Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SƆHƐWO

Ale Si Nàwɔ Anɔ Te Ðe Tɔtrɔwo Nu

Ale Si Nàwɔ Anɔ Te Ðe Tɔtrɔwo Nu

KUXIA

  • Tɔwò ƒe dɔa bia be miaƒe ƒomea naʋu ayi afi bubu.

  • Xɔwò vevitɔ ʋu yina teƒe didi aɖe.

  • Nɔviwo tsitsitɔ le srɔ̃ ɖe ge aʋu le aƒea me.

Aleke nàwɔ atrɔ ɖe nɔnɔme siawo ŋu?

Ati si tea ŋu trɔna ɖe afi si ya le ƒoƒom ɖo tae lae nɔa te. Abe ati ma ene la, wò hã àte ŋu asrɔ̃ ale si nànɔ te ɖe tɔtrɔ siwo ava si ŋu màte ŋu awɔ nu boo aɖeke le o la nu. Hafi míadzro ale si nàte ŋu atrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu me la, na míade ŋugble tso nu ʋɛ aɖewo siwo wòle be nànya tso tɔtrɔwo ŋu la ŋu.

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Tɔtrɔwo ava godoo. Biblia gblɔ nyateƒenya vevi aɖe tso amegbetɔwo ŋu be: “Azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.” (Nyagblɔla 9:11) Nya sia ava eme le wò hã gowòme godoo. Le nyateƒe me la, menye nuɖiɖeamewo katãe gblẽ o. Tɔtrɔ aɖe si dze abe menyo le gɔmedzedzea me o ene la ate ŋu ava ɖe vi. Ke hã le ame geɖe gome la, nu siwo wowɔ wòma wo koe nɔa bɔbɔe na wo, eya ta ne tɔtrɔ aɖe va eɖanye nyui alo vɔ̃ o, tɔtrɔ ɖe eŋu sesẽna na wo.

Menɔa bɔbɔe na sɔhɛwo be woanɔ te ɖe tɔtrɔwo nu o. Nu ka tae? Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Alex * gblɔ be, “tɔtrɔ aɖewo le vavam le ametia ŋu xoxo. Eya ta ne tɔtrɔwo tso teƒe bubuwo gava la, tenɔnɔ ɖe wo nu menɔa bɔbɔe o.”

Susu bubu aɖe hãe nye esi: Ne tɔtrɔwo va ame tsitsiwo ƒe agbe me la, ale si wonɔ te ɖe nɔnɔme aɖe si sɔ kple ema nu va yi la kpena ɖe wo ŋu. Gake le sɔhɛwo ya gome la, wometo nɔnɔme mawo tɔgbi me kpɔ boo o.

Àte ŋu asrɔ̃ ale si nàtrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu. Tenɔnɔ sesĩe kpena ɖe mía ŋu dzi meɖena le mía ƒo ne nya vɔ̃ aɖe dzɔ loo alo nɔnɔmeawo trɔ na mí o. Menye dzi koe ame si nɔa te sesĩe dona o, ke ekpɔa nu nyui aɖewo le tɔtrɔ si va eƒe agbe me hã ŋu. Sɔhɛ si nɔa te sesĩe la, manɔ bɔbɔe be wòatrɔ ɖe atike vɔ̃ɖi alo aha muame ŋu ne nɔnɔmeawo sesẽ nɛ o.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Lɔ̃ ɖe edzi be tɔtrɔwo ava. Ðikeke mele eme o be àdi be yeakpɔ ŋusẽ ɖe yeƒe agbe dzi bliboe, gake esia manya wɔ o. Xɔwòwo aʋu adzo alo woaɖe srɔ̃; nɔviwòwo atsi ahadzo le aƒe me; nɔnɔmeawo ate ŋu abia be miaƒe ƒomea naʋu eye esia awɔe be nàdzo le xɔwòwo kple nu bubu siwo wɔwɔ ma wò la gbɔ. Anyo be nàlɔ ɖe edzi be tɔtrɔwo ava godoo tsɔ wu be nànɔ dziɖeleameƒonuwo ŋu bum.—Biblia ƒe mɔfiame: Nyagblɔla 7:10.

Kpɔ ŋgɔ tẽe. Ne wò susu le ale si nuwo nɔ va yi ŋu la, ɖeko wòle abe ame si le du ƒum gale megbe kpɔm ene. Ɣeaɖewoɣi ŋkuɖoɖo ale si nuwo nɔ va yi dzi la ɖea vi, gake ele be nàkpɔ ŋgɔ tẽe le mɔa dzi. Esia nye nyateƒe ne tɔtrɔwo va le wò agbe me. Dze agbagba nàna wò susu nanɔ etsɔme ŋu. (Lododowo 4:25) Le kpɔɖeŋu me, taɖodzinu ka gbɔe nàdi be yeaɖo le ɣleti si gbɔna me alo le ɣleti ade siwo gbɔna me?

Wò susu nènɔ nu nyuiwo ŋu. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Laura gblɔ be: “Nɔnɔme si le asiwò ye akpe ɖe ŋuwò nànɔ te sesĩe. Kpɔ nu nyui aɖe le nɔnɔme si me nèle la ŋu.” Àte ŋu akpɔ nu ɖeka aɖe si nyo le nɔnɔme si me nège ɖo fifia la ŋua?—Biblia ƒe mɔfiame: Nyagblɔla 6:9.

Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Victoria gblɔ be, le yeƒe ƒewuiwo me la, ye xɔlɔ̃ veviwo katã ʋu dzo. Egblɔ be: “Metsi akogo, eye nyemedi be nuwo natrɔ hafi o. Gake ne metrɔ kpɔ megbe la, ɣemaɣie mete tsitsi le susu me. Meva kpɔe be ne míele tsitsim la tɔtrɔwo ava. Ɣemaɣie mekpɔe be mate ŋu adze xɔlɔ̃ yeyewo hã.”—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 27:10.

Ne wò susu le ale si nuwo nɔ va yi ŋu la, ɖeko wòle abe ame si le du ƒum gale megbe kpɔm ene

Kpe ɖe amewo ŋu. Biblia gblɔ be: “Miaganɔ miawo ŋutɔ miaƒe nyonyo ko dim o, ke miadi ame bubuwo hã ƒe nyonyo.” (Filipitɔwo 2:4) Kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu woakpɔ ta na woƒe kuxiwo akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ta na tɔwòwo. Anna si xɔ ƒe 17 gblɔ be: “Esi menɔ tsitsim la, mekpɔe be eɖea vi nam ne mekpe ɖe ame aɖe si le nɔnɔme si tututu me tom mele alo esi sesẽ wu ema la ŋu!”

^ mm. 11 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.