Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ne Ŋutsugbɔdɔdɔ Dzroa Ŋutsu Aɖe La, Ðe Wòfia Be Enye Ŋutsugbɔdɔla?

Ne Ŋutsugbɔdɔdɔ Dzroa Ŋutsu Aɖe La, Ðe Wòfia Be Enye Ŋutsugbɔdɔla?

 Kura o!

 Nyateƒea: Zi geɖe la, ɣeyiɣi kpui aɖe koe dzodzro ma nɔa ame me.

 Lisette, si xɔ ƒe 16 la, kpɔe be nya sia nye nyateƒe. Egblɔ be: “Mesrɔ̃e le dzɔdzɔmeŋutinunya me le suku be le sɔhɛmenɔɣi la, tɔtrɔ geɖewo vana le míaƒe ŋutinuwo me siwo nana gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo nu sẽna. Meka ɖe edzi be ne ɖe sɔhɛwo nya nu tso woƒe ŋutilã ŋu nyuie la, woanya be ɣeyiɣi kpui aɖe ko ƒe nue seselelãme ma nye, eye womase le wo ɖokui me be ele be yewoakpɔ gome le nuwɔna sia me o.”

Ehiãna be sɔhɛwo katã natso nya me nenye be woawɔ ɖe xexea ƒe susu ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu dzi alo woawɔ ɖe sedede kɔkɔ siwo le Mawu ƒe Nya me la dzi

 Ne dzodzro sia nɔa amea me eteƒe didina ya ɖe? Ðe wòanye tagbɔsesẽ be Mawu nade se na ŋutsu si ŋutsugbɔdɔdɔ dzrona alo nyɔnu si nyɔnugbɔdɔdɔ dzrona la be megawɔ nu sia oa?

 Ne èɖo nyabiase sia ŋu be ɛ̃ la, ele be nànyae be nuwo ŋu bubu alea nɔ te ɖe susu totro si nye be ele be amegbetɔ naɖi kɔ na eƒe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo la dzi. Biblia de bubu amegbetɔwo ŋu le esi wòka ɖe edzi na wo be woate ŋu atiae be woaɖu woƒe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo dzi ne wodi vavã be yewoawɔe nenema.—Kolosetɔwo 3:5.

 Biblia ƒe sedede sia me kɔ. Se si Biblia de na ŋutsu kple nyɔnu siwo meɖe wo nɔewo o be “misi le agbe gbegblẽ nɔnɔ nu” la kee yi na ŋutsu ŋutsugbɔdɔlawo kple nyɔnu nyɔnugbɔdɔlawo siaa hã. (1 Korintotɔwo 6:18) Nyateƒeae nye be ɖe ŋutsu miliɔn geɖe siwo srɔ̃wo nye nyɔnuwo la ɖua wo ɖokuiwo dzi hafi tea ŋu ɖua gbɔdɔdɔ ƒe tetekpɔwo dzi, le esiwo di be yewoawɔ ɖe Biblia ƒe nudidiwo dzi ta. Ŋutsu siwo ŋutsugbɔdɔdɔ dzrona alo nyɔnu siwo nyɔnugbɔdɔdɔ dzrona la hã ate ŋu awɔ nenema ke ne wodi vevie be yewoadze Mawu ŋu.—5 Mose 30:19.