Dzo kpo yi emenuwo dzi

Mawue Nana Míekpea Fua?

Mawue Nana Míekpea Fua?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Biblia ɖo eŋu eme kɔ ƒãa be, ao. Yehowa Mawu meɖoe kura be amegbetɔwo nakpe fu o. Ke hã atsu kple asi gbãtɔ dze aglã ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu, eye wotiae be yewo ŋutɔwo yewoatso nya me le nyui kple vɔ̃ ŋu na yewo ɖokuiwo. Woɖe wo ɖokuiwo ɖa le Mawu ŋu eye wokpɔ emetsonuawo hã.

 Egbea míele tiatia gbegblẽ si ame eve mawo wɔ la ƒe fu kpem. Eya ta amegbetɔwo ƒe fukpekpe metso Mawu gbɔ kura o.

 Biblia gblɔ be: “Ne ame aɖe le tetekpɔ me tom la, negagblɔ be: ‘Mawue le teyem kpɔ’ o. Elabena womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖiwo ate Mawu kpɔ o, eye eya ŋutɔ hã metea ame aɖeke kpɔ o.” (Yakobo 1:13) Fukpekpe ate ŋu aɖe kpe na ame sia ame, ame siwo ŋu Mawu kpɔa ŋudzedze le gɔ̃ hã meto le eme o.