Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Nu Kae Wòle Be Manya Tso Ahamuame Ŋu?

Nu Kae Wòle Be Manya Tso Ahamuame Ŋu?

Biblia metsi tsitre ɖe ahanono le ŋuɖɔɖo me ŋu ne ame tsi le se nu anoe o. Gake ede se ɖe ahamumu ŋu.​—Psalmo 104:15; 1 Korintotɔwo 6:10.

Ke ne woƒoe ɖe nuwò be nàno aha le nɔnɔme aɖewo me, si anye dziwòlawo alo dukɔa ƒe se dzi dada ya ɖe?

 Bu nuwo ŋu yi ŋgɔe

Hawòti aɖewo asusu be ele kokoko be ame nano aha hafi ate ŋu akpɔ dzidzɔ. Ke nu kawoe ate ŋu adzɔ le ahaa nono vɔ megbe?

  • Ame ate ŋu adze se me. Le teƒe aɖewo la, ne se meɖe mɔ na ame be wòano aha o evɔ wònoe la, woate ŋu ado fe nɛ, woabu fɔe be enye nu vlo wɔla, woaxɔ ʋukugbalẽ le esi, woaɖo dɔ sesẽ nɛ atsɔ ahe to nɛ, alo woadee mɔ́ gɔ̃ hã.​—Romatɔwo 13:3.

  • Bubu klona le ame ŋu. Ahanono nana ame megatea ŋu ɖɔa ŋu ɖo o. Ne èmu aha la, àte ŋu agblɔ nya alo awɔ nane si ava ve wò emegbe. (Lododowo 23:31-33) Esi nyakakamɔnuwo va bɔ fifia ŋutɔ ta la, wò nuwɔnawo ate ŋu akaka kaba eye wòana bubu naklo le ŋuwò tegbee.

  • Ate ŋu ana ame naɖe ŋu ɖi. Ne èmu aha la, ele bɔbɔe ŋutɔ be woawɔ ŋutasẽnu alo gbɔdɔnuwo ɖe ŋuwò. Ate ŋu ana ame bubuwo nakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò bɔbɔe hã, si awɔe be nàva ƒo ɖokuiwò ɖe nuwɔna manɔsenu bubuwo alo esiwo ate ŋu ade wò afɔku me la me.

  • Ate ŋu azu numame na ame. Numekukuwo ɖee fia be ne ame metsi o hafi dze ahanono gɔme la, enɔa bɔbɔe wu be ahanono nava zu numame nɛ. Ahanono be yeatsɔ alé nuteɖeamedzi alo akogotsitsi nu, alo atsɔ aɖe modzaka ate ŋu ava zu numame na ame eye edzi ɖuɖu nasesẽ.

  • Ate ŋu ana ame naku. Le ƒe aɖe me nyitsɔ laa la, ame ɖeka kuna le miniti 52 ɖe sia ɖe me le United States, le ame siwo no aha henɔ ʋu kum ta. Le ƒe atɔ̃ aɖe ko me la, ame siwo wu 1,500 siwo mekpɔ xɔ ƒe 21 o ye ku le ʋufɔku siwo me ʋukulawo no aha hafi le ʋua kum ta. Ne wò ŋutɔ meno aha o, evɔ nèɖo ame aɖe si no aha ƒe ʋu la, ele bɔbɔe ŋutɔ be nàdze afɔku.

 Ðo tame kplikpaa

Àte ŋu aƒo asa na ahanono madzemadzee me tsonu vɔ̃ɖiwo ne ètso nya me do ŋgɔ le nu si nàwɔ ŋu.

Biblia Ƒe Gɔmeɖose: “Aɖaŋudzela kpɔa afɔku gbɔna eye wòɣlaa eɖokui.” (Lododowo 22:3) Nunya manɔ eme be ame nano aha hafi aku ʋu alo awɔ nu bubu aɖe si bia susuŋudɔwɔwɔ bliboe o.

Tameɖoɖo kplikpaa: ‘Ne matiae be mano aha la, ke makpɔ egbɔ be esɔ le se nu eye nɔnɔme si me manoe le hã sɔ hafi.’

Biblia Ƒe Gɔmeɖose: “Miezu ame si mieɖoa toe la ƒe kluviwo.” (Romatɔwo 6:16) Ne ènoa aha le esi hawòtiwo le enom ko ta la, ke èle mɔ ɖem na wo be woakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò. Ne ènoa aha be yeatsɔ aɖe nuteɖeamedzi alo tamebubu dzi kpɔtɔ la, ke mèle nɔnɔme nyui siwo akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ kuxiwo gbɔ la tum ɖo o.

Tameɖoɖo kplikpaa: ‘Nyemaɖe mɔ hanyetiwo nazi dzinye mano aha o.’

Biblia Ƒe Gɔmeɖose: “Mèganɔ aha tsu nolawo  . . . dome o.” (Lododowo 23:20) Ne xɔlɔ̃ gbegblẽwo le asiwò la, ate ŋu ana nàda wò tameɖoɖo kplikpaa dzi. Ne ènɔa ame siwo noa aha madzemadzee dome la, ke èle ɖokuiwò dem afɔku me.

Tameɖoɖo kplikpaa: ‘Nyemade ha kplikplikpli kple ame siwo noa aha madzemadzee o.’