Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Nu Kawoe Wòle Be Manya Tso Elektronikfefewo Ŋu?

Nu Kawoe Wòle Be Manya Tso Elektronikfefewo Ŋu?

 Elektronikfefewo ŋuti dodokpɔ

Le United States (États-Unis) afi si adzɔha siwo wɔa elektronikfefewo kpɔa ga miliɔn akpe geɖe tso nu siawo dzadzra me me la . . .

  1. Ƒe nenie ame siwo ƒoa fefe siawo la ƒe akpa gãtɔ xɔna?

    1. Ƒe 18

    2. Ƒe 30

  2. Ŋutsu kple nyɔnu siwo ƒoa elektronikfefe siawo ƒe agbɔsɔsɔme ɖe?

    1. Ŋutsu 55 le alafa me; nyɔnu 45 le alafa me

    2. Ŋutsu 15 le alafa me; nyɔnu 85 le alafa me

  3. Ame hatsotso eve siawo dometɔ ka ƒe akpa gãtɔe ƒoa elektronikfefewo wu?

    1. Nyɔnuvi siwo xɔ ƒe 18 kple esi wu ema

    2. Ŋutsuvi siwo xɔ ƒe 17 kple esiwo mekpɔ xɔ ƒe ma o

Ŋuɖoɖoawo (wotu wo ɖe ƒe 2013 ƒe nyatakakawo dzi):

  1. B. Ƒe 30.

  2. A. Nyɔnu 45 le alafa me ye ƒoa wo, esia nye fefe siawo ƒolawo katã ƒe afã kloe.

  3. A. Nyɔnuvi siwo xɔ ƒe 18 kple esiwo tsi wu ema la woe nye ame siwo ƒoa fefe siawo katã ƒe 31 le alafa me, evɔ ŋutsuvi siwo xɔ ƒe 17 kple esiwo mekpɔ xɔe haɖe o nye fefe siawo ƒolawo ƒe 19 le alafa me.

Nyatakaka mawo na nèkpɔ ame siwo ƒoa fefe siawo wu. Gake nyatakaka mawo meɖe ŋusẽ si fefe mawo kpɔna ɖe dziwò la fiana o, eɖanye nyuia alo gbegblẽa o.

 Eƒe viɖeawo

Nya siawo siwo wogblɔ tso elektronikfefewo ŋu dometɔ ka dzie nèda asi ɖo?

  • “Wonye mɔnu nyui aɖe siwo nana be ƒometɔwo dome nɔna kplikplikpli.”​—Irene.

  • “Wonye mɔnu nyui aɖe si dzi míetona sina le agbemenyawo nu.”​—Annette.

  • “Wonana míebua tame.”​—Christopher.

  • “Wonana míesrɔ̃a ale si míakpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ.”​—Amy.

  • “Wonana míezãa míaƒe susuwo; wonana míebua tame, wɔa ɖoɖo ɖe nuwo ŋu henyana ale si míawɔ aɖo wo gbɔ.”​—Anthony.

  • “Fefe aɖewo nana mí kple mía xɔlɔ̃wo míewɔa nu aduadu.”​—Thomas.

  • “Fefe aɖewo nye kamedede eye wonana ame nɔa lãmesẽ me.”​—Jael.

Èda asi ɖe nya siawo dometɔ aɖewo​—alo wo katã gɔ̃ hã dzia? Videofefewo ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyuiwo ɖe míaƒe susu kple ametia dzi. Togbɔ be fefe aɖewo nye modzakaɖeɖe ko eye “wonye mɔnu nyui aɖe si dzi míetona sina le agbemenyawo nu” abe ale si Annette gblɔe ene hã la, menye ɣesiaɣie wònyea nu gbegblẽ o.

● Biblia gblɔ be “ɣeyiɣi li na nu sia nu wɔwɔ le dziƒoa te,” esia lɔ fefe hã ɖe eme.—Nyagblɔla 3:1-4.

 Eƒe nugbegblẽ

Ðe elektronikfefewo xɔa wò ɣeyiɣiwo katã?

“Ne menya dze eƒoƒo gɔme ko la, esesẽna nam be matɔ. Menɔa gbɔgblɔm na ɖokuinye be, ‘Magaƒo vi aɖe ko!’ Kaka manya la, gaƒoƒo eve va yi xoxo eye megblẽ ɣeyiɣi geɖe tsɔ ƒo fefe siawo xoxo!”​—Annette.

“Videofefewo tea ŋu gblẽa ɣeyiɣi na ame ŋutɔ. Ànɔ anyi anɔ eƒom gaƒoƒo geɖe ahasusui be yewɔ nane de goe, elabe èkpɔe be yeɖu dzi zi atɔ̃ le fefea me, gake le nyateƒe me la, mewɔ nemi teti o.”​—Serena.

Nya vevitɔ: Ne wò ga fiã la, àgate ŋu akpɔ bubu emegbe. Gake mele alea le ɣeyiɣi gome o. Le susu sia nu la, ɣeyiɣi xɔ asi wu ga. Eya ta mègaɖe mɔ fefewo nagblẽ ɣeyiɣi na wò o!

● Biblia gblɔ be: “Miyi edzi miazɔ le nunya me . . .  miwɔ miaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu.”—Kolosetɔwo 4:5..

Ðe elektronikfefewo kpɔa ŋusẽ ɖe wò susu dzia?

“Wowɔa ŋutasẽnu siwo ta woade ame ga alo atso kufia na ame la le videofefewo me faa.”​—Seth.

“Le fefe geɖewo me la, ehiãna be amewo naɖu woƒe futɔwo dzi ale be woate ŋu aɖo woƒe taɖodzinuwo gbɔ. Zi geɖe la, esia biana be woawu wo anyratɔe.”​—Annette.

“Ɣeaɖewoɣi ne wò kple xɔ̃wò miele fefea ƒom la, màganya kura be ye xɔlɔ̃e yele gbɔgblɔm na be, ‘Ku la!’ alo ‘Mawu wò!’ o.”​—Nathan.

Nya vevitɔ: Ƒo asa na fefe siwo me wowɔa nu siwo Mawu lé fui, abe ŋutasẽnuwɔwɔ, gbɔdɔnuwo alo gbegblẽnuwo wɔwɔ kple trɔ̃subɔsubɔ alo gbɔgbɔyɔyɔ ene.​—Galatiatɔwo 5:19-21; Efesotɔwo 5:10; 1 Yohanes 2:15, 16.

● Biblia gblɔ be Yehowa lé fu “ame sia ame si lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ,” menye ame siwo wɔnɛ ɖeɖe koe o. (Psalmo 11:5) Nenye be elektronikfefewo meɖe ame si nèdi be yeava nye la fia o hã la, ate ŋu aɖe ame si nènye xoxo la afia.

Bu nya sia ŋu: Agbalẽ si nye Ale Si Nàlé Ðokuiwò Kpoo (ele yevugbe me) gblɔ be “anɔ eme godoo be videofefe siwo me wowɔa ŋutasẽnuwo le kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe ɖeviwo ƒe nuwɔnawo dzi wu televisiondzifefewo, elabe menye film-meme xɔŋkɔawo ƒe adãwɔwɔ kple woƒe amewuwu teƒe ko wonɔa kpɔkpɔm o, ke boŋ wobunɛ be yewo ŋutɔwoe nye film-meme xɔŋkɔawo. Esi fefewo le abe nufialawo le sukuxɔ me ene ta la, nu si koŋ wofiaa amewoe nye ŋutasẽnuwɔwɔ.”​—Tsɔe sɔ kple Yesaya 2:4.

 Nyateƒea ŋutɔŋutɔ

Sɔhɛ geɖewo srɔ̃ ale si woada sɔ le elektronikfefewo zazã me. Kpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu eve aɖewo ɖa.

“Tsã la, menɔa videofefewo ƒom ʋuu zã koe tina. Menɔa gbɔgblɔm na ɖokuinye be: ‘Menye gaƒoƒo atɔ̃ ƒe alɔ̃ koe mehiã oa? Magaƒo vi aɖe kpɔ.’ Gake fifia meva srɔ̃ ale si mada sɔ le videofefewo gome. Mebua videofefewo be wonye modzakaɖeɖe dodzidzɔname nyui aɖe si me manɔ gome kpɔm le ɣeaɖewoɣi. Gake ele be mawɔ nu sia nu le ŋuɖɔɖo me.”​—Joseph.

“Meɖe videofefewo ƒoƒo dzi kpɔtɔ, eye mekpɔa ɣeyiɣi wɔa nu geɖewo! Metrɔ asi le nye gbeƒãɖeɖedɔa ŋu wòganyo wu, mekpɔa vovo ɖe míaƒe hamea me tɔwo ŋu, eye mete ŋu srɔ̃ haƒoƒo gɔ̃ hã. Nu bubu geɖewo li mate ŋu awɔ!”​—David.

● Biblia gblɔ be ŋutsu kple nyɔnu siwo si nuteƒekpɔkpɔ su ‘dana sɔna le nuwɔna me.’ (1 Timoteo 3:2, 11) Wosea vivi na modzakaɖeɖe, gake woɖoa seɖoƒe nɛ, eye wotea ŋu ɖua wo ɖokui dzi wɔa esia.​—Efesotɔwo 5:10.

Nya vevitɔ: Elektronikfefewo ate ŋu anye modzakaɖeɖe nyui aɖe nenye be woɖo seɖoƒe na wo. Gake mègana fefeawo naxɔ wò ɣeyiɣiwo le asiwò alo awɔe be wò ŋku nadzo le agbemenu vevitɔwo dzi o. Le nyateƒe me la, le esi nàɖoe kplikpaa be yeaɖu dzi le fefe aɖe me teƒe la, ɖe manyo wu be nàɖoe be yeaɖo yeƒe agbemetaɖodzinuwo gbɔ ale be nànye dziɖula le agbemenuwɔna ŋutɔŋutɔwo me oa?