Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Nu Kae Wòle Be Manya Tso Gbɔdɔnuwɔwɔ Ðe Ame Ŋuti Ŋu?​—Akpa 2: Ale Si Nàwɔ Ahaya

Nu Kae Wòle Be Manya Tso Gbɔdɔnuwɔwɔ Ðe Ame Ŋuti Ŋu?​—Akpa 2: Ale Si Nàwɔ Ahaya

 Tenɔnɔ ɖe fɔbubu ame ɖokui nu

 Ŋu kpea ame siwo ŋu wowɔ gbɔdɔnuwo ɖo la dometɔ geɖe vevie. Wobua fɔ wo ɖokuiwo gɔ̃ hã. Bu Karen, si xɔ ƒe 19 fifia eye wowɔ gbɔdɔnuwo ɖe eŋu esime wòxɔ ƒe 6 va se ɖe ƒe 13 la ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Nu si ɖe fu nam wue nye fɔbubu ɖokuinye. Mebiaa ɖokuinye be, ‘Aleke meɖe asi le ɖokuinye ŋu nu sia yi edzi alea gbegbe?’”

 Ne èsena le ɖokuiwò me alea la, bu nya siwo gbɔna ŋu:

  •   Ðevi ƒe ametia kple eƒe seselelãme mesu te hena gomekpɔkpɔ le gbɔdɔdɔ me o. Ðeviwo menyaa naneke tso nuwɔna mawo ŋu o, eya ta womate ŋu agblɔe wòasɔ be woawo ŋutɔwoe lɔ̃ ɖe edzi hafi wodɔ wo gbɔ o. Esia fia be menye ɖeviwo ƒe vodadae wònye ne wowɔ gbɔdɔnuwo ɖe wo ŋu o.

  •   Ðeviwo xɔa ame tsitsiwo dzi sena, eye womenɔa ŋudzɔ ɖe ame gbegblẽwo ƒe aɖaŋu vɔ̃wo ŋu o, eye esia tea ŋu nana be ɖeviwo blena tsia wo si me. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Ðevigbɔdɔlawo nye aɖeŋanɛtɔwo, eye ɖeviwo mate ŋu akpe woƒe numevivinyawo dzi o.”​—The Right to Innocence.

  •   Gbɔdɔdɔ ate ŋu anyɔ ɖe ɖevi me ne wowɔ gbɔdɔnuwo ɖe eŋu. Ne esia dzɔ ɖe dziwò la, ka ɖe edzi be nenemae wowɔ míaƒe ametia be wòawɔ dɔ ne wolé teƒeteƒewo na mí. Esia mefia be esi nènɔ ɖevime la ŋutete nɔ asiwò be nàlɔ̃ ɖe edzi be woadɔ ye gbɔ o, mesɔ hã be woabu fɔ wò be wò ŋutɔe lɔ̃ wodɔ gbɔwò o.

 Aɖaŋuɖoɖo: Bu ɖevi aɖe si xɔ ƒe si nèxɔ ɣemaɣi hafi wowɔ gbɔdɔnuwo ɖe ŋuwò la ŋu. Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe wòasɔ be woabu fɔ ɖevi ma ne wowɔ gbɔdɔnuwo ɖe eŋua?’

 Karen bu nuwo ŋu alea esi wònɔ ɖevi etɔ̃ aɖewo dzi kpɔm, wo dometɔ ɖeka axɔ abe ƒe ade ene​—ƒe mae Karen xɔ esime wote gbɔdɔnuwo wɔwɔ ɖe eŋu. Karen gblɔ be, “Mekpɔ ale si gbegbe ɖeviwo tsi asii, ale si wɔna aɖeke menɔ ŋunye ɣemaɣi o la dze sii.”

 Nyateƒenya: Ame siwo wɔ gbɔdɔnua ɖe ŋuwòe wòle be woabu fɔe. Biblia gblɔ be: “Woabu ame vɔ̃ɖi ƒe vɔ̃ɖinyenye na eya ŋutɔ ɖeɖe ko.”​—Ezekiel 18:20.

 Viɖe si le dzeɖoɖo tso eŋu na ame aɖe me

 Dzeɖoɖo tso nu siwo wowɔ ɖe ŋuwò la ŋu na ame tsitsi aɖe si dzi nèka ɖo la ate ŋu ana nàkpɔ gbɔdzɔe. Biblia gblɔ be: “Xɔlɔ̃ vavã lɔ̃a ame ɣeawokatãɣi, eye ame nɔvi wònye wodzi ɖe xaxagbe ŋu.”​—Lododowo 17:17.

 Anɔ eme be àsusui be ne yemegblɔe na ame aɖeke o la ade ye dzi wu. Ðeko wòva le abe numakɔmakɔ le nyaa dzi va zu gli aɖe si kpɔa tawò tso dzigbagbã bubuwo si me ene. Gake nyae be gli ma si le tawò kpɔm la kee le mɔ xem na kpekpeɖeŋu si ame bubuwo ate ŋu ana wò.

Gli ma si le tawò kpɔm la kee le mɔ xem na kpekpeɖeŋu si ame bubuwo ate ŋu ana wò

 Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Janet va kpɔe be yeƒe dzi dze eme ŋutɔ esi yeɖo dze tso gbɔdɔnu siwo wowɔ ɖe ye ŋu la ŋu na ame aɖe. Egblɔ be: “Nye ame nyanyɛ si dzi meka ɖoe dɔ gbɔnye le nye ɖevime, eye nyemekɔ nu le edzi na ame aɖeke o ƒe geɖe. Gake esi menya ƒo nu tso eŋu na danye ko la, ɖeko wòwɔ abe ɖe wokɔ agba kpekpe aɖe le ta nam ene.”

 Esi Janet bu nu si dzɔ ɖe edzi va yi ŋu la, ese nu si tae wòsesẽna na amewo be woaƒo nu tso gbɔdɔnu siwo wowɔ ɖe wo ŋuti ŋu la gɔme. Egblɔ be: “Enye ŋukpe gã aɖe be ame nagblɔ gbɔdɔnu siwo wowɔ ɖe eŋu la na ame bubu. Gake le gonyeme la, veve si gbegbe mesena esi nyemekɔ nu le nyaa dzi o la wu tsɔtsɔ nam. Ede dzinye wu be megblɔe na ame aɖe kaba.”

 “Gbedaɣi”

 Gbɔdɔnu siwo wowɔ ɖe ŋuwò la ate ŋu ana be nànɔ susu tramatramawo bum ɖe ɖokuiwò ŋu​—le kpɔɖeŋu me, àte ŋu asusui be ye dome gblẽ eye yemele bo aɖeke nu o, ɖeko yeli be ame bubuwo nanɔ gbɔdɔnuwo wɔm ɖe ye ŋu. Mɔnukpɔkpɔ su asiwò azɔ be nàvo tso susu totro mawo si me, eye nàwɔ “gbedaɣi” sia ŋu dɔ wòaɖe vi na wò. (Nyagblɔla 3:3) Nu kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò?

 Srɔ̃ Biblia. Mawu ƒe susuwo le Biblia me, eye ŋusẽ le wo ŋu be woamu “nu siwo li ke sesĩe la aƒu anyi,” esiawo dometɔ ɖekae nye susu totro bubu ɖe ame ɖokui ŋu. (2 Korintotɔwo 10:4, 5) Le kpɔɖeŋu me, xlẽ mawunyakpukpui siwo gbɔna eye nàde ŋugble le wo ŋu: Yesaya 41:10; Yeremiya 31:3; Malaki 3:16, 17; Luka 12:6, 7; 1 Yohanes 3:19, 20.

 Do gbe ɖa. Ne èle sesem le ɖokuiwò me be yemele bo aɖeke nu o alo nèle fɔ bum ɖokuiwò atraɖii la, “dro wò agba ɖe Yehowa dzi” le gbedodoɖa me. (Psalmo 55:22) Magblẽ wò ɖi gbeɖe o!

 Na hamemetsitsiwo nakpe ɖe ŋuwò. Wona hehe ŋutsu Kristotɔ siawo wole “abe sitsoƒe tso ya nu kple bebeƒe tso tsidzadza gã nu ene.” (Yesaya 32:2) Woate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàbu susu nyuiwo ɖe ɖokuiwò ŋu eye nàkpɔ ŋgɔ tẽe.

 De ha kple kpɔɖeŋu nyui ɖolawo. Lé ŋku ɖe ame siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyuiwo le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me ŋu. Lé ŋku ɖe ale si wowɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu la ŋu. Àva kpɔe be menye ame nyanyɛwo katãe gblẽa nu le ame siwo wogblɔna be yewolɔ̃ la ŋu o.

 Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Tanya la kpɔ nu vevi sia dze sii. Tso eƒe ɖevime kee ŋutsu geɖewo dɔa egbɔ. Egblɔ be “Ŋutsu siwo nye nye ame nyanyɛwo la de asi ŋunye.” Gake Tanya va kpɔe dze sii be ŋutsu aɖewo li siwo lɔ̃a ame vavã. Aleke wòwɔ kpɔ esia dze sii?

 Esi Tanya va de ha kple atsu kple asi aɖe siwo nye Kristotɔwo la, eƒe susu trɔ. Egblɔ be: “Mekpɔe dze sii le ŋutsua ƒe nuwɔnawo me be menye ŋutsuwo katãe gblẽa ŋu le ame ŋu o. Ŋutsua kpɔa srɔ̃a ta, eye nenemae Mawu di be wòanɔ hã.” a​—Efesotɔwo 5:28, 29.

a Ne blanuiléledɔ, numaɖumaɖu nyuie ƒe kuxiwo, nu vevi wɔwɔ ame ɖokui, atike vɔ̃ɖiwo zazã, alɔ̃dɔkuxiwo alo ameɖokuiwuwu ƒe susu ɖe kpe na wò la, anyo be nàkpɔ ɖɔkta bibi aɖe si akpe ɖe ŋuwò.