Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Ðe Xexea Dzɔ Le Eɖokui Sia?​—Akpa 1: Nu Ka Tae Wòle Be Nàxɔ Mawu Dzi Ase?

Ðe Xexea Dzɔ Le Eɖokui Sia?​—Akpa 1: Nu Ka Tae Wòle Be Nàxɔ Mawu Dzi Ase?
  • Ðe wowɔ xexea alo eya ŋutɔ koe dzɔ le eɖokui sia?

  • Nu ka tae mexɔ Mawu dzi se?

  • Ale si maɖe nye dzixɔsea me

Ðe wowɔ xexea alo eya ŋutɔ koe dzɔ le eɖokui sia?

Èxɔe se be Mawue wɔ nuwo katã? Ne èxɔe se la, ke menye wò ɖeka koe o, sɔhɛ (kple ame tsitsi) gbogbo aɖewo hã xɔe se nenema. Gake ame bubuwo ya be ɖeko nu gbagbewo kple xexea dzɔ le wo ɖokui si, menye “Ŋusẽkatãtɔ” aɖekee na wodzɔ o.

Ènyaa? Ame siwo xɔe se be ɖe wowɔ nuwo kple ame siwo gblɔna be ɖe nuwo dzɔ le wo ɖokuiwo si la siaa tea tɔ ɖe woƒe susuwo dzi evɔ wometea ŋu ɖoa kpe woƒe nyawo dzi o.

  • Ame aɖewo xɔe se be ɖe wowɔ xexea kple emenuwo, elabe nenemae wofia wo le tsɔtsi.

  • Ame geɖewo hã xɔe se be ɖeko xexea kple emenuwo dzɔ le wo ɖokui si elabe nenemae wofia wo le suku.

Nyati vovovo siawo akpe ɖe ŋuwò nàgaxɔe se geɖe wu be Mawue wɔ xexea kple nu gbagbewo eye àsu te nyuie aɖe wò dzixɔsea me na amewo. Gake gbã la, ehiã be nàbia nya bɔbɔe sia ɖokuiwò:

Nu ka tae mexɔ Mawu dzi se?

Nu ka tae biabia sia le vevie? Elabe Biblia de dzi ƒo na wò be nàzã wò “tamebubuŋutete.” (Romatɔwo 12:1) Esia fia be wò mawudzixɔse manɔ te ɖe

  • seselelãme dzro ko dzi o (Efia be menye esi nèse le ɖokuiwò me be ele be ŋusẽtɔ aɖe nanɔ anyi ta koe nèxɔ Mawu dzi se ɖo o)

  • ame bubuwo ƒe susu dzi o (Menye esi nutoa me tɔwo nye mawusubɔlawo tae wò hã nàgblɔ be yexɔ Mawu dzi se o)

  • ŋusẽkpɔɖeamedzi dzi o (Efia be menye esi dziwòlawo fia wò be ele be nàxɔ Mawu dzi se alo susu mawo tɔgbi aɖe ko tae o)

Ke boŋ ele be wò ŋutɔ nàka ɖe edzi be Mawu li eye ele be nu siwo tae nèxɔe se nenema ƒe kpeɖodziwo nanɔ asiwò.

Ke nu kae na nèka ɖe edzi be Mawu li? Dɔwɔgbalẽvi si nye “Nu Ka Tae Mexɔ Mawu Dzi Se?” akpe ɖe ŋuwò kakaɖedzi ma nasu asiwò. Anyo hã be nàkpɔ ale si sɔhɛ bubuwo ɖo nyabiase sia ŋui.

“Ne mele sukuxɔ me le to ɖom nufiala wòle ale si míaƒe ametia wɔa dɔe me ɖem la, ɖeko megakana ɖe edzi bliboe be Mawu li. Míaƒe ŋutinu ɖe sia ɖe, nyaŋuitɔ kekeake gɔ̃ hã, wɔa dɔ aɖe. Zi geɖe la, míenyana gɔ̃ hã be wole dɔ wɔm o. Nyateƒee, míaƒe ametia gɔme sese ɖu ta!”​—Teresa.

“Ne mekpɔ xɔ kɔkɔ, meli alo ʋu aɖe la, mebiaa ɖokuinye be, ‘Ame kae wɔe?’ Le kpɔɖeŋu me, ehiã be aɖaŋu nanɔ tagbɔ na ame hafi wòate ŋu awɔ ʋu, elabe ele be ʋuŋutinu suesue geɖeawo nawɔ dɔ pɛpɛpɛ hafi ʋu blibo la nawɔ dɔ nyuie. Nenye be ʋu mate ŋu adzɔ le eɖokui si o ele be ame aɖe kokoko nawɔe la, ke ele be ame aɖe nawɔ mí amegbetɔwo hã.”​—Richard.

“Ne ède dzesii be ehiãna be amegbetɔ tagbɔɖaɖɛtɔwo kekeake gɔ̃ hã nasrɔ̃ nu tso xexemenuwo ŋu ƒe agbogbo aɖewo hafi wotea ŋu esea eƒe akpa suetɔ kekeake gɔ̃ hã gɔme la, ke susu aɖeke manɔ eme be woagblɔ be menye nunyala aɖekee wɔ xexe sia o!”​—Karen.

“Zi ale si meyi edzi le dzɔdzɔmeŋutinunya srɔ̃m la, zi nenemae mekpɔnɛ be kpeɖodzi aɖeke mele nufiafia si nye be ɖeko xexea kple emenuwo dzɔ le wo ɖokui si la ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, mede ŋugble tso ale si xexemenuwo le ɖoɖo nu pɛpɛpɛ, ale si amegbetɔwo le etɔxɛe, ale si mí amegbetɔwo míedina be míanya afi si míetso kple afi si míeɖo tae la ŋu. Nɔnɔmetɔtrɔfialawo dzea agbagba be yewoazã nu siwo do ƒome kple lãwo atsɔ aɖe nya siawo mee, gake wometea ŋu ɖea nu si tae amegbetɔwo ya le etɔxɛe la me o. Le gonyeme la, ebia be xɔse ŋkuagbã geɖe nanɔ ame si hafi wòaxɔe se be nuwo ŋutɔ koe dzɔ le wo ɖokuiwo si, wu be ame naxɔe se be Wɔla aɖe li.”​—Anthony.

Ale si maɖe nye dzixɔsea me

Ke ne wò sukuxɔmeviwo koa wò be èxɔ nane si mekpɔna o dzi se ya ɖe? Alo be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo “ɖo kpe” edzi be ɖeko nuwo dzɔ le wo ɖokui si ya ɖe?

Gbã la, ka ɖe nu si dzi nèxɔ se la dzi. Vɔvɔ̃ megaɖo wò o eye ŋu hã megakpe wò o. (Romatɔwo 1:16) Ðo ŋku edzi be:

  1. Menye wò ɖeka koe xɔ Mawu dzi se o; ame geɖewo xɔ edzi se. Ame siawo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã nye nunyala gãwo. Le kpɔɖeŋu me, dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo gɔ̃ hã xɔe se be Mawu li.

  2. Ɣeaɖewoɣi la, ne amewo gblɔ be yewomexɔ Mawu dzi se o la, nu si wowɔnae nye be yewomesea Mawu ƒe nuwɔnawo gɔme o. Le esi woaɖo kpe woƒe nyawo dzi teƒe la, nyawo ko wonɔa biabiam. Wotea ŋu biana be, “Ne Mawu li ŋutɔŋutɔ la, ke nu ka tae wòɖe mɔ fukpekpe li?” Le nyateƒe me la, wotrɔ nya aɖe si hiã tamebubu wɔ seselelãmenyae.

  3. “Gbɔgbɔmenuwo hiã” amegbetɔwo. (Mateo 5:3) Esia lɔ Mawu dzi xɔxɔ se ɖe eme. Eya ta ne ame aɖe gblɔ be Mawu meli o la, eya dzie agba le be wòaɖe nu si tae wòƒo nya ta nenema ɖo la me, ke menye wò agbae o.​—Romatɔwo 1:18-20.

  4. Esɔ le goawo katã me be míaxɔ Mawu dzi se. Esia wɔ ɖeka kple nyateƒenya aɖe si dzi woɖo kpee, si nye be nu gbagbe mate ŋu adzɔ le eɖokui si o. Kpeɖodzi aɖeke meli be nu gbagbe ate ŋu adzɔ le eɖokui si tso nu si me agbe mele o me o.

Ekema nya kae nàte ŋu agblɔ ne ame aɖe tsɔ nya ɖe ŋuwò be mesɔ be nàxɔ Mawu dzi ase o? Kpɔ nu siwo nàte ŋu awɔ dometɔ ʋɛ aɖewo ɖa.

Ne ame aɖe gblɔ be: “Ame manyagbalẽwo koe xɔa Mawu dzi se.”

Àte ŋu aɖo eŋu nɛ be: “Èda asi ɖe susu totro ma dzi ŋutɔŋutɔa? Nye ya nyemeda asi ɖe edzi o. Le nyateƒe me la, esi wobia gbe nufialagã 1,600 siwo tso yunivɛsiti xɔŋkɔ vovovowo me la, ne woma wo me ɖe akpa etɔ̃ la, akpa ɖeka gblɔ be yewomenye mawudzimaxɔselawo loo alo ame siwo bunɛ be womate ŋu anya ne Mawu li o. a Àyɔ nufialagã mawo be wonye ame manyanuwo le esi woxɔ Mawu dzi se ta?”

Ne ame aɖe gblɔ be: “Ne Mawu li la, ke nu ka tae fukpekpe li alea gbegbe?”

Àte ŋu aɖo eŋu nɛ be: “Ewɔ nam be èdi be yeagblɔ be yemesea Mawu ƒe nuwɔnawo gɔme o​—alo le go sia me la, ewɔ na wò abe mele naneke wɔm tso nɔnɔmeawo ŋu o ene. Alo menye nenemae oa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Meva ke ɖe nu si tae fukpekpewo li alea gbegbe ɖo la ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo ŋu. Gake ehiã be nàdzro Biblia ƒe nufiafia geɖewo me hafi nàte ŋu ase nya sia gɔme. Àdzɔ dzi na wò be yeasrɔ̃ nu geɖe wua?”

a Nyatsoƒe: Social Science Research Council, “Religion and Spirituality Among University Scientists,” si Elaine Howard Ecklund ta, February 5, 2007.