Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Ðe Xexea Dzɔ Le Eɖokui Sia?—Akpa 4: Aleke Maɖe Nu Si Tae Mexɔe Se Be Ðe Wowɔ Xexea La Me?

Ðe Xexea Dzɔ Le Eɖokui Sia?—Akpa 4: Aleke Maɖe Nu Si Tae Mexɔe Se Be Ðe Wowɔ Xexea La Me?

Èxɔe se be ɖe wowɔ xexea kple emenuwo, gake èvɔ̃na na nuƒoƒo tso wò dzixɔsewo ŋu na wò sukuhatiwo. Ðewohĩ wogblɔ le sukugbalẽ siwo miezãna le suku la me be ɖeko nuwɔwɔwo dzɔ le wo ɖokui si eye nèvɔ̃na be wò nufialawo kple sukuhatiwo ako ye. Aleke nàwɔ be dzi nanɔ ƒowò nàɖe nu si tae nèxɔe se be ɖe wowɔ xexea me nuwo la me na amewo?

 Àte ŋui!

 Ðewohĩ àgblɔ be: ‘Nye tagbɔ meɖa nenema gbegbe be mava yi nu me ɖe ge tso dzɔdzɔmeŋutinunya kple nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia ŋu o.’ Nenemae Danielle se le eɖokui me ɣeaɖeɣi. Egblɔ be: “Dzi menɔa ƒonye kura be maʋli nya kple nye nufiala kple nye sukuhatiwo o.” Diana hã gblɔ nya ma ke, “Metɔtɔna ne wòva hiã be maɖe nu me ku ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu.”

 Ke hã, menye ale si nàɖu dzi le nya la mee le vevie o. Eye mele be nànye tagbɔɖaɖɛtɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya gome hafi nàte ŋu aɖe nu si tae nèxɔe se be susu le eme be woagblɔ be ɖe wowɔ xexea me nuwo la me o.

 Kpekpeɖeŋu: Zã nya si me susu le si dze le Hebritɔwo 3:4 nàtsɔ aɖe nu mee. Afi ma gblɔ be: “Aƒe sia aƒe la, ame aɖee tsonɛ, gake ame si wɔ nuwo katã lae nye Mawu.”

 Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Carol zã Hebritɔwo 3:4 tsɔ de ŋugble kple ame aɖe ale: “Tsɔe be èle zɔzɔm le ave dodo aɖe me. Mèkpɔ ame ƒe nuwɔna aɖeke le afi ma o. Kaka nàkpɔ la, aɖutomeɖeti aɖee nye ema le anyigba. Aleke nàƒo nya tae? Ame akpa gãtɔ agblɔ be, ‘Ame aɖe va afi sia kpɔ.’ Ne aɖutomeɖeti si meɖi naneke o gɔ̃ hã te ŋu ɖo kpe edzi be amegbetɔ aɖe nɔ afi ma kpɔ la, ke ɖe xexe gbahoo sia kple emenuwo meɖo kpe edzi geɖe wu be ame aɖe si si nunya le lae wɔ wo oa!”

 Ne ame aɖe gblɔ be: “Ne nyateƒee wònye be Wɔla aɖee wɔ xexea la, ke ame kae wɔ Wɔla la ŋutɔ?”

 Àte ŋu aɖo eŋu be: “Mímate ŋu aƒo nya ta be Wɔlaa meli o le esi mímenya nu tso eŋu tsitotsito o ta o. Le kpɔɖeŋu me, anɔ eme be mènya ame si wɔ wò asitelefon la o, gake ɖe maxɔe ase be ame aɖe kokokoe wɔe oa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Nu geɖewo li míate ŋu asrɔ̃ tso Wɔlaa ŋu. Ne èdi be yeanya la, adzɔ dzi nam be magblɔ nu si mesrɔ̃ tso eŋu la na wò.”

 Dzra ɖo

 Biblia gblɔ na mí be “minɔ dzadzraɖoɖi ɣesiaɣi be miaʋli mɔkpɔkpɔ si le mia si la ta le ame sia ame si abia nya mi tso eŋu la ŋkume, gake mitsɔ tufafa kple bubu deto wɔ esiae.” (1 Petro 3:15) Eya ta, nu vevi eve siawo nenɔ susu me na wò​—nya si nàgblɔ kple ale si nàgblɔe.

  1.   Nya si nàgblɔ. Lɔlɔ̃ si le asiwò na Mawu ate ŋu aʋa wò nàƒo nu tso eŋu. Gake egbɔgblɔ na amewo be yelɔ̃ Mawu ɖeɖe dzaa mate ŋu ana woaka ɖe edzi be Mawu ye wɔ nuwo katã o. Anyo ŋutɔ ne èzã dzɔdzɔmenuwo tsɔ wɔ kpɔɖeŋuwo na wo ale be woakpɔe be susu le eme be yewoaxɔe ase be ɖe wowɔ xexemenuwo.

  2.   Ale si nàgblɔe. Dzi nenɔ ƒowò, gake mègado vlo amewo alo ada wo ɖe anyi o. Woate ŋu alɔ̃ aɖo to wò numeɖeɖewo ne mèdaa woƒe dzixɔsewo ɖe anyi o eye nèlɔ̃na ɖe edzi be gome le woawo ŋutɔ si be woatso nya me le nya siawo ŋu.

     “Mebui be ele vevie be míaƒo asa na vlododo amewo alo nye-koe-nyae wɔwɔ. Maɖe vi aɖeke ne míeƒoa nu na amewo gbedaɖeamegbɔtɔe o.”​—Elaine.

 Nu siwo akpe ɖe ŋuwò nàɖe wò dzixɔsewo me

Ne míedzra ɖo ɖe míaƒe dzixɔsewo ta ʋiʋli ŋu la, ɖeko wòle abe ale si míadzra ɖo ɖe yame ƒe nɔnɔme ƒe tɔtrɔ ɖe sia ɖe ŋu ene

 Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Alicia gblɔ be: “Ne míedzra ɖo o la, míedina be míazi ɖoɖoe ale be míagado ŋukpe mía ɖokui o.” Abe ale si Alicia gblɔe ene la, dzadzraɖo le vevie hafi míate ŋu akpɔ dzidzedze. Jenna gblɔ be, “Ne medzra ɖo ɖe kpɔɖeŋu nyui aɖe ŋu do ŋgɔ be matsɔ aɖo kpe nye nyawo dzi la, dzi nɔa ƒonye be maɖe nu me na amewo tso xexea me wɔwɔ ŋu.”

 Afi kae nàte ŋu akpɔ kpɔɖeŋu siawo le? Sɔhɛ geɖe te ŋu kpɔ dzidzedze esi wozã video kple agbalẽ siwo gbɔna:

 Anyo hã be nàgbugbɔ axlẽ tanya sia si nye “Ðe Xexea Dzɔ Le Eɖokui Sia?” ƒe nyati siwo do ŋgɔ.

  1.  Akpa 1: Nu Ka Tae Wòle Be Nàxɔ Mawu Dzi Ase?

  2.  Akpa 2: Nu Ka Tae Mele Be Nàxɔ Nɔnɔmetɔtrɔ Ƒe Nufiafia Dzi Ase O?

  3.  Akpa 3: Nu Ka Tae Nàxɔe Ase Be Ðe Wowɔ Xexea?

 Kpekpeɖeŋu: Tia kpɔɖeŋu siwo na wò ŋutɔ nèka ɖe edzi be ɖe wowɔ xexea kple emenuwo. Anɔ bɔbɔe na wò be nàɖo ŋku wo dzi agblɔ kple kakaɖedzi geɖe wu. Wò ŋutɔ nɔ ale si nàɖe wò dzixɔsewo me na amewo la wɔm le ɖokuiwò si.