Dzo kpo yi emenuwo dzi

Aleke Makpɔ Ðokuinye Ta Tso Ame Siwo Tsɔa Gbɔdɔnuwɔnawo Ðea Fu Na Ame Si Me?

Aleke Makpɔ Ðokuinye Ta Tso Ame Siwo Tsɔa Gbɔdɔnuwɔnawo Ðea Fu Na Ame Si Me?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Kpɔ aɖaŋuɖoɖo siawo siwo me nunya le siwo wotu ɖe Biblia dzi la ɖa:

  1.   Na dɔwɔhatiwo ƒe kadodo ko nanɔ mia dome. Kɔ mo ɖe wò dɔwɔhatiwo eye nàbu wo, gake mègana mia dome nava nɔ kplikplikpli ale gbegbe be amea nasusui be ne yedzi ahiã wò la àlɔ̃ o.​—Mateo 10:16; Kolosetɔwo 4:6.

  2.   Wò awudodo neda sɔ. Ne èdoa awu siwo ahe amewo ƒe susu la, woasusui be ne yewodzi ahiã wò la àlɔ̃. Biblia ɖo aɖaŋu na mí be míado “awu ɖe nɔnɔme nyui me.”—1 Timoteo 2:9.

  3.   Ðɔ ŋu ɖo le ame siwo nèdzea xɔlɔ̃e gome. Ne èdea ha kple ame siwo lɔ̃a ahiãnuwo wɔwɔ ɖe ame ŋu alo lɔ̃na wowɔa ahiãnuwo ɖe wo ŋu la, anɔ eme be amewo awɔe ɖe wò hã ŋuwò.—Lododowo 13:20.

  4.   Tsri nya madzetowo. Ne amewo de asi ‘bometsinyawo kple fefenya madzeto’ gbɔgblɔ me ko la, dzo kpoo.—Efesotɔwo 5:4.

  5.   Ƒo asa na nɔnɔme siwo ate ŋu anye afɔku na wò. Le kpɔɖeŋu me, kpɔ nyuie ne wobia tso asiwò be nànɔ dɔ me le kpakpã vɔ megbe evɔ menye le susu gobi aɖeke hã tae o.—Efesotɔwo 5:4.

  6.   Tɔ afɔ to nàgbe nya na amea tẽe. Ne ame aɖe tsɔ gbɔdɔnyawo le fu ɖem na wò la, gblɔ na amea tẽe be yemedi o. (1 Korintotɔwo 14:9) Àte ŋu agblɔ na amea be: “Èle ɖokuiwò lilim ɖe ŋunye, mele dzi dzɔm nam kura o. Mègawɔe nam azɔ o.” Àte ŋu aŋlɔ lɛta na amea gɔ̃ hã, ɖe nu si yi edzi la me nɛ, gblɔ ale si nèse le ɖokuiwò me nɛ eye nàna wòanya be yemedi be nu ma nagadzɔ o. Ale si agbe nyui nɔnɔ kple yeƒe mawusubɔsubɔ le vevie na ye tae yemedi be wòagawɔ nu ma ɖe ye ŋu azɔ o.​—1 Tesalonikatɔwo 4:3-5.

  7.   Di kpekpeɖeŋu. Ne eyi edzi tsɔ gbɔdɔnyawo le fu ɖem na wò la, ke gblɔe na xɔ̃wò, wò ƒometɔ alo dɔwɔhati aɖe si dzi nèka ɖo. Àte ŋu agblɔe na ame siwo kpena ɖe ame siwo wotsɔ gbɔdɔnyawo le fu ɖem na ŋu la hã. (Lododowo 27:9) Gbedodoɖa kpe ɖe ame siwo wotsɔ gbɔdɔnyawo ɖea fu na dometɔ geɖe hã ŋu. Ne mèdo gbe ɖa kpɔ gɔ̃ hã o la, mègabu ale si gbegbe Yehowa, ame si nye “akɔfafawo katã ƒe Mawu” ate ŋu akpe ɖe ŋuwò la nu tsɛ o.—2 Korintotɔwo 1:3.

 Gbɔdɔnyawo tsɔtsɔ ɖe fu na ame wɔe be dɔwɔƒewo va zu fuɖenameƒe na ame miliɔn geɖewo, gake Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò.