Mateo 7:1-29

  • TODZIMAWUNYA (1-27)

    • Midzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ (1-6)

    • Minɔ ebiabia, edidi kple ʋɔƒoƒo dzi (7-11)

    • Sikasedede la (12)

    • Agbo xaxɛ la (13, 14)

    • Woƒe kutsetsewoe miatsɔ adze si woe (15-23)

    • Xɔ si wotu ɖe agakpe dzi, xɔ si wotu ɖe ke dzi (24-27)

  • Amehawo ƒe nu ku le Yesu ƒe nufiafia ta (28, 29)

7  “Midzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃,+ ne woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o;  elabena ale si miedrɔ̃a ʋɔnui la, nenema kee woadrɔ̃ ʋɔnu miawo hã,+ eye dzidzenu si mietsɔ le nu dzidzem la kee woatsɔ adzidzee na mi.+  Ekema nu ka tae nèkpɔa ati fefee si le nɔviwò ƒe ŋku dzi, gake mèkpɔa atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi ya o?+  Alo aleke wɔ nàgblɔ na nɔviwò be: ‘Na maɖe ati fefee la ɖa le ŋku dzi na wò,’ evɔ kpɔ ɖa, atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi?  Alakpanuwɔla! Ðe atikpo la ɖa le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã, ekema àte ŋu akpɔ nu nyuie aɖe ati fefee si le nɔviwò ƒe ŋku dzi la.  “Migatsɔ nu siwo le kɔkɔe la na avuwo o, eye migatsɔ miaƒe dzonu xɔasiwo ƒu gbe ɖe hawo ŋkume o,+ ne woaganya avuzi le wo dzi, eye emegbe woatrɔ avuvu mi o.  “Minɔ ebiabia dzi, eye woana mi;+ minɔ edidi dzi, eye miakpɔe; minɔ ʋɔƒoƒo dzi, eye woaʋui na mi;+  elabena ame sia ame si le nu biam la, exɔnɛ;+ eye ame sia ame si le nu dim la, ekpɔnɛ; eye ame sia ame si le ʋɔ ƒom la, woaʋui nɛ.  Mia dometɔ kae li, ne via bia aboloe la, wòatsɔ kpe ade esi? 10  Alo ne ebia tɔmelãe la, wòatsɔ da ade esi? 11  Eya ta ne mi ame vɔ̃ɖiwo kura gɔ̃ hã mienya ale si miana nunana nyuiwo mia viwo la, ɖe mia Fofo si le dziƒo la mana nu nyuiwo+ ame siwo bianɛ la geɖe wu oa?+ 12  “Eya ta nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.+ Le nyateƒe me la, nu siae Se la kple Nyagblɔɖilawo ƒe nyawo fia.+ 13  “Mito agbo xaxɛ la nu yi ɖe eme,+ elabena agbo la keke eye mɔ si kplɔa ame yia tsɔtsrɔ̃ me la le gbadza, eye ame geɖewoe toa enu yina; 14  ke agbo la le xaxɛe eye mɔ la hã xaxa, si kplɔa ame yia agbe me, eye ame ʋɛ aɖewo koe kpɔnɛ.+ 15  “Mikpɔ nyuie le aʋatsonyagblɔɖila+ siwo vaa mia gbɔ le alẽgbalẽ me,+ evɔ le ememe la, wonye amegãxi nyanyrawo la ŋuti.+ 16  Woƒe kutsetsewoe miatsɔ adze si woe. Womegbea waintsetsewo le aŋɔkawo dzi alo gbowo le srẽwo dzi gbeɖe o ɖe?+ 17  Nenema kee ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui, gake ati manyomanyo tsea ku manyomanyo.+ 18  Ati nyui mate ŋu atse ku manyomanyo o, eye ati manyomanyo hã mate ŋu atse ku nyui o.+ 19  Ati sia ati si metsea ku nyui o la, wolãnɛ dea dzo me.+ 20  Eya ta woƒe tsetsewoe miatsɔ adze si woe.+ 21  “Menye ame sia ame si le gbɔgblɔm nam be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ,’ ye ayi ɖe Dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe ame si le Fofonye si le dziƒowo ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe.+ 22  Ame geɖewo agblɔ nam le ŋkeke ma dzi be: ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ,+ ɖe míegblɔ nya ɖi le wò ŋkɔ me, eye míenya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le wò ŋkɔ me, eye míewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le wò ŋkɔ me oa?’+ 23  Ke nye hã maʋu eme na wo bena: ‘Nyemenya mi kpɔ o! Mi sedzimawɔlawo, mite ɖa le gbɔnye!’+ 24  “Eya ta ame sia ame si sea nye nya siawo, eye wòwɔa wo dzi la, anɔ abe ŋutsu dzeaɖaŋu si tu eƒe xɔ ɖe agakpe dzi la ene.+ 25  Eye tsi gã aɖe dza, tɔwo ɖɔ, eye ya ƒo va lɔ xɔ ma, gake memu o, elabena woɖo egɔme anyi ɖe agakpe dzi. 26  Ke ame sia ame si sea nye nya siawo, eye mewɔa wo dzi o la, anɔ abe ŋutsu tsibome si tu eƒe xɔ ɖe ke dzi la ene.+ 27  Eye tsi gã aɖe dza, tɔwo ɖɔ, eye ya ƒo va lɔ xɔ ma,+ eye wòmu dze anyi gbloo.” 28  Esi Yesu wu nya siawo nu la, amehawo ƒe nu ku le eƒe nufiafia la ta,+ 29  elabena efia nu wo abe ame si si ŋusẽ le ene,+ ke menye abe woƒe agbalẽfialawo ene o.

Etenuŋɔŋlɔ