe wòhiã kokoko be magblɔea?—Romatɔwo 14:19.

  • Aleke mase le ɖokuinye me ne nyee wogblɔ nya ma na?—Mateo 7:12.

  • Ðe wòafia be mede bubu ame kemɛa ƒe susu ŋua?—Romatɔwo 12:10.

  • Ðe wòsɔ be magblɔ nya sia le nɔnɔme sia mea?—Nyagblɔla 3:7.

“Mitsɔ ɖokuibɔbɔ bu ame bubuwo be wonye gã wu mi.”—Filipitɔwo 2:3.

Aɖaŋuɖoɖo sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàbu susu nyuiwo ɖe ame bubuwo ŋu, eye esia akpe ɖe ŋuwò be nàɖu wò aɖe dzi ahabu nuwo ŋu nyuie hafi aƒo nu. Ne nya veame aɖe ge le nuwò xoxo gɔ̃ hã la, ɖokuibɔbɔ akpe ɖe ŋuwò be nàɖe kuku, eye nàtso ɖe esia wɔwɔ ŋu kaba ale si wòanya wɔ! (Mateo 5:23, 24) Eyome nàdze agbagba geɖe wu be nàmla wò aɖe.

Ne nya aɖe nya do le nuwò ko la, edo xoxo, màgate ŋu agbugbɔe o, abe ale si ko màte ŋu agbugbɔ numeklɔtike ade eƒe goea me o ene