Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Gbɔdɔnuwɔnawo Kpɔkpɔ (Porno) Ŋu? Ðe Nane Gblẽ Le Dzeɖoɖo Tso Gbɔdɔdɔ Ŋu To Internet Dzi Ŋua?

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Gbɔdɔnuwɔnawo Kpɔkpɔ (Porno) Ŋu? Ðe Nane Gblẽ Le Dzeɖoɖo Tso Gbɔdɔdɔ Ŋu To Internet Dzi Ŋua?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Biblia meƒo nu tso amamaɖeɖenuwo kpɔkpɔ (porno), dzeɖoɖo tso gbɔdɔdɔ ŋu to internet dzi kple nuwɔna mawo ƒomevi bubuwo ŋu tẽe o. Gake ena míenya ale si Mawu sena le eɖokui me ku ɖe nuwɔna siwo doa ame siwo meɖe wo nɔewo ƒe gbɔdɔdɔ kple gbɔdɔdɔ ŋuti susu totrowo ɖe ŋgɔ ŋu la kɔtɛe. Na míakpɔ mawunyakpukpui siawo ɖa:

  •   “Miwu miaƒe ŋutinu siwo le anyigba dzi, le agbe gbegblẽ nɔnɔ, makɔmakɔnyenye, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro, dzodzro vɔ̃, kple ŋubiabiã, si nye trɔ̃subɔsubɔ, la gome.” (Kolosetɔwo 3:5) Gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ (porno) metsia dzodzro vɔ̃wo nu le ame me o, ɖe wònana dzodzro vɔ̃wo nyɔna ɖe ame me boŋ. Enana be ame zua ame makɔmakɔ alo ame ƒoɖi le Mawu ŋkume.

  •   “Ame sia ame si yia edzi nɔa ŋku lém ɖe nyɔnu aɖe ŋu, si na wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.” (Mateo 5:28) Gbɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ nyɔa susu vɔ̃wo ɖe ame me eye wòkplɔa ame dea nu manyomanyo wɔwɔ me.

  •   “Migana woayɔ [gbɔdɔdɔ ƒe] agbe gbegblẽ nɔnɔ kple makɔmakɔnyenye ƒomevi aɖeke alo ŋukeklẽ ŋkɔ teti gɔ̃ hã le mia dome o, abe ale si ko wòdze ame kɔkɔewo ene.” (Efesotɔwo 5:3) Mele be míayɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ atsɔ afe fe teti gɔ̃ hã o, ʋuu keke míahayi ekpɔ ge alo nu xlẽ ge tso eŋuti o.

  •   “Ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo dze ƒãa, eye woawoe nye agbe gbegblẽ nɔnɔ, makɔmakɔnyenye, . . . kple nu siawo tɔgbiwo. Mele nu xlɔ̃m mi ku ɖe nu siawo ŋu do ŋgɔ, abe ale si mexlɔ̃ nu mi do ŋgɔ ene be, ame siwo wɔa nu siawo la, womanyi Mawu ƒe fiaɖuƒe la dome o.” (Galatiatɔwo 5:19-21) Mawu bua ame siwo kpɔa gome le gbɔdɔnyawo gbɔgblɔ le telefon dzi, gbɔdɔnuwo ɖoɖo ɖa to telefon dzi, alo dzeɖoɖo tso gbɔdɔdɔ ŋu to Internet dzi me be wonye ame makɔmakɔwo kple ame ƒoɖiwo. Ne míenɔa nu siawo wɔm la, ate ŋu ana be Mawu magakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu kura o.