Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Atamanono Nye Nu Vɔ̃a?

Ðe Atamanono Nye Nu Vɔ̃a?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Biblia meƒo nu tso atamanono a alo mɔ bubu siwo nu wozãna atama le ŋu tẽe o. Ke hã Biblia gblɔ nya vevi aɖewo siwo ɖee fia be Mawu meda asi ɖe nuwɔna makɔmakɔwo kple nuwɔna siwo gblẽa nu le ame ƒe ŋutilã ŋu la dzi o. Eya ta ebua atamanono be enye nu vɔ̃.

  •   Bubudede agbe ŋu. ‘Mawu naa agbe kple agbegbɔgbɔ ame sia ame.’ (Dɔwɔwɔwo 17:24, 25) Esi agbe nye nunana tso Mawu gbɔ ta la, mele be míano atama alo awɔ nu bubu aɖeke si atso míaƒe agbe dzi o. Nu siwo wua ame wu le xexea me godoo siwo woate ŋu axe mɔ na hafi la dometɔ ɖekae nye atamanono.

  •   Ame havi lɔlɔ̃. “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” (Mateo 22:39) Atamanono le amewo dome menye lɔlɔ̃ɖeɖefia o. Ame siwo menoa sigaret o gake wogbɔa eƒe dzudzɔ edziedzi la léa dɔ siwo atamanolawo léna alo be wo tɔ nyrãna ɖe edzi gɔ̃ hã.

  •   Ehiã be míanɔ kɔkɔe. ‘Mitsɔ miaƒe ŋutilãwo na wòanye vɔsa gbagbe, si le kɔkɔe, si dzea Mawu ŋu.’ (Romatɔwo 12:1) “Mina míakɔ mía ɖokui ŋu tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, eye míanɔ kɔkɔe geɖe wu le mawuvɔvɔ̃ me.” (2 Korintotɔwo 7:1) Atamanono mesɔ le dzɔdzɔme nu o, eye mate ŋu ana ame nanɔ kɔkɔe alo dzadzɛ o, elabe atamanolawo ɖonɛ koŋ noa aɖinu si gblẽa nu le woƒe ŋutilã ŋu vevie.

Ðe Biblia ƒo nu tso gbekui alo atike vɔ̃ɖi bubuwo zazã le dzidzɔkpɔkpɔ ta ŋua?

 Biblia meyɔ atike vɔ̃ɖiwo, abe gbekui, marijuana kple cocaine ene ŋkɔ tẽe o. Ke hã Biblia gblɔ nya vevi aɖewo siwo ɖee fia be mesɔ kura be ame nazã atike muame mawo tɔgbi o. Tsɔ kpe ɖe nya vevi siwo me míedzro va yi ŋu la, esiwo gbɔna hã le vevie.

  •   Ehiã be míanɔ ŋute le susu me. “Lɔ̃ Yehowa wò Mawu kple . . . wò tamesusu blibo.” (Mateo 22:37, 38) “Minɔ mo xexi bliboe.” (1 Petro 1:13) Ne ame aɖe noa atike muame la, mate ŋu anɔ ŋute le susu me bliboe o. Azɔ hã, atike muame nono va zua numame na ame geɖe, woƒe susu va nɔa afi si woakpɔ atike vɔ̃ɖiawo le ahazã wo ŋu, tsɔ wu be woƒe susu nanɔ nu nyuiwo ŋu.—Filipitɔwo 4:8.

  •   Ele be míawɔ dukɔa ƒe sewo dzi. ‘Miɖo to dziɖuɖuwo kple ŋusẽtɔwo.’ (Tito 3:1) Wode se ɖe atike vɔ̃ɖiwo zazã ŋu le dukɔ geɖewo me. Ne míedi be míaƒe nu nadze Mawu ŋu la, ke ele be míawɔ ɖe dziɖuɖuwo ƒe sewo dzi.—Romatɔwo 13:1.

a Nu si atamanono fia le afi sia koŋ ye nye eɖoɖo koŋ agbɔ atamadzudzɔ si dona tso siga, sigaret, zi kple numawo tɔgbi me. Ke hã nya vevi siwo me wodzro le nyati sia me la ku ɖe atamaɖuɖu, asrãdodo, elektrɔnik sigaret siwo me nicotine le kple nu mawo tɔgbi hã zazã ŋu.