Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Nu Kae Wòle Be Manya Tso Foto Dada Ðe Internet Dzi Hahoo Kadoƒewo Ŋu?

Nu Kae Wòle Be Manya Tso Foto Dada Ðe Internet Dzi Hahoo Kadoƒewo Ŋu?

Èyi mɔkeke vɛ le agbe ɖum eye nèdi be xɔ̃wòwo nanya nu tso eŋu! Gake aleke nàwɔe?

  1. (1) Ðe nàŋlɔ agbalẽ ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe to posu dzia?

  2. (2) Ðe nàŋlɔ e-mail na xɔ̃wòwo katã?

  3. (3) Ðe nàda fotowo ɖe Internet dzi hahoo kadoƒewo be woakpɔa?

Esime tɔgbuiwòwo kple mamawòwo nɔ abe wò ene la, anɔ eme be mɔnu gbãtɔ koe li woate ŋu azã.

Esime dziwòlawo nɔ abe wò ene la, ɖewohĩ mɔnu evelia ye woazã.

Egbea, sɔhɛ geɖe siwo woɖe mɔ na be woada woƒe fotowo ɖe Internet dzi la atia mɔnu etɔ̃lia. Nenemae wòle le gowòmea? Ne nenemae la, ke nyati sia akpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na afɔku aɖewo siwo le ezazã me.

 Viɖe kawoe le ezazã me?

Etsɔna wu. “Ne mezɔ mɔ aɖe si mese vivi na ŋutɔ alo nye kple xɔ̃nyewo míekpɔ dzidzɔ ɖekae la, mate ŋu ada eŋuti fotowo ɖe Internet dzi esime dzi gakpɔtɔ le dzɔyem.”—Melanie.

Ele bɔbɔe wu. “Ele bɔbɔe nam be makpɔ foto yeye siwo xɔ̃nyewo da ɖe Internet dzi ale be manya nu si le edzi yim tsɔ wu be maŋlɔ e-mail na wo.”—Jordan.

Ate ŋu ana nànɔ kadodo me kple wò ame nyanyɛwo. “Ƒonyemetɔwo kple xɔ̃nye aɖewo le didiƒe tso gbɔnye. Ne wodaa fotowo ɖi edziedzi eye nye hã mekpɔa wo edziedzi la, ɖeko wòle abe ɖe mele ame siawo kpɔm gbe sia gbe ene!”—Karen.

 Afɔku kawoe le eme?

Ate ŋu agblẽ nu le wò dedienɔnɔ ŋu. Ne mɔ̃ si nètsɔ ɖea foto la dea dzesi teƒe si nèɖee le la, ate ŋu aɖe nu geɖe afia le ŋuwò wu ale si nèsusui. Nyatakakadzraɖoƒe si nye Digital Trends ka nya ta be: “Ne èda foto kple video siwo ate ŋu ana amewo nanya afi si woɖee le ɖe Internet dzi la, ame ƒomevi ɖe sia ɖe si ɖo tame vɔ̃ si si kɔmpiuta dzi dɔwɔnu deŋgɔwo le la ate ŋu anya afi si nèle.”

Ke hã, nya lae nye be, nu si koŋ nu vlo wɔla aɖewo adi be yewoanya ye nye teƒe si mèle o. Le nyatakaka aɖe si Digital Trends na me la, wogblɔ be adzogli etɔ̃ ge ɖe aƒe 18 sɔŋ me hefi nuwo esime ame aɖeke menɔ aƒeawo me o. Aleke wowɔ nya be ame aɖeke manɔ aƒeawo me ɣemaɣi o? Woyi Internet dzi heto mɔnu aɖe dzi ɖia aƒea me nɔlawo hede dzesii be womenɔ aƒeawo me o, eye woyi ɖafi nunɔamesi siwo ƒe home wu Amerika dɔlar 100,000.

Àte ŋu ava ke ɖe foto siwo mesɔ kura o ŋu. Mekpea ŋu na ame aɖewo be yewoada nu ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe Internet dzi be ame sia ame nakpɔ o. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Sara gblɔ be: “Afi si kuxia le ye nye ne èva le ŋku kem ɖe ame siwo mènya o ƒe fotowo me le woƒe fotodaɖoƒe. Ðeko wòle abe èle tsatsam le du aɖe si mènya o me evɔ mɔfianu aɖeke mele asiwò o ene. Anɔ bɔbɔe ŋutɔ be nàva do ɖe teƒe aɖe si mèɖoe be yeayi hafi o.”

Ate ŋu agblẽ ɣeyiɣi na wò. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Yolanda gblɔ be: “Ele bɔbɔe ŋutɔ be nàva vu ɖe foto yeye siwo amewo da ɖi la kpɔkpɔ kple nya siwo ame sia ame ŋlɔ tso wo ŋu la xexlẽ ŋu. Ne mèɖɔ ŋu ɖo o la, ava ɖo ɣeyiɣi aɖe si nànɔ wò asitelefon dzi kpɔm enuenu be yeakpɔ ɖa be nu yeye kae gava hã.”

Ele be nànye ame si ɖua ɖokuiwò dzi ne fotodaɖoƒe le asiwò le Internet dzi

Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Samantha hã lɔ̃ ɖe nya ma dzi. Egblɔ be: “Eva hiã be maɖo seɖoƒe na ɣeyiɣi si mezãna ɖe Internet dzi hahoo kadoƒeawo ŋu. Ele be nànye ame si ɖua ɖokuiwò dzi ne fotodaɖoƒe anɔ asiwò le Internet dzi.”

 Nu si nàte ŋu awɔ

  • Ðoe kplikpaa nàƒo asa na foto siwo mesɔ be nàkpɔ o. Biblia gblɔ be: “Nyematsɔ nu maɖevi aɖeke aɖo ŋkunyeme o.”—Psalmo 101:3.

    “Enuenu la, mekpɔa nu yeye siwo ame siwo medoa ka kple la da ɖe woƒe fotodaɖoƒe, eye ne mekpɔe be nu siwo wodana ɖe afi ma menyo o la, metsoa kadodoa me kpli wo.”—Steven.

  • Ƒo asa na kadodo kple ame siwo ƒe susu le agbe nyui nɔnɔ ŋu mewɔ ɖeka kple tɔwò o, elabe woate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe ale si nèɖoe be yeanɔ agbe nyui la dzi. Biblia gblɔ be: “Migana woaflu mi o. Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.”—1 Korintotɔwo 15:33.

    “Mèganɔ ame siwo xɔ ŋkɔ la ƒe fotodaɖoƒewo yim le esi woxɔ ŋkɔ ta ko o. Zi geɖe la, afi mae nàke ɖe nya ƒaƒãwo, amamaɖenuwo kple nu manyomanyo bubuwo ŋu le.”—Jessica.

  • Ðo seɖoƒe na ɣeyiɣi si nàzã atsɔ nɔ fotowo me tsam le Internet dzi kple zi gbɔ zi ale si nànɔ fotowo dam ɖe edzi. Biblia gblɔ be: “Mikpɔ nyuie be ale si miezɔna la naganye abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, eye miwɔ miaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu.”—Efesotɔwo 5:15, 16.

    “Medzudzɔ kadodo kple ame aɖewo siwo daa nuwo ɖe woƒe fotodaɖoƒewo atraɖii. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖe ate ŋu ayi ƒuta eye wòaɖe foto ƒumebɔbɔgo ɖeka ma ke zi gbɔ zi 20 atsɔ ada ɖe eƒe fotodaɖoƒe. Egɔme ɖe? Enye ɣeyiɣi gbegblẽ be nànɔ foto mawo katã kpɔm.”—Rebekah.

  • Kpɔ egbɔ be foto siwo nàda ɖe wò fotodaɖoƒea nagahe susu ava ɖokuiwò dzi akpa o. Biblia ŋlɔla si ŋkɔe nye Paulo gblɔ be: “Mele egblɔm na mia dometɔ ɖe sia ɖe be wòagabu eɖokui ŋu wu ale si dze o.” (Romatɔwo 12:3) Mègasusui be wò ŋutɔ ɖokuiwò kple nu siwo nèwɔ ŋuti fotowo awɔ dɔ ɖe xɔ̃wòwo dzi o.

    “Ame aɖewo ɖea foto wo ɖokuiwo atraɖii dana ɖe woƒe fotodaɖoƒewo. Ne xɔlɔ̃woe míenye la, menya wò dzedzeme nyuie—mehiã be nànɔ ŋku ɖom edzi nam enuenu o!”—Allison.