Filipitɔwo 2:1-30

  • Kristotɔ ƒe ɖokuibɔbɔ (1-4)

  • Kristo ƒe ɖokuibɔbɔ kple edodoɖedzi (5-11)

  • Miwɔ miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti dɔ (12-18)

    • Keklẽm abe akaɖiwo ene (15)

  • Timoteo kple Epafrodito dɔdɔ (19-30)

2  Eya ta ne dzideƒoname aɖe li le Kristo me, ne akɔfafa na ame lɔlɔ̃tɔe aɖe li, ne gbɔgbɔmehadede* aɖe li, ne lɔlɔ̃ kple dɔmetɔtrɔ li la,  mina nye dzidzɔ la nagba go to esia me be, susu ɖeka kple lɔlɔ̃ ɖekae le mia si, miewɔ ɖeka,* eye tamesusu ɖeka le mia si.+  Migawɔ naneke le dzrehehe+ alo bubu dzodzro didi+ ta o, ke boŋ mitsɔ ɖokuibɔbɔ bu ame bubuwo be wonye gã wu mi,+  ale be miaganɔ miawo ŋutɔ miaƒe nyonyo ko dim o,+ ke miadi ame bubuwo hã ƒe nyonyo.+  Mina tamesusu ƒe nɔnɔme sia si nɔ Kristo Yesu me la nanɔ miawo hã mia me,+  ame si togbɔ be enɔ Mawu ƒe nɔnɔme me hã la,+ mebui kpɔ be yeaʋli ɖoƒe be ye kple Mawu yewoasɔ o.+  Ao, ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui, eye wòtsɔ kluvi ƒe nɔnɔme+ heva zu amegbetɔ.+  Azɔ hã, esi wòva abe amegbetɔ ene* la, ebɔbɔ eɖokui, eye wòɖo to yi ɖase keke ku me ke,+ ɛ̃, yi ɖase ku me le fuwɔameti* ŋu.+  Esia tututu tae Mawu doe ɖe dzi wòle ɖoƒe si kɔ wu,+ eye wòlɔ̃ faa tsɔ ŋkɔ si ƒo ŋkɔ bubuwo katã ta la nɛ,+ 10  ale be ame siwo le dziƒo kple ame siwo le anyigba dzi kpakple ame siwo le anyigba te la,+ nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ me, 11  eye aɖe sia aɖe naʋu eme be Yesu Kristoe nye Aƒetɔ+ la, hena Mawu Fofo la ƒe kafukafu. 12  Eya ta nye lɔlɔ̃tɔwo, ale si mieɖoa to ɣesiaɣi, menye le nye anyinɔɣi ɖeɖe ko o, ke boŋ geɖe wu azɔ esi nyemele mia gbɔ o la, miyi edzi miatsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya anɔ miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti dɔ la wɔm. 13  Elabena Mawue nye ame si doa ŋusẽ mi, eye wònaa didia kple ŋusẽ la mi be miawɔ nu si dzea eŋu. 14  Miyi edzi miawɔ nuwo katã liʋiliʋĩlilĩ+ kple nyaʋiʋli+ manɔmee, 15  ale be miazu ame dzadzɛwo kple fɔmaɖilawo, Mawu ƒe vi+ siwo nye mokakamanɔŋutɔwo le dzidzime gɔglɔ̃ totro kpaɖikpaɖi titina,+ ame siwo dome miele keklẽm le abe akaɖiwo ene le xexea me,+ 16  esi mielé agbenya la me ɖe asi goŋgoŋ.+ Ale be makpɔ susu si ta matso aseye ɖo le Kristo ƒe ŋkeke la dzi, ne manyae be nyemeƒu du dzodzro alo wɔ dɔ sesĩe dzodzro o. 17  Gake ne wotrɔm le kɔkɔm ɖi abe nunovɔsa+ ene ɖe vɔsa+ la kple subɔsubɔdɔ kɔkɔe* si gbɔ miaƒe xɔse kplɔ mi vɛ la dzi hã la, dzi le dzɔyem, eye mele dzidzɔ kpɔm kpli mi katã. 18  Nenema kee miawo hã dzi nedzɔ mi, eye mitso aseye kplim. 19  Ke mele mɔ kpɔm le Aƒetɔ Yesu me be madɔ Timoteo+ ɖo ɖe mi kpuie, ale be ne mese mia gbɔ nyawo la, dzi naɖo ƒonye. 20  Elabena ame aɖeke mele asinye si ƒe nɔnɔme de etɔ nu, si akpɔ miaƒe nyawo gbɔ ale si dze o. 21  Elabena ame susɔeawo katã la, woawo ŋutɔwo tɔ ko dim wole, menye Yesu Kristo tɔ o. 22  Ke mienya ale si wòɖee fia be yedze, eye abe vi+ kple tɔ ene la, nenema wòsubɔ kplim abe kluvi ene le nya nyui la dodo ɖe ŋgɔ me. 23  Eya ta eyae mele mɔ kpɔm be madɔ ɖa, ne menya kpɔ ale si nuwo anɔ nam ko. 24  Ɛ̃, meka ɖe edzi be ne enye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu la, nye ŋutɔ hã mava kpuie.+ 25  Gake fifia la, mekpɔe be ehiã be madɔ nɔvinye Epafrodito, nye hadɔwɔla kple hatisrafo, si nye miaƒe ame dɔdɔ si va kpɔ nye hiahiãwo gbɔ la ɖe mi,+ 26  elabena ele edzrom vevie be yeakpɔ mi katã, eye wòlé blanui be miese be yeva dze dɔ. 27  Nyateƒee, edze dɔ de kuku ge kloe; ke Mawu kpɔ nublanui nɛ, le nyateƒe me la, menye na eya ɖeɖe ko o, ke na nye hã, ale be nuxaxa nagakpe nuxaxa nam o. 28  Eya ta mele eɖom ɖe mi kaba, ale be ne miekpɔe la, dzi nagadzɔ mi ake, ale be nye hã maɖe dzi ɖi. 29  Eya ta mixɔe abe ale si miewɔna ɖaa ene le Aƒetɔ la me kple dzidzɔ blibo, eye miyi edzi miade bubu ame siawo ƒomevi ŋu vevie,+ 30  elabena Kristo* ƒe dɔwɔwɔ tae wòde kuku ge kloe ɖo, eye wòtsɔ eƒe agbe* de afɔku me, be wòaxɔ ɖe mia teƒe le afi sia asubɔm.+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ɖetsɔtsɔ le ame nɔewo me ƒe gbɔgbɔ.”
Alo, “miewɔ ɖeka le luʋɔ me.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “esi wokpɔe le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me.”
Alo, “dutoƒosubɔsubɔdɔ.”
Agate ŋu afia, “Aƒetɔ la.”
Alo, “luʋɔ.”