Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Nu Ka Tae Wòle Be Nàtsri Film-memewo Sɔsrɔ̃?​—Akpa 1: Na Nyɔnuviwo

Nu Ka Tae Wòle Be Nàtsri Film-memewo Sɔsrɔ̃?​—Akpa 1: Na Nyɔnuviwo

Nu kae film-memewo sɔsrɔ̃ lɔ ɖe eme?

 Lé ŋku ɖe nya siawo ŋu, eye nàɖo nyabiase siwo gbɔna ŋu.

Akpa Gbãtɔ

Akpa Evelia

Ame maɖotawo

Ame ɖotawo

Aglãdzelawo

Sedziwɔlawo

Agbe baɖa nɔlawo

Agbe dzadzɛ nɔlawo

Ame mabutamewo

Ame butamewo

Apasatɔwo

Ame ɖɔŋuɖowo

Ameflulawo

Nyateƒetolawo

  1. Nya siawo dometɔ kawoe sɔ kple nyɔnuvi siwo dzena le filmwo, televisionwo dzi kple magazinewo me?

  2. Nya siawo dometɔ kae nàdi be woagblɔ tso ye ŋu?

Anɔ eme be àyɔ nɔnɔme siwo dze le akpa gbãtɔ la atsɔ aɖo nyabiase gbãtɔa ŋu eye àyɔ nɔnɔme siwo dze le akpa evelia atsɔ aɖo nyabiase evelia ŋu. Ne nenemae la, ke efia be èdi be yeƒe nɔnɔme naɖɔ ʋu wu sɔhɛ akpa gãtɔ siwo woɖena fiana le filmwo me la ƒe nɔnɔme, eye menye wò ɖeka koe dinae alea o! Bu nu si tae la ŋu kpɔ.

“Nyɔnuvi siwo woɖena fiana le filmwo me nyea nyɔnuvi dzeaglã siwo si agbe aɖeke mele o. Ðeko esia nana wòwɔna na amewo be mí nyɔnuviwo katã míenye ame maɖianukwarewo, ame siwo dina vevie be amewo nakpɔ yewo kple apasatɔwo.”​—Erin.

“Nyɔnuvi siwo woɖena fiana le filmwo me kple televisionwo dzi la dina vevie be amewo nakpɔ yewo, wotsia dzi ɖe woƒe dzedzeme, awudodo, ŋkɔxɔxɔ kple ŋutsuviwo ŋu.”​—Natalie.

“Ƒãa hafi nàkpɔ film aɖe, eye nyɔnuvi si ‘xɔ ŋkɔ’ le film ma me la, mele aha nom, ŋutsuviwo dɔ gbɔ, alo dze aglã ɖe edzilawo ŋu o. Ne nyɔnuvi aɖe mele nu sia wɔm o la, wobunɛ be enye mawusubɔla zazɛ̃nyahela alo nyɔnuvi siwo melɔ̃a ŋutsu ƒe nya gbɔ o.”​—Maria.

Bia nya sia ɖokuiwò: ‘Ðe ale si medoa awu, ƒoa nu alo wɔa nu la ɖea ame si menye ŋutɔŋutɔ fiana, alo ame aɖe si mekpɔ le film me ƒe nuwɔna ko srɔ̃m melea?’

Nu si wòle be nànya

  •   Nyɔnuvi aɖewo nɔa ame siwo woɖena fiana le filmwo me ƒe nuwɔnawo srɔ̃m hesusuna be nenemae yewo ŋutɔ yewole. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe Karen gblɔ be: “Mede dzesi nu sia le nɔvinye nyɔnu suetɔ ŋu. Ewɔa nu abe awudodo kple ŋutsuviwo koe nɔa vevie nɛ ene. Menya be enyaa nu, eye etsɔa ɖe le nu bubuwo hã me, gake enɔa nu wɔm abe bometsila ene, elabe esusui be mɔ ma ko dzie yeato anɔ abe ‘nyɔnuvi bubuawo katã’ ene. Ƒe 12 ko wòxɔ!”

    Biblia gblɔ be: “Midzudzɔ agbenɔnɔ ɖe nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔme nu.”—Romatɔwo 12:2.

  • Menye nyɔnuviwo katãe dina be yewoawɔ nu abe ale si nyɔnuvi siwo woɖena fiana le filmwo me la wɔa nu ene o. Nyɔnuvi si ŋkɔe nye Alexis si xɔ ƒe 15 gblɔ be: “Nyɔnuvi siwo woɖena fiana le filmwo me la tsia dzi ɖe woƒe dzedzeme ŋu fũu akpa, wonyea yakamewo kple ame siwo mebua tame nyuie hafi wɔa nu o, gake meka ɖe edzi be mía dometɔ akpa gãtɔ bua nuwo ŋu nyuie. Menye drɔ̃ekuku ŋutsuvi dzeɖekɛwoe nye nu vevitɔ na mí le agbe me o, nu bubuwo li zã míewɔna.”

    Biblia gblɔ be: “Ame tsitsiwo . . . na hehe woƒe nugɔmeseseŋutetewo to wo zazã me, be woate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome.”—Hebritɔwo 5:14.

  • Adzɔhawo ŋutɔ ƒe viɖekpɔkpɔ ko tae woɖea sɔhɛ nyɔnuvi mawo fiana le filmwo me ɖo, menye nyɔnuviawo ƒe nyonyo tae o. Esi adzɔha gãwo, siwo ƒe ɖewoe nye dɔwɔƒe siwo wɔa hadzidziwo, videowo kple agbalẽwo, atsyɔ̃nuwo, elektrɔnik-nuwo kple modzakaɖenuwo nyae be yewoate ŋu ato nudzadzra na sɔhɛwo dzi akpɔ ga geɖe ta la, wotɔa ŋku ɖeviwo hafi wova ɖoa sɔhɛme gɔ̃ hã. Agbalẽ aɖe (12 Going on 29) gblɔ be: “Boblodolawo ƒe nyawo fiana be ne sɔhɛwo meƒle awu, sikanu, atsyɔ̃ɖonu, elektrɔnik-nu yeyetɔwo o la womanye ame xɔŋkɔwo o. Sɔhɛwo kpɔa boblododowo ɣesiaɣi, wotea wo kpɔkpɔ gɔ̃ hã hafi va dzea nunya ahayi nu si wonye la gɔme se ge.”

    Biblia gblɔ be: “Nu sia nu si le xexea me—ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe nudzodzro kple ame ƒe nunɔamesiwo fiafia adegbeƒoƒotɔe—la metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexea me wotso.”—1 Yohanes 2:16.

Bu nya sia ŋu: Ne ètsi dzi ɖe awudodo siwo le tsia dzi ŋu fũu akpa la, ame kawoe wòɖea vi na? Ame ka tututue wòɖea vi na ne èƒle asitelefon yeyetɔ kple susu be yeaxɔ ŋkɔ le ye tɔwo dome? Nu ka koŋue nɔa vevie na adzɔhawo wu, wò nyonyo loo alo woawo ŋutɔwo ƒe nyonyo?

Nu si nàte ŋu awɔ

  •   Da nu siwo woɖena fiana le filmwo me la kpɔ. Ne èle tsitsim la, ŋutete si akpe ɖe ŋuwò nàse nuwo gɔme ŋutɔŋutɔ ke menye ale si wole dzedzem le gota ko o la asu asiwò. De ŋugble tso ŋusẽ si nu siwo woɖena fiana le filmwo me ate ŋu akpɔ ɖe dziwò la ŋu. Alana si xɔ ƒe 14 gblɔ be: “Atsyɔ̃ɖomiwo sɔa gbɔ le nyɔnuvi siwo woɖena fiana le filmwo me la ŋu fũu wu woƒe awudodowo. Eye sɔhɛ geɖe menyae be ema wɔwɔ ana be yewomanya kpɔ o, eye be esia nana amewo bua wo boŋ be womele ta kpɔm na agbea o.”

  • Dze agbagba nàtu nɔnɔme nyuiwo ɖo be nàzu ame si nèɖoe be yeazu. Le kpɔɖeŋu me, gabu nɔnɔme nyui siwo nètia le nyati sia ƒe gɔmedzedze ŋu kpɔ. Nɔnɔme nyui mawoe nèdi be amewo nanya na ye. Ðe manyo be nàdze agbagba fifia adze nɔnɔme nyui siawo tutu ɖo gɔme alo nàna be woaganyo ɖe edzi oa? Biblia gblɔ be: “Mido amenyenye yeye la, si wɔm wole yeyee to sidzedze vavãtɔ me le Ame si wɔe la ƒe nɔnɔme nu,” menye nɔnɔme siwo boblodolawo doa bobloe nu o.—Kolosetɔwo 3:10.

  • Srɔ̃ ame siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyuiwo. Wo dometɔ aɖewo ate ŋu anye wò ƒometɔwo abe nɔwò alo tasiwò ene. Bubuwo hã ate ŋu anye nyɔnu tsitsi siwo si nuteƒekpɔkpɔ su alo wò ame nyanyɛwo. Nyɔnu kpɔɖeŋu nyui ɖola geɖewo le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me, eye woƒe kpɔɖeŋu aɖe vi na wò.​—Titus 2:​3-5.

Aɖaŋuɖoɖo: Zã agbalẽ si nye Srɔ̃ Woƒe Xɔse nàtsɔ asrɔ̃ nu tso bibliameme siwo ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na nyɔnuwo la ŋu, wo dometɔ aɖewoe nye Rut, Hana, Abigail, Esta, Maria kple Marta. Yehowa Ðasefowo ta Srɔ̃ Woƒe Xɔse gbalẽa, ele www.pr418.com/ee.