Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Nu Ka Tae Wòle Be Manɔ Ŋutifafa Me Kple Nɔvinyewo?

Nu Ka Tae Wòle Be Manɔ Ŋutifafa Me Kple Nɔvinyewo?

 “Wole dzrea wɔm gake wole ŋkua kpɔm”

Wogblɔna zi geɖe tso koklowo ŋu be “wole dzrea wɔm gake wole ŋkua kpɔm.” Alea wònɔna le tɔvi-nɔviwo dome zi geɖe. Wolɔ̃ wo nɔewo gake ɣeaɖewoɣia, wowɔa dzre hã. Helena si xɔ ƒe 18 gblɔ be: “Nɔvinyeŋutsu suea doa dziku nam. Enya nu siwo tututu wòawɔ kple ɣeyiɣi siwo me wòawɔ wo be wòaho dzi nam!”

Tɔvi-nɔviwo ate ŋu akpɔ wo dome masɔmasɔwo gbɔ ne wonya ale si woaɖo dze tso wo ŋu ahakpɔ wo gbɔe. Le kpɔɖeŋu me:

  • Ne ŋutsuvi aɖe kple eyometɔ, si hã nye ŋutsuvi, wole xɔ ɖeka me la, woate ŋu ava nɔ nya hem be yewo nɔvi le ŋku kem ɖe yewoƒe nuwo me akpa. Aleke miakpɔ nya ma gbɔe? Misrɔ̃ ale si mialɔ̃ ɖe nu ɖeka dzi, eye ame sia ame naganɔ ŋku kem ɖe nɔvia ƒe nuwo me akpa o. Miwɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si le Luka 6:31 dzi.

  • Ate ŋu adzɔ be nyɔnuvi aɖe kple eyometɔ, si hã nye nyɔnuvi, woanɔ wo nɔewo ƒe nudodowo zãm, gake womebiaa wo nɔewo hafi tsɔnɛ o. Aleke miakpɔ nya ma gbɔe? Miɖo dze tso eŋu, eye miaɖo seɖoƒe siwo sɔ na mia nɔewo. Miwɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si le 2 Timoteo 2:24 dzi.

Ɣeaɖewoɣi la, kuxi sesẽwo ate ŋu aɖo tɔvi-nɔviwo dome eye emetsonuwo ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu. Bu Biblia me kpɔɖeŋu eve siawo ŋu kpɔ:

  • Esi Miriam kple Aron ʋã ŋu wo nɔviŋutsu Mose la, eme menyo na wo kura o. Xlẽ ŋutinya ma le 4 Mose 12:1-15. Eyome bia ɖokuiwò be: ‘Aleke mawɔ be nyemaganɔ ŋu ʋãm nɔvinye o?’

  • Kain do dziku ɖe nɔvia Abel ŋu vevie ale gbegbe be wòwui. Xlẽ ŋutinya ma le 1 Mose 4:1-12. Eyome bia ɖokuiwò be: ‘Aleke mawɔ aɖu ɖokuinye dzi ne medo dziku ɖe nɔvinye ŋu?’

 Susu eve siwo ta wòle be nàwɔ ŋutifafa

Aleke kee wòɖasesẽ na wò be nànɔ ŋutifafa me kple nɔviwòwo o, susu eve ya teti li siwo ta wòle be nàdze agbagba awɔe nenema.

  1. Enye dzesi be ame le tsitsim. Ðekadzɛ aɖe si ŋkɔe nye Alex gblɔ be: “Medoa dziku ɖe nɔvinyenyɔnu eve siwo dzɔ ɖe yonyeme ŋu kabakaba. Gake fifia, meva fa eye megbɔa dzi ɖi na wo. Fifiaa, àte ŋu agblɔ be metsi.”

    Biblia gblɔ be: “Ame si medoa dziku kabakaba o la, nugɔmesese bɔ ɖe esi, ke ame si megbɔa dzi ɖi o la ɖea eƒe bometsitsi fiana.”—Lododowo 14:29.

  2. Enye hehe nyui aɖe ɖe etsɔme ŋu. Ne màte ŋu aŋe aɖaba aƒu nɔviwòwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi o la, ke aleke nàva wɔ nu ɖe srɔ̃wò, wò dɔwɔhati, wò dɔtɔ alo ame bubu aɖe ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu?

    Nyateƒe matrɔmatrɔ: Ale si wò kple amewo dome anɔ le etsɔme la nɔ te ɖe ale si nètea ŋu ɖoa dze tso masɔmasɔwo ŋu hekpɔa wo gbɔe dzi, eye ƒomea mee nye teƒe nyuitɔ si nàte ŋu asrɔ̃ nɔnɔme sia le.

    Biblia gblɔ be: “Ne . . . wòanye nu si atso mia gbɔ la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.”—Romatɔwo 12:18.

Ðe nàdi be yeawɔ nane atsɔ akpɔ nya aɖe si ɖo wò kple nɔviwò dome la gbɔa? Ke xlẽ “Nya siwo hawòtiwo gblɔ,” eye nàdzro nyati sia ƒe dɔwɔgbalẽvi si ƒe tanyae nye, “Ale Si Nànɔ Anyi Kple Nɔviwòwo Le Ŋutifafa Me” hã me.