Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Ðe Gbɔdɔdɔ To Nu Me Nye Gbɔdɔdɔ Ŋutɔŋutɔa?

Ðe Gbɔdɔdɔ To Nu Me Nye Gbɔdɔdɔ Ŋutɔŋutɔa?

United States (États-Unis) ƒe Dɔlélenutsitsi Kple Mɔxexe Ðe Enu Dɔwɔƒe gblɔ be esi wobia gbe sɔhɛ siwo xɔ ƒe 15 va ɖo ƒe 19 la, woƒe afã kloe gblɔ be yewokpɔ gome le gbɔdɔdɔ to nu me (vidzinuwo ƒoƒo ɖe nu me) me. Agbalẽŋlɔla Sharlene Azam gblɔ be: “Ne èɖo dze kple sɔhɛviwo [tso gbɔdɔdɔ to nu me] ŋu la, woagblɔ na wo be naneke megblẽ le nuwɔna sia ŋu kura o.” (Oral Sex Is the New Goodnight Kiss) Egblɔ kpee be: “Le nyateƒe me la, womebunɛ be enye gbɔdɔdɔ o.”

 Nu kae nèsusu?

Ðo nyabiase siwo gbɔna la ŋu be ɛ̃ alo ao.

  1. Ðe gbɔdɔdɔ to nu me ate ŋu ana nyɔnuvi nafɔ fua?

    1. Ɛ̃

    2. Ao

  2. Ðe gbɔdɔdɔ to nu me ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe lãmesẽ ŋua?

    1. Ɛ̃

    2. Ao

  3. Ðe gbɔdɔdɔ to nu me nye gbɔdɔdɔ ŋutɔŋutɔa?

    1. Ɛ̃

    2. Ao

 Nu kae nye nyateƒea?

Tsɔ wò ŋuɖoɖoawo sɔ kple esiwo gbɔna.

  1. Ðe gbɔdɔdɔ to nu me ate ŋu ana nyɔnuvi nafɔ fua?

    Ŋuɖoɖo: Ao. Esia tae amewo ƒoa nya ta vodadatɔe be gbɔdɔdɔ to nu me megblẽa naneke le ame ŋu o.

  2. Ðe gbɔdɔdɔ to nu me ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe lãmesẽ ŋua?

    Ŋuɖoɖo: Ɛ̃. Ame si kpɔa gome le gbɔdɔdɔ to nu me me la, ate ŋu axɔ nulɔdɔ siwo dometɔ aɖewoe nye aklãdɔwo, ʋãƒoame, babadɔ, ɖikanaku kple agbadzà.

  3. Ðe gbɔdɔdɔ to nu me nye gbɔdɔdɔ ŋutɔŋutɔa?

    Ŋuɖoɖo: Ɛ̃. Nuwɔna ɖe sia ɖe si alɔ ame bubu ƒe vidzinu ɖe eme, amegbɔdɔdɔ, gbɔdɔdɔ to nu me alo vidzinuwo ƒoƒo ɖe nu me, gbɔdɔdɔ to meƒi me kple asilili ame bubu ƒe vidzinu ŋu, nye gbɔdɔdɔ.

 Nu ka tae nya sia le vevie?

Na míade ŋugble tso mawunyakpukpui geɖe siwo do ƒome kple gbɔdɔdɔ to nu me ŋu kpɔ.

Biblia gblɔ be: “Esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be . . . miatsri gbɔdɔdɔ manɔsenu.”—1 Tesalonikatɔwo 4:3.

Helagbe me nya si gɔme woɖe be “gbɔdɔdɔ manɔsenu” lɔ gbɔdɔnuwɔna siwo katã yia edzi le ame siwo meɖe wo nɔewo o la dome. Wo dometɔ aɖewoe nye amegbɔdɔdɔ ŋutɔŋutɔ, gbɔdɔdɔ to nu me, gbɔdɔdɔ to meƒi me, asilili ame si menye ame srɔ̃ o ƒe vidzinuwo ŋu. Ame siwo kpɔa gome le gbɔdɔdɔ manɔsenu me la kpɔa emetsonu gbegblẽwo, eye wo dometɔ si vɔ̃ɖi wue nye be egblẽa wo kple Mawu dome.​—⁠1 Petro 3:⁠12.

Biblia gblɔ be: “Ame si ƒoa eɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me la le nu vɔ̃ wɔm ɖe eya ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋu.”—1 Korintotɔwo 6:18.

Gbɔdɔdɔ to nu me ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu le ŋutilã me, eye wòate ŋu agblẽ eƒe mawusubɔsubɔ hã me. Ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe seselelãme hã ŋu. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Menye gomekpɔkpɔ le gbɔdɔdɔ ŋutɔŋutɔ me madzemadzee koe nana ame sena le eɖokui me be woba ye, wòsea veve, eye wòsena le eɖokui me be yeble o, ke boŋ gbɔdɔdɔ ɖe sia ɖe ƒomevi si me ame kpɔ gome le madzemadzee la nana ame sena le eɖokui me nenema ke. Gbɔdɔdɔ ya gbɔdɔdɔ koe.”—Talking Sex With Your Kids.

Biblia gblɔ be: “Nye Yehowae nye wò Mawu, nyee nye ame si fiaa nu wò be wòaɖe vi na wò.”—Yesaya 48:17.

Èxɔe se be se siwo Mawu de ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu ɖea vi na wò ŋutɔŋutɔa? Alo ɖe nèsena le ɖokuiwò me be wona yexaxa le ye ɖokui mea? Be míakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖo la, tsɔe be èle ʋu kum le mɔ gã aɖe si dzi ʋutɔkaɖiwo, ʋu ƒe dusisi ƒe dzesiwo kple ʋutɔdzesiwo le. Ðe nàbu dzesi siawo be wonye mɔxenu loo alo ametakpɔnua? Nu kae adzɔ ne wò kple ʋukula bubuwo miedo toku dzesiawo?

Ʋukusewo xɔa ablɔɖe aɖe si nu le ame si ya, gake wokpɔa ame ta. Nenema kee Mawu ƒe sewo hã xea mɔ na wò le nanewo me ya, gake wokpɔa tawò

Nenema ko wòle le Mawu ƒe sewo hã gome. Ne èdo toku wo la, ke àŋe nu si nèƒã godoo. (Galatiatɔwo 6:7) Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Zi ale si nèyi edzi kpɔa gome le nuwɔna siwo mewɔ ɖeka kple wò dzixɔsewo kpakple agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo o me la, àse le ɖokuiwò me be bubu mele ye ŋu o.” (Sex Smart) Gake ne èwɔna ɖe Mawu ƒe sewo dzi la, àɖee fia be agbe ɖɔʋu nɔlae yenye. Eye gawu la, ana be dzitsinya dzadzɛ nanɔ asiwò.​—⁠1 Petro 3:⁠16.