Yesaya 48:1-22

  • Mokaka na Israel kple eŋukɔkɔ (1-11)

  • Yehowa atso ɖe Babilon ŋu (12-16a)

  • Mawu ƒe nufiafia ɖea vi (16b-19)

  • “Mido go tso Babilon!” (20-22)

48  Mise nya sia, Yakob ƒe aƒe,Mi ame siwo yɔa Israel ƒe ŋkɔ ɖe mia ɖokui ŋu,+Eye miedzɔ tso Yuda ƒe tsiwo* me,Mi ame siwo tsɔ Yehowa ƒe ŋkɔ le atam kam,+Eye mieyɔa Israel ƒe Mawu la ŋkɔ,Togbɔ be menye le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me o hã.+   Elabena woyɔa du kɔkɔe la ɖe wo ɖokuiwo ŋu,+Eye wodia Israel ƒe Mawu,+Si ŋkɔe nye aʋakɔwo ƒe Yehowa, ƒe kpekpeɖeŋu.   “Megblɔ blemanyawo* na mi tso gbe aɖe gbe ke. Nye ŋutɔ nye nu mee wodo tso,Eye mena wosee.+ Mewɔe zi ɖeka kpata, eye wova eme.+   Elabena menya ale si wò dzi me sẽe,Wò kɔ lia abe gakpo ene, eye wò ŋgonu nye akɔbli,+   Megblɔe na wò tso gbe aɖe gbe ke. Mena nèsee hafi wova dzɔ,Ne màgagblɔ be: ‘Nye legbae wɔe;Nye nu kpakpɛ kple nye galegbae* na wòdzɔ o.’   Èsee, eye nèkpɔ nu siawo katã. Ðe màɖe gbeƒãe oa?+ Tso fifia dzi la, maɖe gbeƒã nu yeyewo na mi,+Nu ɣaɣla siwo wodzra ɖo, siwo mienya o la.   Fifiae mele wo wɔm, eye menye tso blema o,Miese wo ŋkɔ kpɔ abe egbea ene o,Ne màgagblɔ be: ‘Kpɔ ɖa! Menya wo xoxo’ o.   Ao, mèsee kpɔ o,+ mènyae o,Eye wò to meʋu tsã o. Elabena menyae be ame mawɔnuteƒee nènye,+Eye woyɔa wò be ‘vodala tso esime wodzi wò.’+   Ke malé nye dziku nu le nye ŋkɔ ta,+Malé ɖokuinye le ŋuwò le nye kafukafu ta,Eye nyematsrɔ̃ wò o.+ 10  Kpɔ ɖa! Medza ŋuwò, ke menye abe klosalo ene o.+ Medo wò kpɔ* le fuwɔame ƒe nulólokpo me.+ 11  Mawɔe le nye ŋutɔ tanye, ɛ̃ nye ŋutɔ tanyee mawɔe ɖo,+Elabena nu ka tae maɖe mɔ woado vlom?+ Nyematsɔ nye ŋutikɔkɔe na ame bubu aɖeke o.* 12  Oo Yakob kple wò Israel, si meyɔ, miɖo tom. Ame ma koe meganye.+ Nyee nye gbãtɔ; eye nye kee nye mlɔetɔ.+ 13  Nye ŋutɔe tsɔ nye asi ɖo anyigba gɔme anyi,+Eye nye nuɖusie he dziƒowo me.+ Ne meyɔ wo la, wo katã wova tsia tsitre ɖi. 14  Mi katã miƒo ƒu, ne miasee. Wo dometɔ kae gblɔ nya siawo? Yehowa lɔ̃ eya amea.+ Awɔ nu si wòlɔ̃ la ɖe Babilon ŋu,+Eye eƒe alɔ ava Kaldeatɔwo dzi.+ 15  Nyee ƒo nu, eye meyɔe.+ Mekplɔe vɛ, eye eƒe mɔwo adze edzi.+ 16  Mite ɖe ŋunye, ne miase nya sia. Tso gɔmedzedzea me ke la, nyemeƒo nu le bebeme o.+ Mele eteƒe esime wòva eme.” Azɔ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa dɔm kple eƒe gbɔgbɔ. 17  Ale Yehowa, Ame si gbugbɔ wò ƒle, Israel Ƒe Kɔkɔetɔ+ la, gblɔe nye esi: “Nye Yehowae nye wò Mawu,Nyee nye ame si fiaa nu wò be wòaɖe vi na wò,*+Ame si kplɔa wò toa mɔ si dzi wòle be nàto.+ 18  Ne ɖe nàɖo to nye sededewo ɖe!+ Anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene,+Eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.+ 19  Anye ne wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe ke ene,Eye viwòwo asɔ gbɔ abe kekuiwo ene hafi.+ Womaɖe woƒe ŋkɔ ɖa alo atsrɔ̃e ɖa le ŋkunyeme o.” 20  Mido go tso Babilon!+ Misi le Kaldeatɔwo gbɔ! Mitsɔ dzidzɔɣli ɖe gbeƒãe! Mina woasee!+ Mina wòade anyigba ƒe mlɔenu ke.+ Migblɔ be: “Yehowa gbugbɔ eƒe subɔla Yakob ƒle.+ 21  Esi wòkplɔ wo to gbegbe la, tsikɔ mewu wo o.+ Ena tsi do tso agakpe me na wo;Efe agakpe hena tsi si tso eme bababa.”+ 22  Yehowa be: “Ŋutifafa aɖeke meli na ame vɔ̃ɖiwo o.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Agate ŋu afia, “Yuda ƒe dzidzime.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “nu gbãtɔwo.”
Alo, “legba si melólo ga kɔ̀.”
Agate ŋu afia, “Metia wò.”
Alo, “Nyemama nye ŋutikɔkɔe kple ame bubu aɖeke o.”
Alo, “be eme nanyo na wò.”