Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Ðe Kadodo Kple Vivimeŋusẽwo Nye Dzidzɔdonamenu Dzro Koa?

Ðe Kadodo Kple Vivimeŋusẽwo Nye Dzidzɔdonamenu Dzro Koa?

Nu kae nèsusu?

  • Ðe afɔku le eme be ame nate ɣletivimefakaka kpɔ, azã afakaʋuƒowo, alo ayi gbɔgbɔyɔlawo gbɔa?

  • Ðe ŋutinya siwo ku ɖe vivimeŋusẽwo ŋu la nye kpɔɖeŋu ƒe avuwɔwɔ dzro aɖe ko le nyui kple vɔ̃ domea, alo wogayi ŋgɔ wu ema?

Nyati sia adzro nu si tae gbɔgbɔyɔyɔ dzena abe nu nyui ye wònye ene kpakple nu si tae wòle be míakpɔ nyuie le eŋu la me.

 Nu ka tae wòdzena abe nu nyui ene?

Adzɔha siwo wɔa modzakaɖenuwo la wɔa nu siwo ku ɖe vivimeŋusẽwo ŋu la ŋu dɔ ale gbegbe. Esia wɔe be nu mawo va xɔ aƒe ɖe filmwo, television dzi wɔnawo, videofefewo kple agbalẽwo me. Esia wɔe be sɔhɛ geɖe va le ŋku kem ɖe nu siwo ku ɖe ɣletivimefakaka, gbɔgbɔ vɔ̃wo, vampire-wo kple adzewɔwɔ ŋu me. Nu ka tae? Susuawo dometɔ aɖewoe nye esiawo:

  • Ŋkukekeɖenume: Wodina be yewoanya nenye be gbɔgbɔwo li vavã

  • Dzitsitsi ɖe etsɔme ŋu: Wodina be yewoanya nu si adzɔ le etsɔme

  • Kadodo: Wodina be woate kpɔ be yewoaƒo nu kple yewoƒe ame vevi aɖe si ku

Susu mawo megblẽ kokoko ya o. Le kpɔɖeŋu me, le dzɔdzɔme nu la, míedina be míanya ale si etsɔme anɔ eye míesusua míaƒe ame vevi siwo ku. Gake afɔku aɖewo li siwo ŋu wòle be nànɔ ŋudzɔ ɖo.

 Nu ka tae wòle be nàkpɔ nyuie le eŋu?

Biblia xlɔ̃ nu mí vevie be míaƒo asa na nu sia nu si do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ be:

“Woagakpɔ ame aɖeke le dowòme, si [nye] bokɔnɔ, akunyawɔla, nutabiala, dzotɔ, ame si saa gbe dea ame, nukala, afakala alo ŋɔliyɔla . . . o. Elabena ame sia ame si le nu siawo wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa.”—5 Mose 18:10-12.

Nu ka tae Biblia ƒo nu tsi tre ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ŋu vevie nenema?

  • Gbɔgbɔyɔyɔ nana ame va nɔa kadodo me kple gbɔgbɔ vɔ̃wo. Biblia na míenya be mawudɔla aɖewo dze aglã ɖe Mawu ŋu, si wɔe be wova zu eƒe futɔwo. (1 Mose 6:2; Yuda 6) Mawudɔla vɔ̃ɖi mawo, siwo woyɔna be gbɔgbɔ vɔ̃wo la, toa ŋɔliyɔlawo, afakalawo, bokɔnɔwo kple ɣletivimefakalawo dzi blea amewo. Ne míeƒo mía ɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ƒe nuwɔna mawo me la, ekema míeva le xɔlɔ̃ dzem Mawu ƒe futɔwo.

  • Gbɔgbɔyɔyɔ dea alakpadzixɔse si nye be amegbetɔ aɖewo ate ŋu agblɔ etsɔme ɖi la dzi. Ke hã, Mawu koe ate ŋu agblɔ nya sia be: “[Megblɔa] nu si ava dzɔ la tso gɔmedzedzea me ke, kple nu siwo womewɔ haɖe o la fiana tso gbe aɖe gbe ke.”—Yesaya 46:10; Yakobo 4:13, 14.

  • Gbɔgbɔyɔyɔ doa alakpadzixɔse si nye be kukuawo ate ŋu aƒo nu kple agbagbeawo la ɖe ŋgɔ. Gake Biblia gblɔ be: “Kukuawo meganya naneke kura o . . . Dɔwɔwɔ alo ɖoɖowɔwɔ alo sidzedze alo nunya mele Tsiẽƒe, afi si yi ge nàla o.”—Nyagblɔla 9:5, 10.

Le susu mawo ta la, Yehowa Ðasefowo ƒoa asa na nuwɔna siwo do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ. Azɔ hã, woƒoa asa na modzakaɖeɖe siwo me woɖea nuwo abe zombie-wo (alo ame kuku siwo wobe wotrɔna zua amegbetɔwo), vampire-wo (alo ame kuku siwo wobe wodona le zã me va noa ʋu le lãme na ame) kple vivimeŋusẽ ƒe nuwɔna bubuwo ene le. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Maria gblɔ be: “Ne gbɔgbɔyɔyɔ ƒe nuwɔnawo dze le modzakaɖeɖea me la, ke mele be makpɔe o.” a

Abe ale si ko nu vlo wɔla aɖe adze agbagba be yeaflu wò nàsusu be ame bubu aɖee yenye ene la, nenema kee gbɔgbɔ vɔ̃wo wɔa wo ɖokuiwo abe wò ame vevi siwo ku ene

 Nu si nàte ŋu awɔ

  • Ðoe kplikpaa be nàna “dzitsinya nyui nanɔ” asiwo le Yehowa gbɔ to ale si nàƒo asa na nuwɔna alo modzakaɖeɖe ɖe sia ɖe si do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ la dzi.—Dɔwɔwɔwo 24:16.

  • Gblẽ nu sia nu si le asiwò si do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ la dome. Xlẽ Dɔwɔwɔwo 19:19, 20, eye nàde dzesi kpɔɖeŋu nyui si Kristotɔ gbãtɔwo ɖo le go sia me.

Ðo ŋku nya sia dzi: Ne èƒoa asa na nuwɔna kple modzakaɖeɖe siwo do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ la, ke èle eɖem fia kɔte be èle Yehowa ƒe akpa dzi. Eye esia doa dzidzɔ na eƒe dzi!—Lododowo 27:11.

a Esia mefia be glitoto ɖe sia ɖe si menye agbe me nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ o la do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ tẽe o. Ke hã, Kristotɔwo wɔa nu wòsɔna kple woƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee heƒoa asa na nuwɔna alo modzakaɖeɖe ɖe sia ɖe si do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ.—2 Korintotɔwo 6:17; Hebritɔwo 5:14.