Kolosetɔwo 1:1-29

  • Gbedonamewo (1, 2)

  • Akpedada ɖe Kolosetɔwo ƒe xɔse ta (3-8)

  • Gbedodoɖa hena tsitsi le gbɔgbɔ me (9-12)

  • Kristo ƒe ɖoƒe (13-23)

  • Paulo ƒe dɔ sesẽ wɔwɔ ɖe hamea ta (24-29)

1  Paulo, Kristo Yesu ƒe apostolo to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, kple mía nɔvi Timoteo,+  le esia ŋlɔm na ame kɔkɔewo kple nɔvi nuteƒewɔla siwo wɔ ɖeka kple Kristo le Kolose: Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu mía Fofo gbɔ la, woana mi.  Míedaa akpe na Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo la, ɣesiaɣi ne míele gbe dom ɖa ɖe mia ta,  tso esime míese be miexɔ Kristo Yesu dzi se eye mielɔ̃a ame kɔkɔeawo katã  le mɔkpɔkpɔ si wodzra ɖo ɖi na mi le dziƒowo la ta.+ Mɔkpɔkpɔ sia ŋu nyae miese tsã esime woɖe gbeƒã nya nyui la ŋuti nyateƒea na mi  ale be wòva ɖo mia gbɔ. Ale si nya nyui la le ku tsem hele ta kekem le xexea me katã la,+ nenema ko wòle ta kekem le miawo hã mia dome, tso gbe si gbe miese Mawu ƒe amenuveve la ŋuti nya hekpɔe dze sii nyuie le nyateƒe me.  Nu siae miesrɔ̃ tso mía hati kluvi lɔlɔ̃tɔ Epafra,+ si nye Kristo la ƒe subɔla wɔnuteƒe le mía teƒe la gbɔ.  Ame si gblɔ lɔlɔ̃ si gbɔgbɔ la na mieɖena fiana la hã ŋu nya na mí.  Esia hã tae tso gbe si gbe míesee la, míedzudzɔ gbedodoɖa ɖe mia ta kpɔ o,+ eye míele kukuɖeɖe dzi be, eƒe lɔlɔ̃nu ŋuti sidzedze vavãtɔ+ la nayɔ mi fũu le nunya kple gbɔgbɔ me nugɔmesese+ katã me, 10  be miazɔ ale si dze Yehowa,* ale be miadze eŋu bliboe, esi mieyi edzi le ku tsem le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me, eye miele tsitsim le Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ la me;+ 11  nye didie nye be wòatsɔ eƒe ŋusẽ triakɔ la ado ŋusẽ mi le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋutete la nu,+ ale be miado dzi bliboe le dzigbɔgbɔ blewu kple dzidzɔ me, 12  esi miedaa akpe na Fofo la, ame si na miedze na gomekpɔkpɔ le ame kɔkɔewo ƒe domenyinu+ la me le kekeli la me. 13  Eɖe mí tso viviti ƒe ŋusẽ la me,+ eye wòkplɔ mí yi Via lɔlɔ̃a ƒe fiaɖuƒe la me, 14  ame si dzi woto ɖe mí to tafe la dzi, si fia be wotsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí.+ 15  Eyae nye Mawu makpɔmakpɔ la ƒe nɔnɔme,+ nuwɔwɔwo katã ƒe gbãtɔ;+ 16  elabena eya dzie woto wɔ nu bubu siwo katã le dziƒowo kple anyigba dzi, nu siwo wokpɔna kple nu siwo womekpɔna o,+ woɖanye fiazikpuiwo, alo aƒetɔnyenyewo, alo dziɖuɖuwo, alo ŋusẽwo o. Wowɔ nu bubuwo katã to edzi+ na eya amea. 17  Etre dzɔdzɔ na nu bubuwo katã hã,+ eye eya dzie woto na nu bubuwo katã va dzɔ, 18  eye eyae nye ŋutilã, si nye hame la, ƒe ta.+ Eyae nye gɔmedzedze la, ŋgɔgbevi tso ame kukuwo dome,+ ne wòazu gbãtɔ le nuwo katã me; 19  elabena edze Mawu ŋu be yeana blibonyenye la katã nanɔ eya amea me,+ 20  eye be yeato eya ke dzi adzra ye kple nu bubuwo katã dome ɖo ake,+ esi wòto ʋu+ si Kristo kɔ ɖi le fuwɔameti* la ŋu dzi wɔ ŋutifafa, woɖanye nu siwo le anyigba dzi alo nu siwo le dziƒo o. 21  Le nyateƒe me la, mi ame siwo nɔ adzɔge tsã, eye mienye futɔwo, le esi miaƒe susuwo nɔ dɔwɔwɔ vɔ̃ɖiwo ŋu ta la, 22  Mawu to ame ma ƒe ŋutilã si wokpɔna dzi gadzra mia kplii dome ɖo to eƒe ku me, ne mianye ame kɔkɔewo, mokakamanɔŋutɔwo kple ame siwo ŋu nutsotso aɖeke mele o le eŋkume,+ 23  nenye be mieyi edzi lé xɔse la me ɖe asi,+ woɖo mi ɖe eƒe gɔmeɖoanyi la dzi,+ mieli ke sesĩe,+ eye miena wote mi ɖa tso nya nyui si miese, si woɖe gbeƒãe le nuwɔwɔ siwo katã le dziƒoa te dome la ƒe mɔkpɔkpɔ gbɔ o ko.+ Nya nyui sia ƒe subɔlae nye, Paulo mezu.+ 24  Azɔ la, mele dzidzɔ kpɔm le fu siwo kpem mele le mia ta la me,+ eye mele xaxa siwo susɔ le Kristo ta la me tom le nye ŋutilã me ɖe eƒe ŋutilã,+ si nye hamea la ta.+ 25  Mezu hame sia ƒe subɔla le aƒedzikpɔkpɔdɔ+ si tso Mawu gbɔ, si wonam le mia ta, be maɖe gbeƒã Mawu ƒe nya la bliboe nu, 26  nya ɣaɣla kɔkɔe+ si woɣla tso nuɖoanyi*+ siwo va yi kple dzidzime siwo va yi la me ke. Ke azɔ woɖee fia eƒe ame kɔkɔewo,+ 27  ame siwo wòdze Mawu ŋu be yeana woanya nya ɣaɣla kɔkɔe+ sia ƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnuwo, si nye Kristo si wɔ ɖeka kpli mi, kple eƒe ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ la, le dukɔwo dome.+ 28  Eyae nye ame si míele gbeƒã ɖemee, eye míele nu xlɔ̃m ame sia ame hele nu fiam ame sia ame le nunya katã me, ne míatsɔ ame sia ame aɖo eŋkume bliboe le Kristo me.+ 29  Esia tae mele kutri kum ɖo, eye mele ʋiʋlim le eƒe ŋusẽ si le dɔ dzi sesĩe le menye la nu.+