Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Viɖe Kae Makpɔ Tso Biblia Xexlẽ Me?—Akpa 1: Ale Si Nàxlẽ Wò Bibliae

Viɖe Kae Makpɔ Tso Biblia Xexlẽ Me?—Akpa 1: Ale Si Nàxlẽ Wò Bibliae

 “Mete kpɔ be maxlẽ Biblia, gake dzi va ɖe le ƒonye le ale si gbegbe emenyawo sɔ gbɔe ta!”—Briana, exɔ ƒe 15.

 Ðe nèsena le ɖokuiwò me nenema? Nyati sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò!

 Nu ka tae wòle be nàxlẽ Biblia?

 Ðe wòwɔna na wò be Biblia xexlẽ mado dzidzɔ na ye oa? Ne nenemae la, ekema gɔmesese le eŋu. Anɔ eme be èkpɔa Biblia be enye agbalẽ si me axa akpe nanewo le, nuŋɔŋlɔ siwo le eme la le suesuesue, nɔnɔmetata aɖeke hã mele eme o, eye ewɔna na wò be television kple filmwo kpɔkpɔ avivi ye nu wu!

 Gake bu eŋu kpɔ ko: Tsɔe be èva ke ɖe aɖaka gã xoxo aɖe si me kesinɔnu xɔasiwo le la ŋu, ɖe màdi be yeanya nu siwo le eme oa?

 Biblia le abe aɖaka ma si me kesinɔnuwo le la ene. Nya siwo me nunya le siwo míate ŋu atsɔ asɔ kple kesinɔnu xɔasiwo la sɔ gbɔ ɖe eme, eye woate ŋu akpe ɖe ŋuwò be

  •   Nàtso nya me nyuie

  •   Ƒomedodo nyui nanɔ wò kple dziwòlawo dome

  •   Nàdze xɔlɔ̃ vavãwo

  •   Nànya nu si nàwɔ ne agbemenyawo na nu te ŋuwò

 Nu ka gbɔe wòtso be agbalẽ xoxo ma tea ŋu ɖea vi nenema gbegbe egbea? Nu si gbɔ esia tsoe nye be, “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me.” (2 Timoteo 3:16) Nu si esia fiae nye be, aɖaŋuɖoɖo siwo le Biblia me la tso Ame si nye nunyala gãtɔ kekeake la gbɔ.

Nunya xɔasi geɖe le Biblia me, ele abe aɖaka si me kesinɔnu xɔasiwo le ene

 Aleke wòle be maxlẽ Bibliae?

 Mɔ ɖekae nye be nàxlẽe tso eƒe gɔmedzedze va se ɖe eƒe nuwuwu. Esia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nu si ŋu Biblia bliboa ku ɖo. Mɔ vovovowo li siwo dzi nàte ŋu ato axlẽ Biblia. Wo dometɔ eve aɖewoe nye esiawo:

  •    Àte ŋu axlẽ Biblia gbalẽ 66-awo le ɖoɖo si nu wodze le le Biblia me la nu, tso Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ dzi va se ɖe Nyaɖeɖefia.

  •    Àte ŋu axlẽ Biblia le ɖoɖo si nu nudzɔdzɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe le eme la dzɔ le la nu.

 Kpekpeɖeŋu: Le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ƒe Megbenyawo A7 lia la, àkpɔ be woɖo nudzɔdzɔ ɖedzesi siwo yi edzi le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi la ɖe ɖoɖo si nu wodzɔ le la nu.

 Mɔ evelia si nu nàte ŋu axlẽ Biblia le ye nye be nàxlẽ nu tso ŋutinya aɖe si wɔ ɖeka kple nɔnɔme sesẽ aɖe si me tom nèle la ŋu. Le kpɔɖeŋu me:

 Kpekpeɖeŋu: Ne èle Biblia xlẽm la, kpɔ egbɔ be èle afi si ɖoɖoezizi le ale be wò susu nate ŋu anɔ nu si xlẽm nèle ŋu.

 Mɔ etɔ̃lia si nu nàte nu axlẽ Biblia lee nye be nàtia ŋutinya alo psalmo aɖe axlẽ, eyome nàde ŋugble le ale si wòate ŋu aɖe vi na wòe ŋu. Ne èxlẽe vɔ la, bia nyawo abe esiawo ene ɖokuiwò:

  •    Nu ka tae Yehowa na woŋlɔ nya sia ɖe Biblia me?

  •    Nu kae esia fiam tso Ame si Yehowa nye alo ale si wòwɔa nui ŋu?

  •    Aleke màte ŋu awɔ nya sia dzi le nye agbe me?

 Kpekpeɖeŋu: Ðo taɖodzinu aɖe na ɖokuiwò! Ŋlɔ ɣletiŋkeke si dzi nàdi be yeadze yeƒe Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖoa gɔme la ɖi.