Nyagblɔla 7:1-29

  • Ŋkɔ nyui kple kugbe (1-4)

  • Nunyala ƒe mokaname (5-7)

  • Nu ƒe nuwuwu nyo wu eƒe gɔmedzedze (8-10)

  • Nunya ƒe viɖe (11, 12)

  • Ŋkeke nyuiwo kple ŋkeke vɔ̃wo (13-15)

  • Mègawɔ nu wòagbɔ eme o (16-22)

  • Nyagblɔla la lé ŋku ɖe nuwo ŋu (23-29)

7  Ŋkɔ nyui* nyo wu ami xɔasi,+ eye kugbe nyo wu dzigbe.  Kuƒemeyiyi* nyo wu aglotuƒeyiyi,+ elabena afi kemɛa nye amegbetɔwo katã ƒe nuwuƒe, eye ele be wòade dzi gbɔ na agbagbeawo.  Nuxaxa nyo wu nukoko,+ elabena ne mo lé blanui la, ewɔa dɔ ɖe ame ƒe dzi dzi wu.+  Nunyalawo ƒe dzi le aƒe si me konyifafa le, ke bometsilawo ƒe dzi le aƒe si me aglotutu le.*+  Nunyala ƒe mokaname sese+ nyo wu bometsilawo ƒe kafukafuha sese.  Elabena ale si ŋùti wóna kpotokpoto le ze gɔmee la, nenemae bometsila ƒe nukoko le;+ esia hã toflokoe.  Gake ameteteɖeanyi ate ŋu ado aɖaʋa nunyala, eye zãnuxɔxɔ gblẽa ame ƒe dzi.+  Nu ƒe nuwuwu nyo wu eƒe gɔmedzedze. Dzigbɔɖitɔ nyo wu dadala.+  Mègayɔ* ɖe dzikudodo ŋu o,+ elabena bometsilawo ƒe akɔtae dziku nɔna.*+ 10  Mègabia be, “Nu ka tae tsãŋkekewo nyo wu fifitɔwo?” hã o, elabena mèle biabiam le nunya me o.+ 11  Nunya si ŋu domenyinu kpe ɖo la, nu nyui aɖee wònye, eye viɖenue wònye na ame siwo kpɔa ɣe ƒe keklẽ.* 12  Elabena nunya kpɔa ame ta,+ abe ale si ko ga hã kpɔa ame ta ene,+ ke nu si nyo le sidzedze ŋue nye be: Nunya kpɔa ame si si wòle la ƒe agbe ta.+ 13  Lé ŋku ɖe Mawu vavã la ƒe dɔwo ŋu, elabena ame kae ate ŋu adzɔ nu si wòglɔ̃ la?+ 14  Ne ŋkekea me nyo la, wò nuwɔnawo naɖee afia be eme nyo,+ ke ne ŋkekea me menyo o hã, dze sii be Mawue wɔ eya hã abe ekemɛa ke ene,+ ne amegbetɔ naganya nu si tututu ava dzɔ ɖe edzi emegbe la ƒe ɖeke o.+ 15  Mekpɔ nu sia nu le nye agbemeŋkeke ƒuƒluawo+ me—mekpɔ ame dzɔdzɔe siwo nu yina togbɔ be wowɔa nu dzɔdzɔe+ kple ame vɔ̃ɖi siwo nɔa agbe didi togbɔ be wovɔ̃ɖi hã.+ 16  Mègawɔ ɖokuiwò ame dzɔdzɔe akpa o,+ eye mèganya nu wòagbɔ eme akpa hã o.+ Nu ka tae nàgblẽ ɖokuiwò dome?+ 17  Mègawɔ nu vɔ̃ɖi wòagbɔ eme o, eye mèganye bometsila hã o.+ Nu ka tae nàku kukpo?+ 18  Enyo be nàlé nuxlɔ̃ame si wona wò me ɖe asi, eye mègana ekemɛa hã nage le asiwò o;+ elabena ame si vɔ̃a Mawu la alé wo ame evea me ɖe asi. 19  Nunya doa ŋusẽ nunyala wu ŋusẽtɔ ewo siwo le du me.+ 20  Elabena ame dzɔdzɔe aɖeke mele anyigba dzi, si wɔa nu nyui sɔŋ eye mewɔa nu vɔ̃ o.+ 21  Azɔ hã, mègatsɔ wò dzi ɖo nya sia nya si amewo gblɔna la ŋu o;+ ne menye nenema o la, àva se wò subɔvi wòanɔ ɖiŋu dom na wò;* 22  elabena wò ŋutɔ hã ènyae nyuie le wò dzi me be yedo ɖiŋu na amewo kpɔ zi geɖe.+ 23  Metsɔ nunya do nu siawo katã kpɔ, eye megblɔ be: “Madze nunya.” Gake nyemete ŋui o. 24  Nu si li la, egbɔ metsɔ o, eye eme goglo ale gbegbe. Ame kae ate ŋu ase egɔme?+ 25  Nye la, metsɔ nye dzi ɖo anyi be madze si nunya, madzro eme, eye madii, ne makpɔ susu si ta nuwo le alea, ne manyae be movidzɔdzɔ nye vɔɖivɔ̃ɖi, eye tsukuku nye bometsitsi.+ 26  Eye mekpɔ nu sia be: Nu si vena wu kue nye nyɔnu si zu adoboli, eƒe dzi nye ɖɔ, eye eƒe asiwo nye kunyowu. Ame si ƒe nu dzea Mawu vavã la ŋu la asi le enu,+ ke nu vɔ̃ wɔla ya adze esi me.+ 27  Nyagblɔla+ be: “Kpɔ ɖa! Esia ŋue meke ɖo; medzro nuwo me ɖekaɖeka, ne maƒo nya ta, 28  gake nyemeke ɖe* nu si dim menɔ atraɖii la ŋu o. Mekpɔ ŋutsu ɖeka* le ame akpe ɖeka dome, ke nyemekpɔ nyɔnu ɖeka le wo katã dome o. 29  Esia ko mekpɔ, be: Mawu vavã la wɔ amegbetɔwo wole dzɔdzɔe,+ ke woawo ŋutɔwoe ti ayedzedze geɖe yome.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Ŋkɔ nyui wɔwɔ.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ŋkɔ.”
Alo, “Kuteƒeyiyi.”
Alo, “afi si nukokoedoname le.”
Agate ŋu afia, “elabena bometsitsi ƒe dzesie wònye.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Wò gbɔgbɔ megayɔ.”
Efia, agbagbeawo.
Alo, “fi ƒom de wò.”
Alo, “nye luʋɔ meke ɖe.”
Alo, “ŋutsu dzɔdzɔe ɖeka.”