Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Nu Ka Tae Mesia Ðokuinye?

Nu Ka Tae Mesia Ðokuinye?

  Nu kae ameɖokuisisi nye?

Ameɖokuisisi nye eɖoɖo koŋ atsɔ lãnuwo anɔ nu vevi wɔm ame ɖokui. Esia nye nu vevi wɔwɔ ame ɖokui gbogbo siwo li la dometɔ ɖeka ko. Ðewoe nye dzotsɔtsɔ amè ame ɖokui kple ameɖokuiƒoƒo. Nyati sia ku ɖe ameɖokuisisi ŋu, gake mɔfiame siwo le eme ate ŋu akpe ɖe ame siwo wɔa nu vevi bubuwo wo ɖokuiwo hã ŋu.

Do wò sidzedze kpɔ: Nyateƒee alo aʋatsoe.

  1. Nyɔnuviwo koe sia wo ɖokuiwo.

  2. Ameɖokuisisi nye Biblia ƒe sedede si le 3 Mose 19:28 si gblɔ be: ‘Migasi mia ɖokuiwo o’ la dzi dada.

Ŋuɖoɖo nyuitɔwo:

  1. Aʋatsoe. Togbɔ be nyɔnuviwo koŋue sia wo ɖokuiwo hã la, ŋutsuvi aɖewo hã sia wo ɖokuiwo eye wowɔa nu vevi ƒomevi bubuwo hã wo ɖokuiwo.

  2. Aʋatsoe. Nya si 3 Mose 19:28 gblɔ la ku ɖe trɔ̃subɔla siwo nɔ anyi le blema ƒe kɔnuwo ŋu, ke menye nu vevi wɔwɔ ame ɖokui si ŋu míele nu ƒom tsoe le nyati sia me ŋu o. Ke hã susu le eme be míaƒo nya ta be mía Wɔla lɔ̃ame la medi be míawɔ nu vevi mía ɖokuiwo o.—1 Korintotɔwo 6:12; 2 Korintotɔwo 7:1; 1 Yohanes 4:8.

  Nu ka tae amewo wɔa nu sia?

Do wò sidzedze kpɔ: Nya siawo dometɔ kae nèsusu be enye ŋuɖoɖo nyuitɔ?

Amewo sia wo ɖokuiwo . . .

  1. be yewoatsi nuxaxa nu.

  2. be yewoawu yewo ɖokuiwo.

Ŋuɖoɖo nyuitɔ: A. Ame siwo sia wo ɖokuiwo ƒe akpa gãtɔ medina be yewoaku o. Ðeko wowɔnɛ be yewoatsɔ atsi nuxaxa nu.

Kpɔ nya siwo sɔhɛ siwo sia wo ɖokuiwo dometɔ aɖewo gblɔ ɖa.

Celia : “Enana nye dzi dzea eme.”

Tamara: “Ewɔna nam abe ɖe nuxaxa nu yi ene. Veve si ame sena ne ewɔ nu vevi eɖokui la nyo sãsãsã wu nuxaxa.”

Carrie: “Nyemedina be malé blanui kura o. Ne mesi ɖokuinyea, nye susu meganɔa nye blanuilélea dzi o, nye susu va nɔa abi si le veyem la boŋ dzi.”

Jerrine: “Ɣesiaɣi si mesi ɖokuinyea, nye susu dzona le kuxi ɖe sia ɖe kloe dzi, eye megahiãna be makpe akɔ kple nye kuxiwo o. Tɔtrɔ sia dzɔa dzi nam.”

  Ne kuxi sia le ŋuwò la, aleke nàwɔ atasii?

Gbedodoɖa na Yehowa nye nu vevi si kpena ɖe ame ŋu wòdzudzɔa nuwɔna sia. Biblia gblɔ be: ‘Midro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe eyama dzi, elabena eléa be na mi.’—1 Petro 5:7.

Aɖaŋuɖoɖo: Gbã la, do gbe kpui aɖe ɖa, ɖewohĩ nàgblɔ na Yehowa ko be, “Mehiã kpekpeɖeŋu.” Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ŋutete ava su asiwò nàgblɔ wò dzimenya geɖewo na “akɔfafa katã ƒe Mawu” la.—2 Korintotɔwo 1:3, 4.

Menye susumenu dzro aɖe si nana ame sena le eɖokui be yekpɔ gbɔdzɔe gbedodoɖa nye o. Enye dzeɖoɖo ŋutɔŋutɔ kple Fofowò si le dziƒo, ame si do ŋugbe be: “Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wò, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xɔname ƒe nuɖusi alé wò.”—Yesaya 41:10.

Ame siwo sia wo ɖokuiwo dometɔ geɖe kpɔ gbɔdzɔe esi woƒo nu tso woƒe kuxia ŋu na wo dzilawo alo ame tsitsi aɖe si dzi woka ɖo. Se nya siwo sɔhɛ siawo dometɔ etɔ̃ gblɔ la ɖa.

  Biabia Siwo Ŋu Nàde Nugble Le

  • Ne èdi be yeabia kpekpeɖeŋu la, ame kae nàdi be yeaƒo nu tso yeƒe kuxiawo ŋu na?

  • Nya kae nàte ŋu agblɔ tso kuxia ŋu ne èle gbe dom ɖa na Yehowa Mawu?

  • Àte ŋu ayɔ mɔnu eve aɖewo (siwo menye nu vevi wɔwɔ ame ɖokui o) siwo dzi nàto aɖu wò nuteɖeamedzi kple nuxaxaa dzia?