Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Aleke Mawɔ Aɖu Nu Siwo Me Nunyiame Le?

Aleke Mawɔ Aɖu Nu Siwo Me Nunyiame Le?

Anɔ eme be ènya be ne yemeɖu nu siwo me nunyiame le o la, ate ŋu agblẽ nu le wò lãmesẽ ŋu. Zi geɖe la, ame siwo mele lãmesẽ me le woƒe sɔhɛme o la meva nɔa lãmesẽ me le woƒe tsitsime hã o, eya ta ade dziwò wu ne èsrɔ̃ ale si nànɔ nu ɖum nyuie fifia.

 Nu kae nye nuɖuɖu si me nunyiame le?

Biblia gblɔ na mí be ‘míada asɔ le nuwɔna me,’ eye esia bia be míada asɔ le míaƒe nuɖuɖu me hã. (1 Timoteo 3:11) Ne esia le susu me na mí la, ke anyo be míanya be . . .

  • Nuɖuɖu si me nunyiame le nye esi me nuɖuɖu ƒe hatsotsoawo katã le. Nuɖuɖu ƒe hatsotso atɔ̃awoe nye nu siwo me nyinotsi le, nuɖuɖu siwo me protein le, atikutsetsewo, amagbewo kple nukuwo. Ame aɖewo ɖea nuɖuɖu ƒe hatsotsoawo dometɔ ɖeka alo eve aɖewo ɖa le woƒe nuɖuɖu me, elabe wosusui be esia awɔe be yewoaɖe yewoƒe lolome dzi akpɔtɔ. Gake esia wɔwɔ ate ŋu ana nàte nunyiame vevi siwo wò ŋutilã hiã lae.

    Te mɔnu sia kpɔ: Ku nu me alo bia gbe wò ɖɔkta be nànya nu si tae wònyo be nàɖu nuɖuɖu ƒe hatsotso vovovoawo. Le kpɔɖeŋu me:

    Nunyiame siwo míekpɔna tso nuɖuɖuwo abe bli kple agbeli ene me (Carbohydrates alo hydrates de carbone) ate ŋu ado ŋusẽ wò ŋutilã. Nuɖuɖu siwo me protein le ate ŋu akpe ɖe wò ŋutilã ŋu wòakpe akɔ kple dɔlékuiwo eye wòaɖɔ ŋutilãa ɖo. Ami aɖewo ɖuɖu le agbɔsɔsɔ nyuitɔ me ate ŋu awɔe be màxɔ dzidɔ kaba o eye wòana ŋusẽ nanɔ ŋuwò.

    “Medzea agbagba be mana nu siwo le nuɖuɖu ƒe hatsotsoawo katã me la ƒe ɖe nanɔ nye nuɖuɖu me le agbɔsɔsɔ nyuitɔ me. Azɔ hã, nyemekpɔe be egblẽ be maɖu vemevivinu alo ɖaƒlee aɖe zi ɖeka ya teti ɣeaɖewoɣi o. Gake menye emawo ɖeɖe koe wòle be ame nanɔ ɖuɖum o. Anyo be míada asɔ ɣesiaɣi.”—Brenda.

    Nuɖuɖu si me nunyiame veviwo mele o la, le abe zikpui aɖe si afɔti ɖeka meli na o ene

  • Nu siwo me nunyiame le ɖuɖu bia be ame nada asɔ. Esia fia be nàƒo asa na nu sue aɖe ko ɖuɖu alo nuɖuɖu zã zi ɖeka, eye be nàgate nuɖuɖu aɖe si doa dzidzɔ na wò la ɖokuiwò keŋkeŋ o.

    Te esia kpɔ: Le ɣleti ɖeka me la, lé ŋku ɖe nu siwo nèɖuna ŋu. Zi nenie nèwɔ nu siwo ŋu míeƒo nu tsoe fifia be nàƒo asa na la dometɔ ɖeka? Asitɔtrɔ kawoe nàte ŋu awɔ be nànɔ nu siwo me nunyiame le ɖum?

    “Tsã la, meɖua nu siwo me ŋutilãnyinu (calories) le fũu la zã zi ɖeka eye ɣebubuɣiwo la, meɖua nu siwo me ŋutilãnyinu mele tututu o. Mlɔeba, metso nya me be nyemagatsi dzi ɖe ŋutilãnyinu ƒe agbɔsɔsɔ si le nye nuɖuɖu me ŋu o, maɖɔ ŋu ɖo be nyemagaɖu nu tsu o, eye matɔ te nu si ɖum mele ne menya ɖi ƒo ko. Exɔ ɣeyiɣi, gake fifia meɖua nu siwo me nunyiame le le agbɔsɔsɔ nyuitɔ me.”—Hailey.

 Aleke mawɔ anɔ nuɖuɖu siwo me nunyiame le la ɖum?

  • Wɔ ɖoɖo ɖe nu si nàɖu ŋu do ŋgɔ. Biblia gblɔ be: “Veviedola ƒe ɖoɖowo hea dzidzedzekpɔkpɔ vanɛ.” (Lododowo 21:5) Hafi nu siwo me nunyiame le ɖuɖu nama mí la, ele be míawɔ ɖoɖo nyui ɖe nu siwo míanɔ ɖuɖum ŋu.

    “Ebia ɖoɖowɔwɔ be nàɖu siwo me nunyiame le, eye zi geɖe la, ehiã be wò ŋutɔ nàɖae le aƒe me. Togbɔ be ema wɔwɔ mele bɔbɔe o hã la, mlɔeba eɖea vi wu, eye ate ŋu aɖe ga si nàzã dzi akpɔtɔ.”—Thomas.

  • Ðu nu siwo me nunyiame le ɖe esiwo me nunyiame mele o la teƒe. Biblia gblɔ be: “Lé nunya vavãtɔ me ɖe asi.” (Lododowo 3:21) Nunya vavãtɔ akpe ɖe ŋuwò be nàbu mɔ siwo dzi nàto aɖu nu siwo me nunyiame le ŋu eye nànɔ nu siwo aɖe vi na wò la ɖum.

    “Medzea agbagba be maɖu nu siwo me nunyiame le ɖe esiwo me nunyiame mele o teƒe zi ɖeka gbe sia gbe. Le kpɔɖeŋu me, le esi teƒe be maɖu kpetike la, meɖua apple (pomme) boŋ. Kaka makpɔa, meva nɔ nu siwo me nunyiame le la ɖum geɖe wu!”—Kia.

  • Mègatsi dzi fũu akpa o. Biblia gblɔ be: ‘Ðu wò abolo kple dzidzɔ.’ (Nyagblɔla 9:7) Be nàɖu nu siwo me nunyiame le mefia be màse vivi na wò nuɖuɖu o, eye mefia hã be nàtsi dzi ɖe nu sia nu si nàɖu la ŋu o. Ne ehiã be nàɖe wò lolome dzi akpɔtɔ gɔ̃ hã la, ɖo ŋku edzi be wò taɖodzinue nye be nànɔ lamesẽ me. Mègatsi dzi fũu akpa ɖe nu siwo nèdina tso ɖokuiwò si la ŋu o.

    “Nyitsɔ laa la, medze agbagba be maɖi ku vie gake le esia wɔwɔ me la, nyemewɔ dɔfu ɖokuinye alo te nuɖuɖu aɖewo ɖokuinye o, eye nyemebua fɔ ɖokuinye ne meɖu vemevivinu aɖe hã o. Melɔ̃ ɖe edzi be esia wɔwɔ manɔ bɔbɔe nam o eye be ehiã be mawɔ asitɔtrɔwo le nu siwo meɖuna ŋu gbe sia gbe.”—Melanie.