Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Aleke Nye Dzedzeme Le?

Aleke Nye Dzedzeme Le?

 Nu ka tae wòle ne nàtsi dzi ɖe nu siwo nèdona la ŋu? Elabena míaƒe nudodowo ƒoa nu tso mía ŋu. Nya kae wò nudodowo gblɔna tso ŋuwò?

 Awudodo ƒe atsyãwo ƒe vodada gã etɔ̃ kple ale si nàwɔ aƒo asa na wo

Vodada #1: Mɔɖeɖe be nyakakamɔnuwo naɖo awu si nàdo la na wò.

 Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Theresa gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, awu siwo le tsia dzi fifia dzɔa dzi nam, elabena wole boblo dom wo vevie. Ne awu ƒe atsyã siwo dom ame geɖewo le va xɔ susu me na wò la, anɔ bɔbɔe be nàdze wo yome.”

 Menye nyɔnuviwo dzi koe boblododowo kpɔa ŋusẽ ɖo o. Agbalẽ aɖe (The Everything Guide to Raising Adolescent Boys) gblɔ be: “Ŋutsuviwo hã tsia dzi ɖe awudodo ƒe atsyãwo ŋu. Wometsina hafi asitsalawo dzea woƒe susu hehe yi asitsanuwo dzi o.”

 Mɔ Nyuitɔ: Biblia gblɔ be: “Ðekemanyala xɔa nya sia nya dzi sena, ke aɖaŋudzela léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖewo katã ŋu.” (Lododowo 14:15) Le ɖekawɔwɔ me kple Biblia me mɔfiame ma la, da awudodo ƒe atsyã siwo dzena le boblododowo me la kpɔ nyuie. Le kpɔɖeŋu me, ne wole boblo dom awu ƒe atsyã aɖe eye wogblɔ le eŋu be awua nana ame ƒe nu léa dzi na ame alo be edodo ana amewo naku ɖe dziwò la, ke bia ɖokuiwò be:

  •  ‘Ame ka tututue wòɖea vi na ne mele awu ƒe atsyã mawo yome?’

  •  ‘Agbe ka ƒomevi nɔlae wòana amewo nabum?’

  •  ‘Ðe agbe ma ƒomevi ɖɔ ame si menye kple nu si dzi mexɔ se ŋutɔŋutɔa?’

 Aɖaŋuɖoɖo: Lé ŋku ɖe awuwo ƒe atsyã siwo wodoa bobloe kple nyakakamɔnu siwo hea susu yia awu mawo dzi la ŋu kwasiɖa ɖeka ko. Agbenɔnɔ ka ƒomevi ƒe dzie wodea ƒo? Ðe wòdzena le wo ŋu be woto ayemɔ aɖe dzi le didim be nàse le ɖokuiwò me be ehiã be wò awudodowo nanɔ atsyã ƒomevi aɖewo koŋ mea? Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Karen gblɔ be: “Ame geɖewo le didim be yewoƒe dzedzeme, awudodowo kple nɔnɔme nade blibo.” Boblodola siwo nya be didi sia le amewo me la tɔa ŋku sɔhɛwo, siwo nye ame siwo wotea ŋu léna bɔbɔe.”

Vodada #2: Amewo yome dzedze.

 “Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Manuel gblɔ be: “Ne awu aɖe va tsia dzi la, ke ame sia ame adi be yeado awu ƒe atsyã ma. Ne mèdo awu ƒe atsyã ma o la, amewo ako wò.” Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Anna hã lɔ̃ ɖe nya sia dzi. Egblɔ be: “Menye atsyã la ŋutɔ ŋue nya ku ɖo o, ke ale si nàwɔ adze amewo ŋue nye nya.”

 Mɔ Nyuitɔ: Biblia gblɔ be: “Midzudzɔ agbenɔnɔ ɖe nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔme nu.” (Romatɔwo 12:2) Le ɖekawɔwɔ me kple nuxlɔ̃ame sia la, lé ŋku ɖe wò awuwo ŋu eye nàbia ɖokuiwò be:

  •  ‘Nu kae nye nu vevitɔ si kpɔa ŋusẽ ɖe awu siwo tɔgbi medina be mado la dzi?’

  •  ‘Ðe ale asi adzɔha siwo wɔa awu siwo medona la xɔ ŋkɔe lae nɔa vevie nama?’

  •  ‘Ðe medi be amewo nalɔ̃ nye nya le awu siwo medona ta?’

 Aɖaŋuɖoɖo: Le esi nàna susu eve ko nanɔ asiwò ku ɖe awudodo ŋu​—eyae nye be, ne yedo awu ƒe atsyã siwo le tsia dzi la amewo alɔ̃ yeƒe nya, gake ne yedo atsyã xoxowo la, amewo malɔ̃ yeƒe nya o ɖeɖe​—la, anyo be nàbu susu etɔ̃lia sia hã ŋu: ka ɖe ɖokuiwò dzi eye nàɖe dzi ɖi. Ne èdo awu heɖe dzi ɖi la, ana nàvo le ɖokuiwò me.

Vodada #3: Bubu be ne yedo awu wònyɔ dzodzro ɖe amewo mee nye nyuitɔ.

 Nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Jennifer gblɔ be: “Le nyateƒe me la, edzroam ɣeaɖewoɣi be mado awu si anyɔ dzodzro ɖe ame me. Awuwo abe awu kpuiwo, awu miamiawo alo awu si me ameti bliboa nɔa dzedzem le ene.”

 Mɔ Nyuitɔ: Biblia gblɔ be: “Migana miaƒe atsyɔ̃ɖoɖo nanye gota gome tɔ  . . . o, ke boŋ mina wòanye dzi me ƒe ame ɣaɣla.” (1 Petro 3:3, 4) Le ɖekawɔwɔ me kple nuxlɔ̃ame sia la, nu kae ana ame ƒe nu nalé dzi na amewo wu​—gotagomenyonyo loo alo ememenyonyo ye?

 Aɖaŋuɖoɖo: Wogblɔna be ‘atsyã si dzɔa dzi na wò wu’ lae sɔ na wò. Nyateƒeae nye be ame geɖewo megada asi ɖe nya ma dzi egbea o. Gake bu eŋu kpɔ:

 Èɖo dze kple ame aɖe kpɔ eye eya ɖeka xɔ nya katã gblɔ eye wònɔ nu ƒom fũu tso eɖokui ŋua? Nublanuitɔe la, amea ŋutɔ menya kura be yeƒe nuwɔna te ɖe dziwò o!

Sɔhɛ ŋutsuvi aɖe le susu hem yi awu si wòdo dzi eye esia ku dzi na sɔhɛ bubuawo

 Ne èdzrana ɖo ɖekematsɔlemetɔe la, ke àɖi ame ma. Wò nudodowo ana amewo nasusui be ele gbɔgblɔm be, ‘Kpɔm ɖa,’ eye esia ana wò ŋutɔ nàdo kpo vovo le ɖokuiwò me alo wò susu katã nanɔ ɖokuiwò ŋu loo alo eve siaa. Ana wòadze na amewo hã be èdi be ame sia ame ƒomevi ƒe susu nava ye dzi faa​—ame gblẽkuwo hã le eme.

 Le esi nànɔ boblo dom nane si dzram mèle o teƒe la, dzra ɖo nyuie. Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Monica gblɔ be: “Be nàdzra ɖo nyuie la, esia mele fiafiam be nàdzra ɖo abe mamawò ene o. Nu si wòfia koe nye be nàdzra ɖo wòade bubu ɖokuiwò kple ame bubuwo ŋu.”