Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Nuxaxa Nu?

Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Nuxaxa Nu?

 Ðe xɔwò alo wò ƒometɔ kplikplikpli aɖe ku nyitsɔ laa? Ne nenemae la, nyati sia akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe nuxaxa nu.

Nyati sia adzro nya siawo me

 Ðe megale nu xam akpã?

 Le ame geɖe gomea, ne woƒe ame vevi aɖe kua, woxaa nu vevie ɣeyiɣi didi aɖe.

 “Ŋkeke aɖeke meva yi si nyemesusu tɔgbuinye o. Togbɔ be eku ƒe eve sɔŋ ye nye esia hã, mefaa avi kokoko ne mele nu ƒom tso eŋu.”—Olivia.

 “Mamanyee dea dzi ƒo nam be maɖo nye taɖodzinuwo gbɔ, gake menɔ agbe kpɔ taɖodzinu siwo gbɔ meva ɖo la dometɔ aɖeke o. Mexaa nu vevie ne meɖo taɖodzinu aɖe gbɔ elabe mele agbe akpɔ eteƒe o.”—Alison.

 Nuxaxa ate ŋu anyɔ seselelãme vovovowo ɖe mewò. Le kpɔɖeŋu me ame aɖewo gblɔ be:

 “Esime tasinye srɔ̃ kua, ewɔ nuku nam ŋutɔ eye exɔ ɣeyiɣi didi aɖe ŋutɔ hafi meva xɔe se be eku nyateƒe. Emae nye zi gbãtɔ ame vevi aɖe ku nam eye ɖeko wòwɔ nam abe keteke aɖee ƒom ƒu anyi ene.”—Nadine.

 “Medo dziku ɖe tɔgbuinye ŋu vevie esime wòku, elabe metsɔ ɖeke le eƒe lãmesẽ me o togbɔ be míede dzi ƒo nɛ be wòalé be na eɖokui hafi hã.”—Carlos.

 “Nye kple nɔvinye nyɔnu tsitsia koe menɔ anyi hafi mía tɔgbui ku o. Emegbea, mebua fɔ ɖokuinye elabe mesena le ɖokuinye me be nyemete ŋu kpɔe gblɔ nya aɖeke nɛ hafi wòku o.”—Adriana.

 “Míaƒe ƒomea xɔlɔ̃ siwo nye atsu kple asi aɖe ku le ʋufɔku aɖe me. Le esia megbea, ɣesiaɣi si ƒomea me tɔ aɖe do le aƒe me yina teƒe aɖea, mevɔ̃na, elabe mesusuna be eyina kuku ge.”—Jared.

 “Esime mamanye ku ƒe etɔ̃ va yia, etena ɖe dzinye vevie ŋutɔ be nyemete ŋu kpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe eŋu esime wònɔ agbe o.”—Julianna.

 Ne míele nu xam le ame vevi aɖe ƒe ku taa, etea ŋu dzɔna be míaƒe nu kuna, míedoa dziku, bua fɔ mía ɖokui, vɔ̃na eye nu tena ɖe mía dzi vevie. Ne èsena le ɖokuiwò me alea, ka ɖe edzi be vivivia seselelãme siawo dzi aɖe akpɔtɔ. Gake fifia gɔ̃ hã, aleke nàwɔ anɔ te ɖe wò nuxaxa nu?

 Ale si nàwɔ anɔ te ɖe nuxaxa nu

 Gblɔ ale si nèle sesem le ɖokuiwò me na xɔ̃wò aɖe. Biblia gblɔ be xɔlɔ̃ vavã nye ame nɔvi si “wodzi ɖe xaxagbe ŋu.” (Lododowo 17:17) Ne ègblɔ ale si nèle sesem le ɖokuiwò me na xɔ̃wò aɖea, esia akpe ɖe ŋuwò wò dzi nadze eme.

 “Megblẽ kura be ame naxa nu o. Ɣeaɖewoɣi ne wò ɖeka elia, àte ŋu axa nu, gake ne mènya oa, nuxaxa ate ŋu ami wò. Esia tae wònyo be nàɖo dze kple ame aɖe.”—Yvette.

 Ðo ŋku wò ame vevia dzi. Biblia gblɔ be “ame nyui ɖea nu nyui doa goe tso eƒe dzi [me].” (Luka 6:45) Àte ŋu aŋlɔ wò kple wò ame vevia ƒe ɣeyiɣi dodzidzɔname aɖe siwo dzi nèɖo ŋkui la ɖe agbalẽ me faa.

 “Metiae be maŋlɔ nu siwo katã xɔ̃nye fiam hafi ku la ɖe agbalẽ me, eye le mɔ sia nua eƒe nyawo kpɔtɔ le vi ɖem nam. Esia kpe ɖe ŋunye meyi edzi le dzi dom le eƒe kua ta.”—Jeffrey.

 Wɔ nu siwo ana nànɔ lãmesẽ me. Biblia lɔ̃ ɖe edzi be eɖea vi ne ame dea ka me. (1 Timoteo 4:8) Eya ta dze agbagba nànɔ nu siwo me nunyiame lea ɖum, anɔ kame dem eye nànɔ alɔ dɔm nyuie.

 “Nuxaxa ate ŋu ana be màbu nuwo ŋu nyui o, eya ta dze agbagba nàwɔ nu siwo ana nànɔ lãmesẽ me. Mègagbe nuɖuɖu o eye nɔ alɔ dɔm nyuie.”—Maria.

 Kpe ɖe ame bubuwo ŋu. Biblia gblɔ be: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35.

 “Dze agbagba nàwɔ nane atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu, vevietɔ ame siwo hã ƒe ame veviwo ku. Esia ana nàkpɔ nu siwo me tom ame bubuwo hã le.”—Carlos.

 Ðe wò seselelãmewo gblɔ le gbedodoɖa me. Biblia yɔ Yehowa Mawu be “Gbedodoɖasela.” (Psalmo 65:2) Biblia gblɔ hã be Yehowa daa “gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu; eye wòblaa abi na wo.”—Psalmo 147:3.

 “Bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò eye wòana dzi nanɔ ƒowò. Ɣeaɖewoɣia, ŋkeke aɖewo àte ŋu asesẽ wu bubuwo, gake ka ɖe edzi be Yehowa li kpli wò ɣesiaɣi.”—Jeanette.

 Wò nuxaxawo nu mayi gbe ɖeka kple eƒe zãdodo o. Ðo ŋku edzi be ale si ame sia ame xaa nu la to vovo kura. Biblia gblɔ be esi Yakob susu be ye viŋutsu Yosef ku la, “melɔ̃na wofaa akɔ nɛ o.” (1 Mose 37:35) Eya ta megate ɖe dziwò ne ɣeyiɣi aɖe va yi, evɔ wò nuxaxawo nu meyi o.

 “Mekpɔe be nu geɖe nana megaɖoa ŋku mamanyea dzi togbɔ be eku ƒe 15 sɔŋ enye esia va yi hã.”—Taylor.

 Tsɔe be wò ƒu ŋe. Àse veve ŋutɔ, eye axɔ ɣeyiɣi geɖe hafi ƒua natsyã. Gake fifia gɔ̃ hã, ɖɔkta aɖo aɖaŋu aɖewo na wò le nu siwo nànɔ wɔwɔm ale be vivivia nàva haya.

 Míate ŋu atsɔ esia asɔ kple ale si nàwɔ ahaya vivivi tso nuxaxa le wò ame vevi aɖe ƒe ku ta. Exɔa ɣeyiɣi hafi nuxaxa mawo dzi ɖiɖina. Eya ta gbɔ dzi ɖi. De ŋugble tso aɖaŋuɖoɖo siwo ŋu woƒo nu tsoe le nyati sia me ŋu, eye kpɔe ɖa be wo dometɔ kawoe aɖe vi na wò wu hã.