Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Ke Atamkaka Be Yemadɔ Kple Ame Aɖeke O Negbe Ðe Yeɖe Srɔ̃ Hafi Ya Ðe?

Ke Atamkaka Be Yemadɔ Kple Ame Aɖeke O Negbe Ðe Yeɖe Srɔ̃ Hafi Ya Ðe?

 Nu kae atamkaka sia lɔ ɖe eme?

Elɔ ŋugbedodo si woŋlɔ ɖe agbalẽ me alo esi wogblɔ kple nu be woaƒo asa na gbɔdɔdɔ va se ɖe esime woaɖe srɔ̃ hafi la ɖe eme.

Nuwɔna sia va xɔ ŋkɔ ŋutɔ le ƒe 1990-awo me esime Anyiehe Baptist-ha si le Amerika de ɖoɖo si nye “Lɔlɔ̃ Vavã Lalana” to me. Le ɖoɖo sia nu la, wowɔa Biblia me nyawo kple hatiwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi nyuiwo ŋu dɔ tsɔ dea dzi ƒo na sɔhɛwo be woaƒo asa na gomekpɔkpɔ le gbɔdɔdɔ me do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe.

Wodze ɖoɖo sia tɔgbi bubu aɖe hã gɔme le esia emegbe. Le ɖoɖo yeye sia nu la, wona klosalosigɛ vavala siwo ka atam la be woatsɔ aɖo kpe edzi (ahatsɔ nɔ ŋku ɖom edzi) be yewomadɔ kple ame aɖeke o va se ɖe esime yewoɖe srɔ̃ hafi.

 Ðe atamkaka sia le eƒe taɖodzinu gbɔ ɖoma?

Ŋuɖoɖoa anɔ te ɖe ame si nèbia dzi.

  • Le numekula siwo ŋkɔe nye Christine C. Kim kple Robert Rector ƒe nya nu la, “numekuku geɖewo ɖee fia be atamkaka be yemadɔ kple ame aɖeke o va se ɖe esime yeɖe srɔ̃ hafi na be sɔhɛ geɖewo he gbɔdɔdɔ ɖe megbe eye wòɖe sɔhɛwo ƒe gbɔdɔdɔ dzi kpɔtɔ.”

  • Le Guttmacher Numekuhabɔbɔ ƒe nyatakaka aɖe si wòɖe ɖe go nu la, “sɔhɛ siwo ‘ka atam sia’ hã kpɔa gome le gbɔdɔdɔ me ko abe ame siwo meka atam la o ene.”

Nu ka tae nyatakakawo meto mɔ ɖeka o?

  • Numekula aɖewo tsɔ atamkalawo sɔ kple ame siwo meka atam la o, eye hatsotso eve siawo ƒe susu ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu to vovo.

  • Numekula bubuwo hã tsɔ atamkalawo sɔ kple ame siwo meka atam la o, gake le ame siawo gome la, hatsotso eveawo ƒe susu le gbɔdɔdɔ ŋu wɔ ɖeka.

Nu kae numekuku mamlɛtɔ sia ɖe ɖe go? Ðɔkita Janet Rosenbaum, si nye sɔhɛwo ƒe lãmesẽnyawo ŋuti nunyala gblɔ be, le ƒe atɔ̃ megbe la, “vovototo aɖeke megava le atamkalawo kple ame siwo meka atam la o dome le gbɔdɔnyawo me o.”

 Mɔnu si nyo wu

Susu nyui aɖe ŋutɔe le ame siwo de ɖoɖo sia to me si. Gake kuxiae nye be womefia nɔnɔme nyui siwo akpe ɖe atamkalaawo ŋu be woawɔ ɖe woƒe atamkakaa dzi la wo o. Ðɔkita Rosenbaum gblɔ tso ame geɖe siwo kaa atam be yewomadɔ kple ame aɖeke o va se ɖe esime yewoɖe srɔ̃ la ŋuti be womeɖoe “le dzi me be yewoawɔ ɖe atamkaka la dzi o. Ele be amea ŋutɔ naɖoe le dzi me be yemadɔ kple ame aɖeke o hafi wòate ŋu aƒo asa na gbɔdɔdɔ, ke menye le ɖoɖo aɖe si wode to me ta o.”

Biblia de dzi ƒo na amewo be woaɖoe kplikpaa alea, menye be woaka atam le agbalẽ dzi alo agblɔe kple nu o, ke boŋ ekpena ɖe amewo ŋu wonaa “hehe woƒe nugɔmeseseŋutetewo to wo zazã me, be woate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome.” (Hebritɔwo 5:14) Le nyateƒe me la, menye asaƒoƒo na dɔléle kple fufɔfɔ ƒe nya ko asaƒoƒo na gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe nye o, ke boŋ enye bubudede Mawu, ame si ɖo srɔ̃ɖeɖea anyi la hã ŋu.​—Mateo 5:​19; 19:​4-6. Mɔfiame siwo le Biblia me la ɖea vi na mí. (Yesaya 48:17) Le nyateƒe me la, ame sia ame, eɖanye ƒe kae wòxɔ o, ate ŋu aɖoe kplikpaa be yeawɔ ɖe Mawu ƒe sedede si nye be, “misi le gbɔdɔdɔ manɔsenu nu” la dzi. (1 Korintotɔwo 6:18) Ne wowɔe alea, eye wova ɖe srɔ̃ la, woase vivi le srɔ̃ɖeɖea me, evɔ womanɔ vɔvɔ̃m alo nu nava nɔ tetem ɖe wo dzi abe ale si wònɔna le ame siwo kpɔ gome le gbɔdɔdɔ me hafi va ɖe srɔ̃ gome zi geɖe la ene o.