Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Nu Kae Wòle Be Manya Tso Sigaret Kple Shisha Nono Ŋu?

Nu Kae Wòle Be Manya Tso Sigaret Kple Shisha Nono Ŋu?

 “Le nuto si me mele la, asesẽ be nàkpɔ sɔhɛ aɖe si xɔ ƒe 25 si meyɔ atama alo elektrɔnik sigaret kpɔ o.”—Julia.

Nu siwo me míadzro le nyati sia me

 Nu si wòle be nànya

  •   Sigaret wua ame. Nikotin nye aɖinu si koŋ le sigaret me. Ne ame le enom la, eva zua numame nɛ. Le United States Dɔléle Nutsitsi Kple Mɔxexe Ðe Enu Dɔwɔƒea ƒe nya nu la, “le xexea me godoo la, atamanono nye nu siwo koŋ nana amewo dzea dɔ eye wokua kukpo la dometɔ ɖeka, evɔ woate ŋu axe mɔ ɖe enu hafi.”

     “Kɔdzidɔwɔla si ɖea foto dɔnɔwo ƒe lãmee menye, eye mekpɔ ale si sigaret nono gblẽ nu le dɔnɔwo ŋu la ƒe foto geɖewo. Dzudzɔ si gbegbe blana ɖe woƒe ʋukawo me la mele gbɔgblɔ me o. Nyemano siga gbeɖe o, elabe medea asixɔxɔ nye ŋutilã ŋu ŋutɔ.”—Theresa.

     Ènyaa? Aɖi vovovo 7,000 sɔŋue le sigaret me, eye wo dometɔ geɖe nye aɖi wuamewo. Ƒe sia ƒe la, atamanono wɔnɛ be ame miliɔn gbogbo aɖewo dzea dɔ eye wokuna.

  •   Elektrɔnik sigaret alo shisha nono wɔnɛ be amewo gbɔa aɖi wuame ɖe woƒe lãme. Atikeŋutinunyalawo xɔe se be elektrɔnik sigaret alo shisha nono gblẽa nu le ame ƒe dzitodzito ŋu hewua ame. Eye abe sigaret ene la, nikotin le elektrɔnik sigaret alo shisha geɖe hã me. Esi wònye be nikotin zazã va zua numame na ame ta la, wogblɔ be aɖi sia ate ŋu “ana sɔhɛwo nava nɔ atike vɔ̃ɖi bubuwo hã zãm.”

     “Elektrɔnik sigaret alo shisha geɖewo ʋẽna lilili abe kpetike ene, esia na be ɖeviwo kple sɔhɛwo lɔ̃a ezazã eye wobunɛ be magblẽ naneke le yewo ŋu o.”—Miranda.

     Ènyaa? Menye tsidzudzɔ dzro koe dona le elektrɔnik sigaretwo me o. Ke boŋ aɖi gblẽnu vovovowo le dzudzɔ sia me siwo gena ɖe dzitodzitoa me.

 Afɔku siwo le atama, elektrɔnik sigaret kple shisha nono me

  1.  (1) Egblẽa nu le ame ƒe susu kple seselelãme ŋu, vevietɔ le ɖeviwo kple sɔhɛwo gome

  2.  (2) Enana ame ƒe aɖulã tena eye aɖuawo vona

  3.  (3) Enana ame ƒe dzitodzito tena eye wòléa dzidɔ

     Enana be gbɔxi sẽa ŋu na ame

     Enana dɔme ɖua ame eye wòdina be yeatru

 Nu si nàte ŋu awɔ

  •   Nya nyateƒea. Mègaxɔ nya sia nya si wogblɔna la dzi se o. Le kpɔɖeŋu me, amewo gblɔna be elektrɔnik sigaret alo shisha megblẽa naneke le ame ŋu o, ke boŋ ɖe wònana ame ƒe susu dzea akɔ anyi. Wò ŋutɔ ku nu me be nànya nyateƒea.

     Biblia ƒe mɔfiame: “Ðekemanyala xɔa nya sia nya dzi sena, ke aɖaŋudzela léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖewo katã ŋu.”—Lododowo 14:15.

     “Ne èbu nu si gbegbe siga alo shisha nono gblẽna le ame ŋu ŋu la, akpɔe be menye dzidzɔdonamenu koe wònye abe ale si ame ŋkutawo kple sɔhɛwo nana wòdzena ene o, ke boŋ afɔku le eme ŋutɔ.”—Evan.

     Bu nya sia ŋu: Ðe sɔhɛ siwo noa siga alo shisha la kpɔa dzidzɔ ŋutɔŋutɔa? Ðe esia ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woanɔ te ɖe agbemekuxiwo nu fifia kple etsɔme siaa? Alo ɖeko wòawɔe be woƒe kuxiwo nava dzi ɖe edzi boŋ?

  •   Di mɔ nyui siwo dzi nàto aɖu dzimaɖitsitsi dzi. Mɔ nyuitɔ si dzi nàto aɖu dzimaɖitsitsi dzie nye be nàwɔ nu siwo ana nànɔ lãmesẽ me. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu ade kame, axlẽ agbalẽ alo ade ha tuameɖowo kple xɔ̃wò siwo ade dzi ƒo na wò. Ne nu nyui geɖewo xɔ susu me na wò alea la, siga alo shisha nono magava tame na wò gɔ̃ hã o.

     Biblia ƒe mɔfiame: “Nuxaxa le dzi me ɖe wòtea ame ƒe dzi ɖe anyi, ke nya nyui nana dzi kpɔa dzidzɔ.”—Lododowo 12:25.

     “Amewo bui be sigaret kple shisha nono nana yewoŋlɔa yewoƒe kuxiwo be. Ate ŋu ana ame nakpɔ gbɔdzɔe ɣeyiɣi kpui aɖe ya, gake nu si wogblẽna le ame ŋu la nɔa anyi ɣeyiɣi didi aɖe. Nu nyui geɖewo li ame ate ŋu awɔ atsɔ anɔ te ɖe eƒe dzimaɖitsitsiwo nu.”—Angela.

     Bu nya sia ŋu: Nu kawoe nàte ŋu awɔ be nànɔ te ɖe wò dzimaɖitsitsiwo nu? Be nànya nu geɖe la, xlẽ “Sɔhɛwo Biana Be” ƒe nyati si nye “Aleke Mawɔ Aɖu Dzimaɖitsitsi Dzi?

Ne èle atike vɔ̃ɖiwo zãm be yeatsɔ atsi wò dzimaɖitsitsiwo nu la, anɔ ko abe ale si nàdzo adze atsiaƒu me le esi mèdi be tsi naƒo ye o ta; ɖeko wòana wò kuxiwo nadzi ɖe edzi!

  •   De dzesi ame siwo ate ŋu aflu wò eye nàdzra ɖo ɖe eŋu. Amewo ate ŋu aflu wò le suku alo le wò modzakaɖeɖewo me. Woate ŋu ato filmwo, television dzi wɔnawo kple Internet dzi hahokadoƒewo dzi ana wòadze abe sigaret kple shisha nono nye dzidzɔdonamenu ene.

     Biblia ƒe mɔfiame: “Ame tsitsiwo . . . na hehe woƒe nugɔmeseseŋutetewo to wo zazã me, be woate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome.”—Hebritɔwo 5:14.

     “Esi menɔ suku la, nyemenoa siga alo shisha o, eya ta nye sukuhati geɖewo de bubu ŋunye. Esi mena wonya nyuie be nyemewɔa nu siawo o la, woʋlia tanye gɔ̃ hã. Awɔ nuku na wò be ne èna wonya wò nyametsotsowo le nya sia me la, anye takpɔkpɔ na wò.”—Anna.

     Bu nya sia ŋu: Ðe nàte ŋu anɔ te sesĩe ɖe hawòtiwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo nua? Àte ŋu aɖo ŋku ɣeyiɣi siwo me nèwɔ esia le la dzia? Be nànya nu geɖe tso nya sia ŋu la, kpɔ aɖaka si nye “Dzadzraɖo Ðe Hatiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenu Ŋu” le “Sɔhɛwo Biana Be” gbalẽ si le yevugbe me la me, Babla 2 lia, ƒe ta 15 lia.

  •   Tia xɔ̃wòwo le nunya me. Ne xɔ̃wòwo menoa siga alo shisha abe wò ke ene o la, womaɖe fu na wò gbeɖe be nàwɔ nu siawo o.

     Biblia ƒe mɔfiame: “Ame si zɔna kple nunyalawo la, adze nunya, Ke ame si dea ha kple bometsilawo la, eme manyo nɛ o.”—Lododowo 13:20.

     “Edea ame dzi ŋutɔ ne míedze xɔlɔ̃ ame siwo te ŋu ɖua wo ɖokui dzi eye wowɔa nuteƒe. Ne èkpɔ nu nyui siwo dona tso woƒe agbenɔnɔ me la, esia aʋã wò be nàsrɔ̃ wo.”—Calvin.

     Bu nya sia ŋu: Ðe xɔwò kplikplikpliwo kpena ɖe ŋuwò nènɔa agbe nyuia, alo ɖe woƒe nuwɔnawo nana be agbe nyui nɔnɔ sesẽna na wòa?

 Ke ɖe gbekuiyɔyɔ hã gblẽa?

 Ame geɖe gblɔna be gbekuiyɔyɔ megblẽa naneke le ame ŋu o. Gake alakpae!

  •   Gbekuiyɔyɔ te ŋu va zua numame na sɔhɛ siwo zãnɛ eye womega tea ŋu ɖea asi le eŋu o. Numekukuwo ɖee fia be gbekui te ŋu gblẽa nu le ame ƒe susu ŋu keŋkeŋ, eye esia te ŋu wɔnɛ be susua megaɖana o.

  •   United States Ƒe Dɔwɔƒe Si Kpɔa Atike Vɔ̃ɖiwo Zazã kple Susumedɔ Nyawo Gbɔ la gblɔ be, “numekuku ɖee fia be zi geɖe la, ame siwo zãa gbekui kple ame bubuwo dome gblẽna, womedzea agbagba le suku kple woƒe dɔwɔƒewo o, eye agbea mevivia wo nu tututu o.”

     “Edzrom va yi be mano gbekui, elabe medi be nye dzimaɖitsitsiwo naɖiɖi vie. Gake esi mebu ale si wòate ŋu ava zu numame nam, ga si gbegbe magblẽ ɖe eŋu, kple ale si wòagblẽ nu le nye lãmesẽ ŋu la, mekpɔe be ɖeko gbekuiyɔyɔ adzi nye dzimaɖitsitsiwo ɖe edzi boŋ.”—Judah.