Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Nu Kae Mawɔ Le Nye Nyɔnyrɔxɔxɔ Megbe?—Akpa 1: Yi Nu Siawo Wɔwɔ Dzi

Nu Kae Mawɔ Le Nye Nyɔnyrɔxɔxɔ Megbe?—Akpa 1: Yi Nu Siawo Wɔwɔ Dzi

 Abe ale si ko ame léa be na eƒe nu veviwo, abe aƒe alo ʋu enea, nenema kee wòle be nàwɔe na wò kple Mawu dome xɔlɔ̃wɔwɔa. Nu kawoe nàwɔ be wò kple Mawu dome xɔlɔ̃wɔwɔa nanɔ sesẽm ɖe edzi le wò nyɔnyrɔxɔxɔ megbe?

Nyati sia adzro nya siawo me

 Nɔ Mawu ƒe Nyaa srɔ̃m

 Mawunyakpukpui vevi: ‘Yi edzi nànɔ ku tsem le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me, eye nànɔ tsitsim le Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ la me.’—Kolosetɔwo 1:10.

 Nu si wòfia: Le wò nyɔnyrɔxɔxɔ megbea, ele be nànɔ Biblia xlẽm eye nànɔ ŋugble dem le nu siwo nèsrɔ̃ la ŋu.—Psalmo 25:4; 119:97.

 Nu si ate ŋu adzɔ: Ɣeaɖewoɣia, madzro wò be yeasrɔ̃ nu o. Ate ŋu awɔ na wò gɔ̃ hã be ye ya nusɔsrɔ̃ medzɔa dzi na ye o.

 Nu si nàte ŋu awɔ: Srɔ̃ nu geɖe tso Biblia me nyati siwo dzɔa dzi na wò ŋu. Wò ŋutɔ wɔ ɖoɖo ɖe ɣeyiɣi si nàtsɔ asrɔ̃ Biblia la kple míaƒe Biblia srɔ̃gbalẽwo ŋu. Gake kpɔ egbɔ be nu siwo ŋu nàwɔ ɖoɖo ɖoa megasɔ gbɔ akpã be woava nye agba na wò o. Ne èle nu srɔ̃m la, wò taɖodzinu nenye be nàyi edzi anɔ Yehowa kple eƒe Nyaa lɔ̃m ɖe edzi. Nusɔsrɔ̃ alea aɖe vi na wò eye ase vivi nɛ.—Psalmo 16:11.

 Kpekpeɖeŋu: Be nu si srɔ̃m nèle naɖe vi na wò geɖe wua, srɔ̃ nua le afi si ɖoɖoezizi le, ale be naneke nagahe wò susu o.

 Èhiã kpekpeɖeŋu geɖe wua?

 Nɔ gbe dom ɖa na Yehowa

 Mawunyakpukpui vevi: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mito gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada dzi miana Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo.”—Filipitɔwo 4:6.

 Nu si wòfia: Dzeɖoɖo kple Mawu fia be míaƒo nu nɛ eye eya hã naƒo nu na mí: Ne èle Biblia xlẽm la, ke efia be Mawu le nu ƒom na wò; eye ne wò hã èdo gbe ɖa nɛ la, ke efia be èle nu ƒom nɛ. Le wò gbedodoɖawo mea, àte ŋu abiae be wòakpe ɖe ŋuwò eye àte ŋu ada akpe nɛ ɖe nu siwo wɔm wòle na wò la ta.

 Nu si ate ŋu adzɔ: Ɣeaɖewoɣia, míesena le mía ɖokui me be míaƒe gbedodoɖawo nye nya ɖeka tɔgbi gbɔgblɔ ko. Àte ŋu ava nɔ sesẽm le ɖokuiwò me be, ‘Ðe Yehowa ɖoa tom ne mèle gbe dom ɖa nɛa? Alo ɖe wòdi be mado gbe ɖa na ye gɔ̃ hã?’—Psalmo 10:1.

 Nu si nàte ŋu awɔ: Le ŋkekea mea, de ŋugble le nu siwo ŋu nàdi be yeado gbe ɖa le. Ne wò nɔnɔmea alo afi si nèle meɖe mɔ be nàdo gbe ɖa wòadidi oa, àte ŋu atiae be yeado gbea ɖa ɣeyiɣi bubu le ŋkekea me. Do gbe ɖa tso nu siwo le vevie na wò ŋutɔ kple ame bubuwo ƒe hiahiãwo ŋu.—Filipitɔwo 2:4.

 Kpekpeɖeŋu: Ne èva de dzesi be wò gbedodoɖawo nye nya ɖeka tɔgbi gbɔgblɔa, do gbe ɖa na Yehowa tso eŋu. Edi be nàgblɔ wò dzimaɖitsitsiwo katã na ye. Esiwo ku ɖe wò gbedodoɖa ŋu hã le eme.—1 Yohanes 5:14.

 Èhiã kpekpeɖeŋu geɖe wua?

 Nɔ nu ƒom tso nu siwo dzi nèxɔ se ŋu na amewo

 Mawunyakpukpui vevi: “Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia dzi nyuie ɣeawokatãɣi. . . . Ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple ame siwo ɖoa to wò la siaa ɖe agbe.”—1 Timoteo 4:16.

 Nu si wòfia: Ne ègblɔa nu siwo dzi nèxɔ se na amewoa, esia ado ŋusẽ xɔse. Eye esia ate ŋu axɔ ame siwo ɖoa to wò kple wò ŋutɔ siaa ɖe agbe.

 Nu si ate ŋu adzɔ: Ɣeaɖewoɣia, akpe lãme na wò be nàgblɔ nu siwo nèsrɔ̃ la na amewo. Vevietɔ ne èdi be yeaɖe gbeƒã le sukua, vɔvɔ̃ ate ŋu aɖo wò.

 Nu si nàte ŋu awɔ: Mègaɖe mɔ be seselelãme manyomanyowo abe vɔvɔ̃ ene nakpɔ ŋusẽ ɖe ale si nèwɔa nui dzi o. Apostolo Paulo gblɔ be: “Ke ne [nyemeɖe gbeƒã nya nyuia] tso dzi me o hã la, wotsɔ aƒedzikpɔkpɔdɔ de asi nam.” (1 Korintotɔwo 9:16, 17) Togbɔ be ɣeaɖewoɣi menɔ bɔbɔe na Paulo be wòaɖe gbeƒã o hã, edze agbagba ɖe gbeƒã elabe enyae be dɔ wònye wode asi na ye.

 Kpekpeɖeŋu: Na dziwòlawo nakpe ɖe ŋuwò nadze xɔ̃ nɔvi aɖe si doa vevie gbeƒãɖeɖedɔa be nàsrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu.—Lododowo 27:17.

 Èhiã kpekpeɖeŋu geɖe wua?

 Nɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo dem

 Mawunyakpukpui vevi: “Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum, ale be míado ŋusẽ mía nɔewo na lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ, eye míaganɔ míaƒe kpekpewo gblẽm ɖi . . . o.”—Hebritɔwo 10:24, 25.

 Nu si wòfia: Susu vevi si tae míeyia kpekpewo ɖoe nye be míasubɔ Yehowa. Gake kpekpeawo dede gaɖea vi na mí le mɔ eve aɖewo hã nu. Gbãa, nɔviwo ade dzi ƒo na le kpekpeawo me. Eye evelia, wò hã ade dzi ƒo na nɔviawo ne èyi kpekpeawo heɖo nya ŋu.—Romatɔwo 1:11, 12.

 Nu si ate ŋu adzɔ: Ɣeaɖewoɣi ne èle kpekpeawo mea, nu bubu aɖewo ate ŋu ahe wò susu eye esia ate ŋu awɔe be nya veviawo matsi susu me na wò o. Alo àva nɔ kpekpeawo dam ƒu ɣeaɖewoɣi le esi sukudɔdeasiwo va le ɣeyiɣi xɔm le asiwò ta.

 Nu si nàte ŋu awɔ: Anyo be nàwɔ wò sukudɔdeasiwo, ke hã dze agbagba nànɔ kpekpeawo dem edziedzi eye nàɖoe wò taɖodzinu be le kpekpeawo mea, yeasrɔ̃ nu vevi aɖe. Ðo nya ŋu le kpekpeawo me. Le kpekpe ɖe sia ɖe megbea, dze agbagba nàte ɖe ame ɖeka aɖe ya teti ŋu nàkafui ɖe dɔdeasi aɖe si wòwɔ alo esi wòɖo nya ŋu ta.

 Kpekpeɖeŋu: Srɔ̃ nu siwo miasrɔ̃ le kpekpea me la do ŋgɔ. Wɔ JW Library® dɔwɔnua ƒe kɔpi eye nàzã eƒe akpa si nye “Kpekpewo” atsɔ adzra ɖo ɖe nu siwo miasrɔ̃ le kpekpeawo me ŋu.

 Èhiã kpekpeɖeŋu geɖe wua?