Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Aleke Mawɔ Aƒo Asa Na Nuŋububu Si Mesɔ O?

Aleke Mawɔ Aƒo Asa Na Nuŋububu Si Mesɔ O?

Aleke nèbua nuwo ŋui?

  • Ðe sia ɖe nyo

    “Medzea agbagba ɣesiaɣi be manɔ dzidzɔ kpɔm eye maɖe dzi ɖi. Nu ka tae nyemaɖo nukomo gbe sia gbe o?”—Valerie.

  • Ðeke menyo o

    “Ne nu nyui aɖe dzɔ la, nu gbãtɔ si vaa susu me nam ye nye be mate ŋu anye nyateƒe o.”—Rebecca.

  • Ale si tututu nyaa le

    “Ne mesusunɛ be nuwo ayi nyuie ɣesiaɣi hafi wova trɔ bubui la, ɖeko dzi aɖe le ƒonye, eye ne mesusunɛ be naneke mayi nyuie o la, ɖeko malé blanui ɣesiaɣi. Nuwo ŋu bubu le mɔ nyuitɔ nu kpena ɖe ŋunye mekpɔa ale si tututu nuwo le.”—Anna.

 Nu ka tae wòle vevie?

Biblia gblɔ be “ame si ƒe dzi le dzidzɔ kpɔm la tua aglo ɣesiaɣi.” (Lododowo 15:15) Eme kɔ ƒãa be, ame siwo ƒoa asa na nuŋububu siwo mesɔ o eye susu nyuitɔ nɔa wo si ɖe agbea ŋu la kpɔa dzidzɔ wu. Azɔ hã, wotea ŋu dzea xɔlɔ̃ geɖe wu. Nya lae nye be, amewo melɔ̃a hadede kple ame siwo léa blanui ɣesiaɣi o.

Aleke kee susu nyuitɔ nɔa asiwò ɖe nuwo ŋui o, agbemenya aɖewo li siwo dzea ŋgɔ mí katã. Le kpɔɖeŋu me:

  • Ðewohĩ èsea nu tso aʋawɔwɔ, nu vlo wɔlawo ƒe amedzidzedze alo hlɔ̃donyawo ŋu zi geɖe le nyadzɔdzɔwo me.

  • Ðewohĩ èle akɔ kpem kple ƒomekuxiwo.

  • Ðikeke mele eme o be, gbɔdzɔgbɔdzɔwo le ŋuwò siwo dzi nèle agbagba dzem be yeaɖu.

  • Xɔ̃wò aɖe hã ate ŋu awɔ nu wòave wò.

Le esi nàŋe aɖaba ƒu kuxi siawo dzi alo atsɔ susu aɖo wo ŋu ale gbegbe be dzi naɖe le ƒowò teƒe la, dze agbagba nàna susu nyuitɔ nanɔ asiwò le nuwo ŋu. Ne èwɔnɛ alea la, akpe ɖe ŋuwò be màva nɔ susu manyomanyowo ŋu bum fũu akpa o, ke boŋ àlɔ̃ ɖe edzi be nenemae agbea le eye dzi maɖe le ƒowò vevie o.

Àte ŋu anɔ te ɖe agbemekuxi siwo le abe tsidzadza sesẽ ene la nu ahaka ɖe edzi be wo nu ava yi

 Nu si nàte ŋu awɔ

  • Da sɔ le ale si nèbua wò gbɔdzɔgbɔdzɔwoe me.

    Biblia gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe aɖeke mele anyigba dzi, si wɔa nu nyui sɔŋ eye mewɔa nu vɔ̃ o.” (Nyagblɔla 7:20) Esi nèle abe amegbetɔ bubu ɖe sia ɖe ko ene tae gbɔdzɔgbɔdzɔwo le ŋuwò eye nèdaa vo ɖo, mefia be èdo kpo nu o.

    Ale si nàbu nuwo ŋu nyuie: Dze agbagba be nàɖu wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi, gake nenɔ susu me na wò be yemede blibo o. Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Caleb gblɔ be: “Le esi manɔ nye vodadawo ŋu bum fũu akpa teƒe la, medzea agbagba boŋ be masrɔ̃ nu tso wo me ale be nye nɔnɔme naganyo ɖe edzi wu.”

  • Mègatsɔ ɖokuiwò sɔ kple ame bubuwo o.

    Biblia gblɔ be: “Migana míanɔ bubu dzodzro dim, anɔ ho ʋlim kple mía nɔewo, ahanɔ ŋu biãm mía nɔewo o.” (Galatiatɔwo 5:26) Ne mia tɔwo tsɔ wɔna siwo womekpe wò na o ŋuti fotowo da ɖe Internet hahoo kadodowo dzi eye nèva le wo kpɔm la, ate ŋu ate ɖe dziwò be womekpe ye o. Ate ŋu ana nàva nɔ xɔ̃wò veviwo bum be wonye yeƒe futɔwo.

    Ale si nàbu nuwo ŋu nyuie: Lɔ̃ ɖe edzi be womakpe ye na hadomewɔna ɖe sia ɖe o. Azɔ hã, ale si nuwo le ŋutɔŋutɔ la ƒe akpa sue aɖe ko ŋuti fotowoe amewo dana ɖe Internet hahoo kadodowo dzi. Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Alexis gblɔ be: “Nu siwo yia edzi la ƒe akpa siwo doa dzidzɔ na ame wu la koe amewo dana ɖe hahoo kadodowo dzi. Ke wogblẽa akpa siwo mewɔa dɔ ɖe ame dzi tututu o ya ɖi.”

  • Nye ŋutifafawɔla—vevietɔ le wò ƒomea me.

    Biblia gblɔ be: “Ne anya wɔ, eye wòanye nu si atso mia gbɔ la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.” (Romatɔwo 12:18) Màte ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe nuwɔnawo dzi o, gake àte ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si wò ŋutɔ nèwɔa nui dzi. Àte ŋu atiae be yeanye ŋutifafawɔla.

    Ale si nàbu nuwo ŋu nyuie: Ðoe kplikpaa be nàgana kuxiwo nado gã ɖe edzi le wò ƒomea me o, ke boŋ be nànɔ anyi kple wò ƒomea me tɔwo le ŋutifafa me, abe ale si wòle be wòanɔ le wò kple ame bubuwo dome ƒomedodowo me ene. Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Melinda gblɔ be: “Ame aɖeke mede blibo o, eye mí katã míedzea agɔ le mía nɔewo dzi ɣeaɖewoɣi. Nu vevitɔ koe nye be míanya ale si míawɔ nui—be míawɔ nu le ŋutifafa me loo alo míawɔe o.”

  • Nye ame si kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu.

    Biblia gblɔ be: “Minye akpedalawo.” (Kolosetɔwo 3:15) Ne èkpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu la, akpe ɖe ŋuwò be nàtsɔ susu aɖo nu siwo le edzi yim nyuie le wò agbe me ŋu, ke menye ɖe nu siwo mele edzi yim nyuie o la ŋu o.

    Ale si nàbu nuwo ŋu nyuie: Wò kuxiwo nenɔ nyanya na wò, gake mègaŋe aɖaba ƒu nu nyui siwo le edzi yim le wò agbe me la dzi o. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Rebecca gblɔ be: “Gbe sia gbe la, meŋlɔa nu nyui ɖeka aɖe si yi edzi le ŋkekea me la ɖe agbalẽ me. Medi be manɔ ŋku ɖom edzi na ɖokuinye be togbɔ be kuxiwo li hã la, nu nyui geɖe li siwo ŋu mate ŋu ade ŋugble le.”

  • Lé ŋku ɖe ame siwo nèdea ha kplii ŋu nyuie.

    Biblia gblɔ be: “Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.” (1 Korintotɔwo 15:33) Ne ame siwo nèdea ha kplii la mebua susu nyuiwo tso amewo ŋu o, wodia vodada le amewo ŋu, eye woléa dziku ɖe dɔme la, woƒe nɔnɔme gbegblẽawo akpɔ ŋusẽ ɖe dziwò.

    Ale si nàbu nuwo ŋu nyuie: Ne xɔ̃wòwo le kuxi sesẽ aɖewo me tom la, nu ate ŋu ate ɖe wo dzi eye woalé blanui hena ɣeyiɣi aɖe. Kpe ɖe wo ŋu, gake mègana woƒe kuxiwo naɖe fu na wò akpa o. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Michelle gblɔ be: “Mele be ame siwo ƒe susu le agbemenyawo ŋu meda sɔ o koe míanɔ ha dem kpli o.”

 Xlẽ nu geɖe wu tso eŋu

Míele ɣeyiɣi si Biblia yɔ be “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ” la me. (2 Timoteo 3:1) Ðe wòsesẽna na wò be susu nyuitɔ nanɔ asiwò ɖe nuwo ŋu le xexe sia si me kuxiwo bɔ ɖo la mea? Xlẽ nyati si nye “Nu Ka Tae Fukpekpe Bɔ Alea Gbegbe?