Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Nu Kae Mawɔ Le Nye Nyɔnyrɔxɔxɔ Megbe?—Akpa 2: Yi Edzi Nàwɔ Nuteƒe

Nu Kae Mawɔ Le Nye Nyɔnyrɔxɔxɔ Megbe?—Akpa 2: Yi Edzi Nàwɔ Nuteƒe

 Biblia gblɔ be “Yehowa mate nu nyui aɖeke ame siwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o.” (Psalmo 84:11) Nu kae wòfia be ‘woazɔ le fɔmaɖimaɖi’ me alo anye nuteƒewɔla? Efia be nàyi edzi anɔ agbe wòasɔ kple ŋugbe si nèdo na Yehowa esi nèɖe adzɔgbe nɛ. (Nyagblɔla 5:4, 5) Aleke nàyi edzi awɔ nuteƒe le wò nyɔnyrɔxɔxɔ megbe?

Nyati sia adzro nya siawo me

 Yi edzi nàdo dzi le kuxiwo me

 Mawunyakpukpui vevi: “Xaxa geɖewo me to ge míala hafi ayi ɖe Mawu Fiaɖuƒe la me.”—Dɔwɔwɔwo 14:22.

 Nu si wòfia: Nyateƒeae nye be, mí Kristotɔwo katã míato nɔnɔme sesẽwo me le agbe me godoo. Kuxi aɖewo siwo nàdo goe abe fewuɖuɖu alo tsitretsiɖeŋu ava dziwò le esi nènye Kristotɔ ta. Ke hã, kuxi bubuwo abe ganyawo ƒe sesẽ alo dɔlényawo ya ɖea kpe na mí katã.

 Nu si ate ŋu adzɔ: Nuwo ate ŋu atrɔ le wò agbe me le mɔ siwo nu mesusui le gɔ̃ hã o. Biblia gblɔ be nya vɔ̃wo ate ŋu adzɔ ɖe ame sia ame dzi, amea nye Kristotɔ loo alo menye Kristotɔ o.—Nyagblɔla 9:11.

 Nu si nàte awɔ: Esi nènya be nɔnɔme sesẽwo ava dziwò taa, anyo be nàdzra ɖo ɖe wo ŋu do ŋgɔ be nàte ŋu ado dzi le wo me. Ne nɔnɔme sesẽwo va la, wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ nàtsɔ ado ŋusẽ wò xɔse eye nàyi edzi aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. (Yakobo 1:2, 3) Eye le ɣeyiɣi aɖe megbea, wò hã àte ŋu agblɔ abe apostolo Paulo ene be: “Metea ŋu wɔa nuwo katã to ame si doa ŋusẽm la dzi.”—Filipitɔwo 4:13.

 ŊUTINYA ŊUTƆŊUTƆ. “Esi mexɔ nyɔnyrɔ megbe tetia, fonyewo do le nyateƒea me, dzinyelawo hã dze dɔ, eye emegbe nye ŋutɔ hã meva dze dɔ. Nu siawo katã ate ŋu awɔe be mana ta bɔbɔe eye maŋlɔ adzɔgbe si meɖe na Mawu hedo ŋugbe nɛ be esubɔsubɔe anye nu vevitɔ nam le agbe me be hafi. Ke hã, adzɔgbe si meɖe na Yehowa lae kpe ɖe ŋunye mète ŋu nɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ mawo nu.”—Karen.

 Kpekpeɖeŋu: Srɔ̃ nu tso Yosef ŋu. Àte ŋu axlẽ nu tso eŋu le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ta 37, kple ta 39 va se ɖe ta 41 lia me. Bu nya sia ŋu: Kuxi sesẽ kawoe va Yosef dzi, eye aleke wòwɔ nɔ te ɖe enu? Aleke Yehowa kpe ɖe eŋu?

 Èhiã kpekpeɖeŋu geɖe wua?

 Yi edzi nàɖu tetekpɔwo dzi

 Mawunyakpukpui vevi: “Nu si tea ame sia ame kpɔnae nye eya ŋutɔ ƒe nudzodzro si henɛ eye wòblenɛ.”—Yakobo 1:14.

 Nu si wòfia: Ɣeaɖewoɣia, dzodzro siwo le mía me la tea mí kpɔna eye ne mímetsi dzodzro mawo nu oa, woate ŋu ana míawɔ nu gbegblẽ.

 Nu si ate ŋu adzɔ: Ne èxɔ nyɔnyrɔ vɔ hãa, “ŋutilã ƒe nudzodzrowo” ƒe tetekpɔwo agate ŋu ava dziwò. (2 Petro 2:18) Ate ŋu adzro wò gɔ̃ hã be yeakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me hafi ava ɖe srɔ̃.

 Nu si nàte awɔ: Dzra ɖo do ŋgɔ hafi tetekpɔwo nava ale be esia mawɔe be wò dzodzrowo nakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò nàtso nya me le mɔ gbegblẽ nu o. Ðo ŋku edzi be Yesu gblɔ be: “Ame aɖeke mate ŋu anye kluvi na aƒetɔ eve o.” (Mateo 6:24) Wò ŋutɔe atia ame si anye wò aƒetɔ. Eya ta tia Yehowa, wòanye wò Aƒetɔ. Aleke kee dzodzro vɔ̃a nu sẽ o, àte ŋu atiae be yeaɖu edzi.—Galatiatɔwo 5:16.

 Kpekpeɖeŋu: Dze agbagba nànya wò ŋutetewo kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Dze xɔ̃ ame siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖe nɔnɔme nyuiwo afia. Ƒo asa na nuwɔna kple teƒe siwo yiyi ana wòasesẽ na wò be nàwɔ nu si sɔ, eye nàtsri hadede vɔ̃wo hã.—Psalmo 26:4, 5.

 Èhiã kpekpeɖeŋu geɖe wua?

 Yi edzi nàdo ŋusẽ ɖokuiwò

 Mawunyakpukpui vevi: ‘Ðe veviedodo ma ke fia . . . va se ɖe nuwuwu, ale be nàganye kuviatɔ o.’—Hebritɔwo 6:11, 12.

 Nu si wòfia: Ame si medoa vevi dɔ oa, vivivi kaka nàkpɔa, ava zu kuviatɔ.

 Nu si ate ŋu adzɔ: Anɔ eme be dzi dzɔ wò ŋutɔ eye dzo aɖe nɔ mèwò esi nèxɔ nyɔnyrɔ teti. Eye nèlɔ̃ Yehowa vevie. Gake ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, ate ŋu asesẽ na wò be nàyi edzi aɖo to Yehowa le nu sia nu me, eye esia ate ŋu aɖe dzi le ƒo wò eye wòana dzo si le mèwò nu nava nɔ tsitsim.—Galatiatɔwo 5:7.

 Nu si nàte awɔ: Yi edzi nàwɔ nu si sɔ ne medzro wò be nàwɔe o gɔ̃ hã. (1 Korintotɔwo 9:27) Yi edzi nànɔ tetem ɖe Fofowò si le dziƒo la ŋu be nànɔ enyam ɖe edzi geɖe wu eye nɔ gbe dom ɖa nɛ edziedzi. Azɔ hã, yi edzi nàdze xɔ̃ ame siwo lɔ̃ Yehowa eye wosubɔnɛ.

 Kpekpeɖeŋu: Ðo ŋku edzi be Yehowa lɔ̃ wò vevie eye wòle klalo be yeakpe ɖe ŋuwò. Mègaƒo nya ta be megakpɔa ŋudzedze ɖe ye ŋu le esi dzo si le ye mea le tsitsim ta o. Biblia gblɔ be: “Edoa ŋusẽ ame si ŋu ɖeɖi te eye wònaa ŋusẽ geɖe ame beliwo.” (Yesaya 40:29) Ka ɖe edzi be Yehowa ayra ɖe agbagba siwo dzem nèle be dzo nagaɖo mèwòa dzi.

 Èhiã kpekpeɖeŋu geɖe wua?

 Nya vevitɔ: Ne èyi edzi wɔ nuteƒea, àdo dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi! (Lododowo 27:11) Yehowa akpɔ dzidzɔ be ètiae be yeanɔ yeƒe akpa dzi eye akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu anɔ te ɖe tetekpɔ siwo Satana ahe va dziwòa nu.