Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Ðe Wònyo Be Mata Nu Ðe Ŋutia?

Ðe Wònyo Be Mata Nu Ðe Ŋutia?

 Nu ka tae wòdzɔa dzi na amewo?

Ðekakpui si woyɔna be Ryan gblɔ be: “Ewɔna nam be nutata nyakpɔ aɖe ŋutɔe nu siwo wotana ɖe ŋuti la dometɔ aɖewo nyena.”

Susu si tae nèdi be yeata nu ɖe ŋuti ɖo la ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si nèsena le ɖokuiwò me tso nutata ɖe ŋuti ŋu la dzi. Le kpɔɖeŋu me, ɖetugbui si ŋkɔe nye Jillian gblɔ be: “Esime míaƒe sukuvi nyɔnuvi aɖe le ɖevime la, nɔa ku. Eya ta esi wòzu ɖetugbui la, ena wota nɔa ŋkɔ ɖe eƒe ʋuɖome. Ewɔ nam be nutata ɖe ŋuti ma tɔgbi ya nyo ŋutɔ.”

Eɖanye susu ka tae nàdi be yeata nu ɖe ŋuti ɖo o, ele be nàbu eŋuti nyuie hafi ata nu ɖe ŋuti, elabena wometea ŋu ɖenɛ bɔbɔe o! Nya kawoe wòle be nàbia ɖokuiwò ne èle nutata ɖe ŋuti ŋu bum? Eye Biblia me mɔfiame kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me le mɔ nyuitɔ nu?

 Nya kawoe wòle be nàbia ɖokuiwò?

Lãmesẽkuxi kawoe ate ŋu atso eme? Mayo Clinic gblɔ le eƒe nyatakakadzraɖoƒea be, “Nutata ɖe ŋuti dea abi ŋutilã ŋu, esia ate ŋu ana ŋutigbalẽmedɔ kple lãmesẽkuxi bubuwo. Nutsetse nogonogoe aɖewo ƒona ɖe afi si wota nua ɖo. Ɣeaɖewoɣi la, ne abia ku le afi si wota nua ɖo la, abikpaa teƒe fɔa kpo.” Nyatakakadzraɖoƒea gagblɔ be: “Ne dɔlékui siwo woxɔna tso ame bubu ƒe ʋu me dometɔ aɖe le nu si wotsɔ ta nu le ŋutiwò ŋu la, àte ŋu axɔ dɔléle ƒomevi vovovowo.”

Aleke wòana amewo nabu wòe? Aleke ke wòɖale o, amewo anɔ te ɖe wò dzedzeme dzi aƒo nya ta le ŋuwò. Woate ŋu abu wò be ètsi le susu me loo alo ègakpɔtɔ nye ɖevi, ènye ame si ŋu woate ŋu aɖo ŋu ɖo loo alo ame si ŋu womate ŋu aɖo ŋu ɖo o. Nyɔnuvi si ŋkɔe nye Samantha gblɔ be: “Ne mekpɔ ame aɖe ta nu ɖe ŋuti la, mebunɛ enumake dea agbe bliba nɔlawo dome.”

Melanie si xɔ ƒe 18 la hã kpɔ nu bubu aɖe tso nuwɔna sia ŋu. Egblɔ be: “Mesusu be nutata ɖe ŋuti nana be ame ƒe nyonyo megadzena o. Ðeko wòwɔ abe ame siwo taa nu ɖe ŋuti la medina be woakpɔ yewo adze sii o ene, eya ta wotsɔa nu mawo ɣlaa wo ɖokuiwo.”

Adzɔ dzi na wò ɣesiaɣia? Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, lãmekpɔkpɔ alo tsitsi gɔ̃ hã ate ŋu ana be nu siwo nèta ɖe ŋuti la me nahe eye womaganya kpɔ wo. Ðekakpui si ŋkɔe nye Joseph gblɔ be: “Mekpɔ ale si nu siwo amewo ta ɖe ŋuti va nɔna le ƒe geɖe megbe, womenya kpɔna kura o.”

Ðekakpui si ŋkɔe nye Allen si xɔ ƒe 21 gblɔ be: “Zi geɖe la, mexɔa ɣeyiɣi boo hafi nu siwo wota ɖe ŋuti megava nɔa vevie o. Nane si le vevie na amea wòta ɖe ŋuti fifia magava nɔ vevie nɛ le ƒe aɖewo megbe o.”

Nyateƒee Allen to. Nyateƒe lae nye be ne amewo le tsitsim la, nu siwo doa dzidzɔ na wo kple nu siwo wolɔ̃na va trɔna, gake gbedeasi si le nu si wota ɖe ŋuti si ya metrɔna o. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Teresa gblɔ be: “Nyemedi be magatsɔ nutata ɖe ŋuti si ava nɔ ŋku ɖom nye bometsitsi dzi nam hã akpe ɖe nu siwo mewɔ le agbe me siwo ava vem emegbe la ŋu o.”

 Biblia me mɔfiame kawo ŋutie nàbu?

Ame si tsi le susu me daa nuwo kpɔ nyuie hafi tsoa nya me. (Lododowo 21:5; Hebritɔwo 5:14) Eya ta Biblia me mɔfiame siwo gbɔna ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me wòasɔ nyuie le nutata ɖe ŋuti gome.

  • Kolosetɔwo 3:20: “Mi ɖeviwo, miɖo to mia dzilawo le nu sia nu me, elabena esia dzea Aƒetɔ la ŋu nyuie.”

    Nu kae ate ŋu ado tso eme na wò nenye be èle dziwòlawo gbɔ le aƒe me gake gbe woƒe sededewo dzi wɔwɔ?

  • 1 Petro 3:​3, 4: “Migana miaƒe atsyɔ̃ɖoɖo nanye gota gome tɔ, to ɖaƒoƒo kple sikanuwo dodo alo awu xɔasiwo dodo me o, ke boŋ mina wòanye dzi me ƒe ame ɣaɣla si nye gbɔgbɔ fatu si nɔa anyi kpoo la ƒe atsyɔ̃ɖoɖo si megblẽna o, si xɔ asi ŋutɔ le Mawu ŋkume.”

    Èsusu be nu ka tae Biblia te gbe ɖe “dzi me ƒe ame ɣaɣla” dzi alea gbegbe ɖo?

  • 1 Timoteo 2:9: “Nyɔnuwo hã nado awu ɖe nɔnɔme nyui me, le ŋukpekpe kple ŋuɖɔɖo me.”

    Nya “ŋuɖɔɖo” gɔme ɖe? Nu ka tae ŋuɖɔɖo va dea ame dzi emegbe wu nutata ɖe ŋuti?

  • Romatɔwo 12:1: “Miatsɔ miaƒe ŋutilãwo ana wòanye vɔsa gbagbe, si le kɔkɔe, si dzea Mawu ŋu, wòanye subɔsubɔdɔ kɔkɔe si me miazã miaƒe tamebubuŋutete le.”

    Nu ka tae ale si nèléa be na wò ŋutilã le vevie na Mawu?

Le susu siawo ta la, ame geɖe tso nya me be yewomata nu ɖe ŋuti o. Le nyateƒe me la, wova ke ɖe nane si nyo wu nutata ɖe ŋuti ŋu. Teresa, si ƒe nya míegblɔ va yi la gblɔ be: “Ne nyagbe alo nyagbɔgblɔ aɖe doa dzidzɔ na wò vevie alo ame aɖe le vevie na wò ŋutɔ la, ke wɔ ɖe nyagbe ma me nyawo dzi alo gblɔe na amea be ame vevie aɖe ŋutɔe wònye na ye. Le esi nàta nu ɖe ŋuti teƒe la, nɔ agbe ɖe nu si dzi nèxɔ se la nu boŋ.”