Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Nu Ka Tae Wòanyo Be Made Kpekpewo Le Fiaɖuƒe Akpata Me?

Nu Ka Tae Wòanyo Be Made Kpekpewo Le Fiaɖuƒe Akpata Me?

 Yehowa Ðasefowo kpena zi eve kwasiɖa sia kwasiɖa le woƒe ƒuƒoƒewo hesubɔa Mawu. Woyɔa ƒuƒoƒe mawo be Fiaɖuƒe Akpatawo. Nu kawoe yia edzi le afi ma, eye aleke kpekpe siawo aɖe vi na wòe?

 Nu kawoe yia edzi le Fiaɖuƒe Akpatawo me?

 Fiaɖuƒe Akpata nye Biblia srɔ̃ƒe, afi si wosrɔ̃a nu tso ale si woanɔ agbe ɖe Biblia me nyawo nu le. Kpekpe siwo yia edzi la afi ma la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò:

  •   nàsrɔ̃ nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu.

  •   nànya gɔmesese si le egbegbe nudzɔdzɔwo ŋu.

  •   wò agbenɔnɔ naganyo ɖe edzi.

  •    xɔlɔ̃ vavãwo nasu asiwò.

 Ènyaa? Woyɔa afi si Yehowa Ðasefowo kpena le la be Fiaɖuƒe Akpata, elabe wosrɔ̃a nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu le afi ma zi geɖe.—Mateo 6:9, 10; 24:14; Luka 4:43.

 Nu ka tae wòanyo be nàde kpekpeawo?

 Nu siwo nàsrɔ̃ le afi ma la aɖe vi na wò. Biblia ƒe mɔfiame siwo me wodzrona le Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo me la akpe ɖe ŋuwò ‘nàdze nunya.’ (Lododowo 4:5) Esia fia be Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me nyuie le agbe me. Azɔ hã, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ŋuɖoɖo na biabia vevi siwo ku ɖe agbea ŋu, abe esiawo ene:

 Biblia me nuƒo siwo woƒona le míaƒe kwasiɖanuwuwu ƒe kpekpewo me la dometɔ ʋɛ aɖewo ƒe tanyawoe nye esiawo:

  •   Nu Ka Tae Nàna Biblia Nafia Mɔ Wò?

  •   Afi Kae Nàte Ŋu Akpɔ Kpekpeɖeŋu Tsoe Le Xaxaɣiwo?

  •   Nu Si Wɔm Mawu Fiaɖuƒea Le Na Mí Fifia

 “Nye sukuhati aɖe de míaƒe kpekpeawo dometɔ ɖeka. Enɔ anyi ɖe míaƒe ƒomea gbɔ le kpekpea me, eye míena wòkpɔ míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo dzi. Emegbe egblɔ nam be ale si amewo ɖo nya ŋu le kpekpea ƒe akpa si nye nyabiabia kple ŋuɖoɖowo me la wɔ dɔ ɖe ye dzi ŋutɔ. Egblɔ hã be le yewoƒe sɔleme la, Biblia-srɔ̃gbalẽwo mele yewo si abe míawo ene o.”—Brenda.

 Ènyaa? Le Fiaɖuƒe Akpatawo me la, womexɔa ga ɖe vava ta o, eye womedzɔa ga le amewo si hã o.

 Hadede kple ameawo ade dzi ƒo na wò. Biblia gblɔ be susu siwo tae wòle be Kristotɔwo nanɔ ƒu ƒom ɖekae dometɔ ɖekae nye be ‘woanɔ dzi dem ƒo na wo nɔewo.’ (Hebritɔwo 10:24, 25) Le kpekpea me la, míedea ha kple ame siwo Mawu subɔsubɔ le vevie na siwo tsɔa ɖe le eme na ame bubuwo wu woawo ŋutɔ wo ɖokuiwo, eye esia nana míaƒe dzi dzea eme le xexe sia si me ame geɖe dia wo ɖokui tɔ le la me.

 “Ɣeaɖewoɣi kaka makpa le suku la, ɖeɖi tea ŋunye ŋutɔ eye meléa blanui, gake ɣesiaɣi si meyi Fiaɖuƒe Akpata me la, ame siwo medoa goe la nana nye dzi dzea eme. Ne mekpa tso kpekpea yina aƒe me la, dzi dzɔam, eye mekpɔnɛ be mesu te be madze ŋgɔ etsɔ si gbɔna ƒe kuxiwo.”—Elisa.

 Ènyaa? Yehowa Ðasefowo ƒe hame 120,000 kple edzivɔ ye le xexea me godoo, eye wokpena le teƒe vovovo siwo wu 60,000. Ƒe sia ƒe la, wotua Fiaɖuƒe Akpata siwo ade 1,500, ale be wòasu na kpekpea vala siwo le dzidzim ɖe edzi. a

a Ne èdi be yeakpɔ afi si míekpena le la, yi míaƒe nyatakakadzraɖoƒea ƒe akpa si nye “Yehowa Ðasefowo Ƒe Hame Ƒe Kpekpewo,” eye nàzi “Kpɔ Teƒe Si Tsɔ Ðe Mia Gbɔ.”