Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Aleke Mawɔ Aɖu Dzimaɖitsitsi Dzi?

Aleke Mawɔ Aɖu Dzimaɖitsitsi Dzi?

 Nu kae nana nètsia dzimaɖi?

Ðe nya siwo gbɔna sɔ kple ale si nèsena le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣia?

“Mebiaa ɖokuinye ɣesiaɣi be: ‘Ke ne . . . ?’ ‘Ke ne míedze ʋufɔku ɖe?’ ‘Ke ne míaƒe yameʋua ge ɖe?’ Metsia dzimaɖi le nu siwo ŋu ame akpa gãtɔ matsi dzi ɖo boo o la ŋu.”​—⁠Charles.

“Metsia dzodzodzoe ɣeawokatãɣi, ɖeko wòle abe kusie metsɔ le tɔme dem ene. Metsɔ ta ƒo ati kple kpe, gake gbeɖegbeɖea koe!”​—⁠Anna.

“Ne amewo gblɔ nam be gbɔnye nyo ŋutɔ be megakpɔtɔ le suku dem la, megblɔna na ɖokuinye be, ‘Womenya ale si gbegbe sukudede tim o tae!’”​—⁠Daniel.

“Ewɔna nam ɣesiaɣi be agba kpekpe aɖe le ta nam. Metsia dzodzodzoe ɖe nu si agadzɔ kplɔe ɖo alo nu bubu si wògahiã be mawɔ la ŋu ɣesiaɣi.”​—⁠Laura.

Nyateƒenya: Míele ɣeyiɣi siwo Biblia yɔ be “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ” la me. (2 Timoteo 3:1) Le ema ta sɔhɛwo hã ate ŋu atsi dzimaɖi abe ame tsitsiwo ke ene.

 Ðe wògblẽ ɣesiaɣi be woatsi dzimaɖia?

Ŋuɖoɖoae nye, ao. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be esɔ be míatsi dzi ɖe ale si míawɔ adze míaƒe ame veviwo ŋu la ŋuti.​—⁠1 Korintotɔwo 7:32-34; 2 Korintotɔwo 11:28.

Eye le go bubu me hã la, dzimaɖitsitsi tea ŋu ʋãa ame wòtsona ɖe dɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be èle dodokpɔ aɖe wɔ ge le kwasiɖa si gbɔna me. Dzimaɖitsitsi ate ŋu aʋã wò nàsrɔ̃ nu le kwasiɖa sia me​—⁠eye esia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ dɔ nyuie le dodokpɔa me!

Dzimaɖitsitsi aɖe si nu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ ŋudzɔ ɖe afɔku ŋu. Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Serena gblɔ be: “Àte ŋu atsi dzimaɖi vevie, elabena ènyae be nu si wɔ ge yeyina la menyo o eye ehiã be yeatrɔ ale be yeƒe dzitsinya magaɖe fu na ye o.​—⁠Tsɔe sɔ kple Yakobo 5:14.

Nyateƒenya: Dzimaɖitsitsi ate ŋu aɖe vi na ​—⁠ne eʋã wò nèwɔ nu nyui.

Gake ne dzimaɖitsitsi na be nu madeamedziwo ŋu ko nèbuna ya ɖe?

Dzimaɖitsitsi ate ŋu ana nàse le ɖokuiwò me abe ame si bu mɔ ene, gake ame aɖe si bua nuwo ŋu nyuie ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖu kuxi sia dzi

Kpɔɖeŋu: Richard si xɔ ƒe 19 la gblɔ be: “Metsia dzodzodzoe ne mebu ale si nɔnɔme madeamedziwo ate ŋu anyra ɖe edzi la ŋu. Menɔa nɔnɔmea ŋu bum ʋuu kaka ɖeko wònana meva tsia dzimaɖi vevie.”

Biblia gblɔ be: “Dzi fatu naa agbe ametia.” (Lododowo 14:30) Le go aɖewo me la, dzimaɖitsitsi ate ŋu ahe lãmesẽkuxiwo ava ame dzi. Lãmesẽkuxi siawo dometɔ aɖewo ate ŋu anye taɖuame, motrɔame, dɔmeɖui kple dzi ƒe tsotso kabakaba.

Nu kae nàte ŋu awɔ ne edze abe dzimaɖitsitsi le nu gblẽm le ŋuwò ene?

 Nu si nàte ŋu awɔ

  • Bu eŋu kpɔ nenye be wò dzimaɖitsitsia sɔ mahã. “Esɔ be ame natsi dzi ɖe eƒe dɔwo ŋu ya, gake dzimaɖitsitsi fũu menyo o. Dzimaɖitsitsi ɖoa ŋku nya si amewo gblɔna be, Ðeko dzimaɖitsitsi le abe zikpui si trona le teƒe ɖeka la dzi nɔnɔ ene, dzi nam. Ana nàtsi dzodzodzoe gake maɖe vi aɖeke na wò o.”​—⁠Katherine.

    Biblia gblɔ be: “Mia dometɔ kae li, si ne ele dzimaɖi tsim la, wòate ŋu atsɔ abɔklugui ɖeka akpe ɖe eƒe agbenɔƒe ŋu?”​—Mateo 6:27.

    Nu si nya sia fia: Ne dzimaɖitsitsi mena nèkpɔ ta na wò kuxiwo o la, ke ɖeko wòana wò kuxiwo nado gã ɖe edzi alo eya ŋutɔ hã nazu kuxi na wò.

  • Tsi dzi ɖe ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe kuxiwo ko ŋu. “Bu nuwo ŋu nyuie. Ðe nu si ŋu nètsi dzi ɖo la aganɔ vevie na wò nenema le etsɔ si gbɔna, ɣleti si gbɔna, ƒe si gbɔna alo ƒe atɔ̃ siwo gbɔna mea?”​—⁠Anthony.

    Biblia gblɔ be: “Migatsi dzimaɖi gbeɖe le etsɔ si gbɔna ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la kple eya ŋutɔ ƒe dzimaɖitsitsiwoe. Ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe kuxiwo sɔ gbɔ nɛ.”​—Mateo 6:34.

    Nu si nya sia fia: Masɔ be nàtsɔ etsɔ si gbɔna la ƒe kuxiwo ado agba na ɖokuiwò egbea o; ɖewohĩ nu siawo dometɔ aɖewo kura gɔ̃ hã madzɔ o.

  • Srɔ̃ ale si nànɔ te ɖe nɔnɔme siwo ŋu màte ŋu awɔ naneke le o la nu. “Nu nyuitɔ si nàte ŋu awɔe nye be nàdzra ɖo ɖe nɔnɔmeawo ŋu do ŋgɔ ale si wòanya wɔe, gake lɔ̃ ɖe edzi be nanewo li siwo ŋu yemate ŋu awɔ naneke le o.”​—⁠Robert.

    Biblia gblɔ be: “Dziɖuɖu le duɖimekeke me mele afɔ ɖeablɛ me ɣesiaɣi o, . . . eye dzidzedzekpɔkpɔ mele sidzedze me ɣesiaɣi o, elabena azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.”​—Nyagblɔla 9:11.

    Nu si nya sia fia: Ɣeaɖewoɣi la, màte ŋu atrɔ nɔnɔme si me nèle la o, gake àte ŋu atrɔ ale si nèbua nɔnɔmea ya.

  • Da sɔ le ale si nèbua wò nɔnɔmea me. “Meva de dzesii be ele be mabu nɔnɔme bliboa ŋu ke menye be maɖe mɔ nu suesue siwo ku ɖe eŋu la nana matsi dzimaɖi o. Ele be manya nu siwo hiã vevie wu, eye mazã nye ŋusẽ ɖe nu siawo boŋ ŋu.”​—⁠Alexis.

    Biblia gblɔ be: ‘Mikpɔ nu siwo le vevie wu la adze sii.’​—Filipitɔwo 1:10.

    Nu si nya sia fia: Menɔa bɔbɔe be dzimaɖitsitsi naɖu ame siwo si susu nyui nɔna ku ɖe woƒe dzimaɖitsitsiwo ŋu la dzi o.

  • Ƒo nu tso eŋu na ame aɖe. “Esi mexɔ abe ƒe wuiɖekɛ ene la, metsia dzi vevie hafi gbɔna tso suku, eye menɔa vɔvɔ̃m le ale si nuwo anɔ le suku le ŋufɔke la ŋu. Papa kple dada ɖoa tom vevie ne mele nye dzimenyawo gblɔm na wo. Dzi dzɔm ŋutɔ be papa kple dada li nam. Mate ŋu aka ɖe wo dzi ahagblɔ nye dzimenyawo na wo faa. Enana menɔa te ɖe ŋkeke si kplɔe ɖo la ƒe nɔnɔmewo nu.”​—⁠Marilyn.

    Biblia gblɔ be: “Nuxaxa le dzi me ɖe wòtea ame ƒe dzi ɖe anyi, ke nya nyui nana dzi kpɔa dzidzɔ.”​—Lododowo 12:25.

    Nu si nya sia fia: Dziwòla alo xɔ̃wò aɖe ate ŋu aɖo aɖaŋu siwo akpe ɖe ŋuwò be wò dzimaɖitsitsiwo dzi naɖe akpɔtɔ la na wò.

  • Do gbe ɖa. “Ne mekɔ gbe dzi do gbe ɖa eye nye ŋutɔ mele nye gbe sem la, ekpena ɖe ŋunye. Enana meɖea nu si ŋu metsi dzimaɖi ɖo la gblɔna le esi wòanɔ susu me nam teƒe. Enana mekpɔnɛ hã be Yehowa lolo wu nye dzimaɖitsitsiwo.”​—⁠Laura.

    Biblia gblɔ be: ‘Midro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe Mawu dzi, elabena eléa be na mi.’​—1 Petro 5:7.

    Nu si nya sia fia: Menye mɔ si dzi nàto akpɔ wò kuxiwo gbɔ koe gbedodoɖa nye o. Enye dzeɖoɖo ŋutɔŋutɔ kple Yehowa Mawu si do ŋugbe be: “Mègatsi dzi o, elabena nyee nye wò Mawu. Mado ŋusẽ wò; makpe ɖe ŋuwò.”​—Yesaya 41:10.