Yohanes 6:1-71

  • Yesu na nuɖuɖu ŋutsu 5,000 (1-15)

  • Yesu zɔ tsi dzi (16-21)

  • Yesu, “agbebolo la” (22-59)

  • Yesu ƒe nyawo ɖia ame geɖe nu (60-71)

6  Le esia megbe la, Yesu tso Galilea-ƒu* si wogayɔna be Tiberia la, yi ɖe eƒe go kemɛ dzi.+  Eye ameha gã aɖe dze eyome,+ elabena wokpɔ nukunu siwo wòwɔ heda gbe le dɔnɔwo ŋu.+  Eya ta Yesu yi to aɖe dzi, eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo bɔbɔ nɔ afi ma.  Ke Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui+ la gogo.  Esi Yesu fɔ mo dzi, eye wòkpɔ be ameha gã aɖe gbɔna ye gbɔ la, ebia Filipo be: “Afi kae míakpɔ abolo le aƒle na ame siawo woaɖu?”+  Ke hã ɖe wògblɔ esia be yeatsɔ adoe kpɔ, elabena eya ŋutɔ nya nu si wɔ ge wòala.  Filipo ɖo eŋu nɛ be: “Abolo denario* alafa eve gɔ̃ hã made wo nu be wo dometɔ ɖe sia ɖe nakpɔ vi aɖe aɖu o.”  Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka si nye Andrea, Simon Petro nɔvi, gblɔ nɛ be:  “Ŋutsuvi aɖe le afii, si si ƒobolo atɔ̃ kple tɔmelã sue eve le. Gake afi kae esia ade na ame gbogbo siawo?”+ 10  Yesu gblɔ be: “Mina ameawo nanɔ anyi.” Gbe mumu geɖe le afi ma, eya ta ameawo nɔ anyi; woanɔ ŋutsu akpe atɔ̃.+ 11  Yesu tsɔ aboloawo, eye esi wòda akpe vɔ la, ema wo na ame siwo bɔbɔ nɔ anyi la, nenema kee wòma tɔmelã sueawo hã na wo, eye ame sia ame xɔ ale si nu wòdi. 12  Ke esi ameawo ɖi ƒo vɔ la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miƒo kakɛ siwo susɔ la nu ƒu, ne naneke dome nagagblẽ o.” 13  Eya ta woƒo wo nu ƒu, eye ƒobolo atɔ̃ siwo ameawo ɖu ƒe kakɛ siwo susɔ la yɔ kusi wuieve. 14  Eye esi ameawo kpɔ nukunu siwo wòwɔ la, wode asi gbɔgblɔ me be: “Vavãe, ame siae nye Nyagblɔɖila si ƒe nya wogblɔ ɖi be ava xexea me la.”+ 15  Ke esi Yesu nya be wogbɔna ye lé ge aɖo fiae la, egaɖe eɖokui ɖe aga yi to la dzi.+ 16  Esi fiẽ ɖo la, eƒe nusrɔ̃lawo ɖi va ƒua nu,+ 17  eye woɖo tɔdziʋu aɖe hekui ɖo ta Kapernaum. Ke zã do xoxo, gake Yesu meva wo gbɔ haɖe o.+ 18  Ƒu la dze agbo elabena ya sesẽ aɖe nɔ ƒoƒom.+ 19  Ke esi woku tɔdziʋua anɔ agbadroƒe etɔ̃* alo ene la, wokpɔ Yesu wòle ƒua dzi zɔm gbɔna ʋua gbɔ, eye vɔvɔ̃ ɖo wo. 20  Ke egblɔ na wo be: “Nyee, migavɔ̃ o!”+ 21  Eye wolɔ̃ be yewoaxɔe ɖe tɔdziʋua me, eye ʋu la va ɖi go ɖe afi si tututu woyina.+ 22  Esi ŋu ke la, ameha si nɔ ƒua ƒe go kemɛ dzi la kpɔ be tɔdziʋu bubu aɖeke mele afi ma o, negbe sue aɖe ko, eye be Yesu meɖo tɔdziʋua kple eƒe nusrɔ̃laawo o, ke boŋ eƒe nusrɔ̃laawo ɖeɖe koe dzo. 23  Ke tɔdziʋuwo tso Tiberia va afi si medidi tso teƒe si woɖu abolo si ta Aƒetɔ la da akpe ɖo la gbɔ o. 24  Eya ta esi ameha la kpɔ be Yesu alo eƒe nusrɔ̃lawo mele afi ma o la, woɖo woƒe tɔdziʋuwo, eye wova Kapernaum be yewoadi Yesu. 25  Esi woke ɖe eŋu le ƒua ƒe go kemɛ dzi la, wobiae be: “Rabi,+ ɣekaɣie nèva ɖo afi sia?” 26  Yesu ɖo eŋu na wo be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, menye esi miekpɔ dzesiwo tae miele diyem ɖo o, ke boŋ esi mieɖu abolo ɖi ƒo tae.+ 27  Miwɔ dɔ, menye ɖe nuɖuɖu si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu si megblẽna o, si naa agbe mavɔ,+ si Amegbetɔvi la ana mi la ta; elabena ame sia ŋue Fofo la, si nye Mawu ŋutɔ, kpɔ ŋudzedze ɖo.”+ 28  Eya ta wobiae be: “Nu kae míawɔ bena míawɔ Mawu ƒe dɔwo?” 29  Yesu ɖo eŋu na wo be: “Mawu ƒe dɔ lae nye be miaxɔ ame si wòdɔ ɖa la dzi ase.”+ 30  Eye wogblɔ nɛ be: “Ekema dzesi+ ka wɔm nèle be míakpɔ ahaxɔ dziwò ase? Dɔ ka wɔm nèle? 31  Mía tɔgbuiwo ɖu mana le gbea dzi,+ abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, ‘Ena abolo wo tso dziƒo woɖu.’”+ 32  Eya ta Yesu gblɔ na wo be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be: Mose mena abolo vavã si tso dziƒo la mi o, ke azɔ la Fofonye na abolo vavã si tso dziƒo la mi. 33  Elabena Mawu ƒe abolo lae nye ame si ɖi tso dziƒo va, eye wònaa agbe xexea.” 34  Eya ta wogblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, nɔ abolo sia nam mí ɖaa.” 35  Yesu gblɔ na wo be: “Nyee nye agbebolo la. Ame si vaa gbɔnye la, dɔ mawui akpɔ o, eye ame si xɔa dzinye sena la, tsikɔ mawui akpɔ gbeɖe o.+ 36  Ke megblɔe na mi bena, miekpɔm, gake miexɔe se o.+ 37  Ame sia ame si Fofo la tsɔ nam la ava gbɔnye, eye ame si vaa gbɔnye la, nyemanyae ɖa akpɔ o;+ 38  elabena meɖi tso dziƒo+ va, menye be mawɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ be mawɔ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu.+ 39  Ke esiae nye ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu be magabú ame siwo katã wòtsɔ nam la dometɔ aɖeke o, ke boŋ mafɔ wo ɖe tsitre+ le ŋkeke mamlɛa dzi. 40  Elabena esiae nye Fofonye ƒe lɔlɔ̃nu be ame sia ame si kpɔa Vi la, eye wòxɔa edzi sena la nakpɔ agbe mavɔ,+ eye mafɔe ɖe tsitre+ le ŋkeke mamlɛa dzi.” 41  Eye Yudatɔwo de asi liʋiliʋĩlilĩ me le eŋu, le esi wògblɔ be: “Nyee nye abolo si ɖi tso dziƒo+ va” la ta. 42  Eye wode asi gbɔgblɔ me be: “Menye Yesu, Yosef vi, ame si fofo kple dada míenya lae nye esia oa?+ Aleke wɔ wòle gbɔgblɔm fifia be, ‘Meɖi tso dziƒo va’?” 43  Yesu ɖo eŋu na wo be: “Midzudzɔ liʋiliʋĩlilĩ le mia nɔewo dome. 44  Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe ɖe Fofo si dɔm ɖa la, hee vɛ,+ eye mafɔe ɖe tsitre le ŋkeke mamlɛa dzi.+ 45  Woŋlɔ ɖe Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽwo me be: ‘Eye Yehowa afia nu wo katã.’+ Ame sia ame si ɖoa to Fofo la, eye wòsrɔ̃a nu tso egbɔ la, vaa gbɔnye. 46  Ame aɖeke mekpɔ Fofo la kpɔ o,+ negbe ame si tso Mawu gbɔ ko; ame siae kpɔ Fofo+ la. 47  Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, ame si xɔe se la, agbe mavɔ le esi.+ 48  “Nyee nye agbebolo la.+ 49  Mia tɔgbuiwo ɖu mana le gbea dzi, gake woku.+ 50  Esiae nye abolo si ɖi tso dziƒo va, eye ame sia ame si aɖu eƒe ɖe la, maku o. 51  Nyee nye agbebolo si ɖi tso dziƒo va. Ne ame aɖe ɖua abolo sia ƒe ɖe la, anɔ agbe tegbee; eye le nyateƒe me la, abolo si mana ɖe xexea ƒe agbe ta lae nye nye ŋutilã.”+ 52  Eya ta Yudatɔwo de asi nyahehe me le wo nɔewo dome be: “Aleke wɔ ame sia atsɔ eƒe ŋutilã ana mí be míaɖu?” 53  Eya ta Yesu gblɔ na wo be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, ne mieɖu Amegbetɔvi la ƒe ŋutilã, eye mieno eƒe ʋu o la, miakpɔ agbe o.*+ 54  Ame si ɖua nye ŋutilã, eye wònoa nye ʋu la, agbe mavɔ le esi, eye mafɔe ɖe tsitre+ le ŋkeke mamlɛa dzi; 55  elabena nye ŋutilã nye nuɖuɖu vavã, eye nye ʋu nye nunono vavã. 56  Ame si ɖua nye ŋutilã, eye wònoa nye ʋu la wɔa ɖeka kplim, eye nye hã mewɔa ɖeka kplii.+ 57  Ale si ko Fofo gbagbe la dɔm ɖa, eye mele agbe le Fofo la ta la, nenema kee ame si ɖuam la, ame ma hã anɔ agbe le tanye.+ 58  Esia nye abolo si ɖi tso dziƒo va. Mele abe esi mia tɔgbuiwo ɖu gake woku la ene o. Ame si ɖua abolo sia la anɔ agbe tegbee.”+ 59  Nya siawoe wògblɔ esime wòle nu fiam le ƒuƒoƒe aɖe le Kapernaum. 60  Esi wosee la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ geɖe gblɔ be: “Tsoo! Nya sesẽ kae nye esia; ame kae ate ŋu ado dzi anɔ nya sia sem?” 61  Ke esi Yesu nya be yeƒe nusrɔ̃lawo le liʋiliʋĩ lĩm le nya sia ŋu la, ebia wo be: “Ðe nya sia ɖia mia nua? 62  Ekema nu kae miawɔ ne miekpɔ Amegbetɔvi la wòyina dziƒo afi si wònɔ tsã?+ 63  Gbɔgbɔ lae naa agbe,+ ŋutilã ya menyo na naneke o. Nya siwo megblɔ na mi la, gbɔgbɔ kple agbee wonye.+ 64  Gake mia dometɔ aɖewo mexɔe se o.” Elabena tso gɔmedzedzea me ke la, Yesu nya ame siwo mexɔe se o kple ame si ava dee asi.+ 65  Egagblɔ be: “Esia tae megblɔ na mi be, ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe ɖe Fofo+ la ɖe mɔ nɛ hafi.” 66  Le esia ta eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ geɖewo trɔ yi nu siwo le megbe la gbɔ,+ eye womegazɔna kplii o. 67  Eya ta Yesu bia Ame Wuieveawo be: “Ðe miawo hã miedi be yewoadzoa?” 68  Simon Petro ɖo eŋu nɛ be: “Aƒetɔ, ame ka gbɔe míadzo ayi?+ Agbe mavɔ nyawo le asiwò.+ 69  Míexɔe se, eye míeva dze sii be wòe nye Mawu ƒe Kɔkɔetɔ la.”+ 70  Yesu ɖo eŋu na wo be: “Ðe menye mi ame wuievee metia oa?+ Gake mia dometɔ ɖeka nye amegɔmezɔla.”*+ 71  Le nyateƒe me la, Yuda, Simon Iskariot vi la, ŋu nya gblɔm wòle; elabena togbɔ be ame sia nye Ame Wuieveawo dometɔ ɖeka hã la, egbɔna ede ge asi.+

Etenuŋɔŋlɔ

Kpɔ Mt 4:18 ƒe etenuŋɔŋlɔ.
Anɔ abe kilometa atɔ̃ alo ade ene. Egɔmeɖeɖe tẽe, “anɔ abe stadio 25 alo 30 ene.” Kpɔ Megbenyawo B14.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “agbe aɖeke mele mia me o.”
Alo, “abosam.”