Hebritɔwo 13:1-25

  • Nyataƒonya, nuxlɔ̃ame kple gbedonamewo (1-25)

    • Migaŋlɔ amedzrowɔwɔ be o (2)

    • Mina bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe ŋu (4)

    • Miɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la (7, 17)

    • Mitsɔ kafukafuvɔsa na (15, 16)

13  Mina miaƒe nɔvilɔlɔ̃ nayi edzi ɖaa.+  Migaŋlɔ amedzrowɔwɔ be o,+ elabena to esia me ame aɖewo wɔ amedzro na mawudɔlawo, evɔ woawo ŋutɔwo menya o.+  Minɔ ŋku ɖom ame siwo le gaxɔ me la dzi+ abe ɖe miawo hã miele gaxɔ me kpli wo ene,+ kple ame siwo wole fu wɔmee, esi miawo ŋutɔwo hã miele ŋutilã me ta.*  Mina bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe ŋu le amewo katã dome, eye woagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o,+ elabena Mawu adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu* me kple ahasiwɔlawo.+  Mina miaƒe agbenɔnɔ navo tso galɔlɔ̃ me,+ eye nu siwo le mia si fifia la nadze mia ŋu.+ Elabena egblɔ be: “Nyemaɖe asi le ŋuwò akpɔ o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o.”+  Ale be dzi naɖo mía ƒo bliboe míagblɔ be: “Yehowa* ye nye nye kpeɖeŋutɔ; nyemavɔ̃ o. Nu kae amegbetɔ ate ŋu awɔm?”+  Miɖo ŋku ame siwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la dzi,+ ame siwo gblɔ Mawu ƒe nya la na mi, eye esi miele nu siwo do tso woƒe agbenɔnɔ me ŋu bum la, misrɔ̃ woƒe xɔse.+  Ame si Yesu Kristo nye la kee wònye etsɔ kple egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me.  Migana nufiafia manyatalenu vovovowo nakplɔ mi atrae o, elabena enyo be woatsɔ amenuveve ali ke dzi la, ke menye nuɖuɖu,* siwo meɖea vi aɖeke na ame siwo tsɔe ɖo nɔƒe vevitɔ la o.+ 10  Vɔsamlekpui aɖe le mía si, si ame siwo wɔa subɔsubɔdɔ kɔkɔe le agbadɔa me la mekpɔ mɔ aɖu edzi nu o.+ 11  Elabena wotɔa dzo nuvɔ̃vɔsalã siwo ƒe ʋu nunɔlagã la tsɔna yia kɔkɔeƒea la ƒe lã bliboa le asaɖa la godo.+ 12  Esia tae Yesu hã kpe fu le dua ƒe agbo la godo ɖo,+ ale be wòatsɔ eya ŋutɔ ƒe ʋu akɔ dukɔ la ŋu.+ 13  Eya ta mina míayi egbɔ le asaɖa la godo, ne woado ŋukpe mí abe ale si wodo ŋukpe eya hã ene,+ 14  elabena du aɖeke mele mía si le afi sia si anɔ anyi ɖaa o, ke boŋ míele esi gbɔna la dim vevie.+ 15  Mina míato eya amea dzi atsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam ɣesiaɣi,+ si nye míaƒe nuyi+ si míetsɔ ʋua eƒe ŋkɔ me le dutoƒo la ƒe kutsetse.+ 16  Eye migaŋlɔ nyuiwɔwɔ kple nunana amewo hã be o,+ elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu ŋutɔ.+ 17  Miɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la,+ eye mibɔbɔ mia ɖokui na wo,+ elabena wole mia* ŋu dzɔm, abe ame siwo ana akɔnta ene,+ ne woawɔ esia kple dzidzɔ, eye menye kple hũɖeɖe o, elabena esia agblẽ nu le mia ŋu. 18  Minɔ gbedodoɖa dzi ɖe mía ta, elabena míeka ɖe edzi be dzitsinya nyui le mía si, elabena míedina be míaɖi anukware le nuwo katã me.+ 19  Ke mele dzi dem ƒo na mi vevie be mianɔ gbe dom ɖa, ale be woaɖe asi le ŋunye na mi kpuie. 20  Ŋutifafa ƒe Mawu, ame si fɔ alẽawo ƒe kplɔla gã,+ si nye mía Aƒetɔ Yesu, tso ame kukuwo dome hekpe ɖe nubabla mavɔ ƒe ʋu la ŋu la, 21  natsɔ nu nyui sia nu nyui adzra mi ɖo, be miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nu si dze eŋu la le mía me to Yesu Kristo dzi, ame si tɔ nanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen. 22  Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, be mialɔ̃ faa axɔ dzideƒonamenya sia, elabena le nyateƒe me la, agbalẽ kpui aɖe koe meŋlɔ na mi. 23  Medi be mianyae be woɖe asi le mía nɔvi Timoteo ŋu. Ne eva ɖo kaba la, nye kplii míava kpɔ mi ɖa. 24  Mido gbe na ame siwo katã le ŋgɔ xɔm le mia dome kple ame kɔkɔewo katã nam. Ame siwo le Italia+ la do gbe na mi. 25  Mawu ƒe amenuveve nanɔ kpli mi katã.

Etenuŋɔŋlɔ

Agate ŋu afia, “abe ɖe miawo ŋutɔwo hã miele fu kpem kpli wo ene.”
Helagbe, pornia. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Efia nuɖuɖu siwo wotsri le Mose ƒe Se la me.
Alo, “miaƒe luʋɔwo.”