Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Ðe Ŋkɔxɔxɔ Le Internet Dzi Le Veviea?

Ðe Ŋkɔxɔxɔ Le Internet Dzi Le Veviea?

 Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Elaine gblɔ be: “Esi meva nya be ame alafa gbogbo aɖewo kpɔa foto kple nu bubu siwo nye sukuhatiwo da ɖe Internet dzi la, megblɔ na ɖokuinye be, ‘Ei—woxɔ ŋkɔ ŋutɔ!’ Le nyateƒe mea, meʋã ŋu wo vie.”

 Ðe nèse le ɖokuiwò me nenema kpɔa? Ne nenemae la, ke nyati sia akpe ɖe ŋuwò be màgava nɔ dzi tsim dzodzro be yeaxɔ ŋkɔ le Internet hahoo kadoƒewo o.

 Nu kae wòate ŋu agblẽ le ŋuwò?

 Biblia gblɔ le Lododowo 22:1 be “ŋkɔ nyui tiatia nyo wu kesinɔnu geɖe.” Eya ta megblẽ be nàdi be ŋkɔ nyui nanɔ ye ŋu alo be amewo nalɔ̃ yeƒe nya o.

 Gake didi sia ate ŋu asẽ le ame me ale gbegbe be adi be yeawɔ nu sia nu si ana yeaxɔ ŋkɔ. Ðe esia ate ŋu agblẽ nua? Onya, si xɔ ƒe 16, aɖo eŋu be Ɛ̃:

 “Mekpɔe amewo wɔ movinuwo kple susu be yewoaxɔ ŋkɔ ta ko. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo tea ŋu tia kpo tso dziƒoxɔ ƒe dzisasrã evelia dzi le míaƒe suku be amewo nakpɔ yewo.”

 Esi ame aɖewo di be yewoahe yewo hatiwo ƒe susu ava yewo ɖokui dzi taa, wowɔa bometsinu aɖewo hewɔa eŋuti video dana ɖe Internet dzi. Le kpɔɖeŋu me, ƒewuivi aɖewo mi nunyadzalẽ ɖe dɔ me hewɔ eŋuti video da ɖe hahoo kadoƒewo, evɔ mele be wòadzɔ gbeɖe be ame nawɔ nu ma tɔgbi hafi o!

 Biblia gblɔ be: “Migawɔ naneke le . . . bubu dzodzro didi ta o.”—Filipitɔwo 2:3.

 Bu nya sia ŋu:

  •   Aleke gbegbee ŋkɔxɔxɔ le Internet dzi le vevie na wò?

  •   Ðe nàwɔ nu si agblẽ nu le wò lãmesẽ ŋu alo ade wò agbe afɔku me kple susu be xɔ̃wòwo nalɔ̃ wò nya alo be nàxɔ ŋkɔ le wo gbɔa?

 ‘Wonana wòdzena abe ɖe woxɔ ŋkɔ ene’

 Ke hã, menye ɣesiaɣie amewo dea woƒe agbe afɔku me be yewoaxɔ ŋkɔ o. Erica, si xɔ ƒe 22, gblɔ be ame aɖewo wɔa ayemɔnu bubu aɖe ŋu dɔ:

 “Amewo daa woƒe dzidzɔɣiwo ŋuti foto gbogbo aɖewo ɖe Internet dzi, si nana wòdzena abe xɔlɔ̃ gbogbo aɖewo le wo si siwo wo kpakpli wo nɔa agbe ɖum ɣesiaɣi ene. Wotoa esia dzi nana wòdzena abe ɖe woxɔ ŋkɔ ene.”

 Cara, si xɔ ƒe 15, gblɔ be ame aɖewo wɔa ameflunu ne wòadze abe ɖe woxɔ ŋkɔ ene:

 “Mekpɔ amewo woɖe foto wo ɖokuiwo hetrɔ asi le eŋu wòdze abe ɖe wole kplɔ̃ɖoƒe aɖe ene, evɔ aƒe mee woɖe fotoa le.”

 Matthew, si xɔ ƒe 22, gblɔ be yewɔ nu sia tɔgbi kpɔ:

 “Meɖe foto aɖe heŋlɔ ɖe edzi be Everest Toa dzie meɖee le, evɔ nyemeɖo afɔ Asia kpɔ o!”

 Biblia gblɔ be: “Míedina be míaɖi anukware le nuwo katã me.”—Hebritɔwo 13:18.

 Bu nya sia ŋu:

  •   Ne èzãa hahoo kadodowo la, ɖe nèwɔa ameflunu be nàtsɔ ahe susu ava ɖokuiwò dzi geɖe wua?

  •    Ðe foto kple nu siwo nèŋlɔna dana ɖe Internet dzi ɖea ame si nènye kple nu siwo dzi nèxɔ se fiana?

 Ðe nya si amewo gblɔna tso nu siwo nèda ɖe Internet dzi ŋu le veviea?

 Ame siwo dina be yewoaxɔ ŋkɔ le Internet dzi la wɔa nu sia nu si woate ŋui ale be ame gbogbo aɖewo naƒo nu tso foto kple nu bubu siwo wodana ɖe hahoo kadoƒewo dzia ŋu. Matthew, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi, lɔ̃ ɖe edzi be yewɔ nu ma kpɔ:

 “Mebiaa amewo be, ‘Ame nenie dzea yowòme le hahoo kadoƒewo?’ alo ‘Ame siwo kafu nu siwo nèda ɖe Internet dzia ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔe nye ka?’ Esi medi be ame geɖe naŋlɔ nu tso nu siwo meda ɖe Internet dzi ŋu taa, nye hã meŋlɔa nu tso ame siwo nyemenya o kura gɔ̃ hã tɔ ŋu. Eva nɔ dzroyem be maxɔ ŋkɔ, eye hahoo kadodowo zazã na dzodzro sia nu gava sẽ ɖe edzi.”

Ŋkɔxɔxɔ le Internet dzi le ko abe kpetike kple suklinu bubuwo ɖuɖu ene—avivi le nu me na wò, gake mana nàɖi ƒo o

 Maria, si xɔ ƒe 25, gblɔ be le ame aɖewo gomea, ame geɖe ale si nu kafu nu si woda ɖe Internet dzia dzie wonɔa te ɖo bua asixɔxɔ si le yewo ŋu:

 “Ne nyɔnuvi aɖe ɖe foto eɖokui da ɖe hahoo kadoƒe eye ame geɖe mekafui o la, esena le eɖokui me be yemedze tugbe o. Nuŋububu sia mesɔ o, gake nenemae ame geɖe sena le wo ɖokui me. Ne míagblɔe la, woa ŋutɔwo koe le fu wɔm wo ɖokui.”

 Biblia gblɔ be: “Migana míanɔ bubu dzodzro dim, anɔ ho ʋlim kple mía nɔewo, ahanɔ ŋu biãm mía nɔewo o.”—Galatiatɔwo 5:26.

 Bu nya sia ŋu:

  •   Ne èzãa hahoo kadodowoa, ɖe nèva kpɔe be enana nètsɔa ɖokuiwò nɔ sɔsɔm kple ame bubuwoa?

  •    Ðe ame agbɔsɔsɔ siwo gblɔa kafukafunyawo tso nu siwo nèdana ɖe Internet dzi ŋue nɔa vevie na wò wu be nàdze xɔlɔ̃ vavãwoa?