Romatɔwo 6:1-23

  • Agbenɔnɔmɔ yeye to nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe Kristo me (1-11)

  • Migana nu vɔ̃ naɖu miaƒe ŋutilã dzi o (12-14)

  • Nu vɔ̃ ƒe kluviwo zu Mawu ƒe kluviwo (15-23)

    • Nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku; Mawu ƒe amenuvevenunanae nye agbe (23)

6  Ekema nya kae míagblɔ? Ðe míakpɔtɔ anɔ nu vɔ̃ wɔm, be amenuveve la nasɔ gbɔ ɖe edzia?  Gbeɖe! Esi wònye míeku le nu vɔ̃ gome ɖe,+ aleke wɔ míagakpɔtɔ anɔ agbe le eme?+  Alo ɖe mienyae be mí ame siwo katã wonyrɔ ɖe Kristo Yesu me la,+ wonyrɔ mí ɖe eƒe ku me oa?+  Eya ŋuti esi wonyrɔ mí ɖe eƒe ku me ta la,+ woɖi mí kpakplii, ale be ale si ko wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome to Fofo la ƒe ŋutikɔkɔe me la, míawo hã míazɔ nenema ke ɖe agbenɔnɔmɔ yeye nu.+  Ne míewɔ ɖeka kplii le ku si tɔgbi wòku me la,+ ekema míawɔ ɖeka kplii godoo le tsitretsitsi si tɔgbi wòkpɔ la hã me.+  Elabena míenyae be wohe míaƒe amenyenye xoxo la ɖe ati ŋuti kplii,+ ale be ŋusẽ aɖeke naganɔ míaƒe nu vɔ̃ ŋutilã la ŋu o,+ be míagayi edzi anye kluviwo na nu vɔ̃ o.+  Elabena ame si ku la, wotso afia nɛ ɖee tso eƒe nu vɔ̃ me.*  Azɔ hã ne míeku kple Kristo la, míexɔe se be míanɔ agbe hã kpakplii.  Elabena míenyae be esi wofɔ Kristo tso ame kukuwo dome azɔ la,+ magaku akpɔ o;+ ku magaɖu aƒetɔ ɖe edzi azɔ o. 10  Elabena ku si wòku la, eku na nu vɔ̃ ɖeɖe ɖa zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu,+ ke agbe si wòle la, ele agbe na Mawu. 11  Nenema kee miawo hã, mibu mia ɖokuiwo be yewoku na nu vɔ̃, ke azɔ yewole agbe na Mawu to Kristo Yesu dzi.+ 12  Eya ta migana nu vɔ̃ nanɔ fia ɖum ɖe mia dzi le miaƒe ŋutilã siwo le kuku ge la me,+ ale be miawɔ woƒe didiwo dzi o. 13  Eye migatsɔ miaƒe ŋutilãwo* nɔ nu vɔ̃ nam abe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ƒe aʋawɔnuwo ene hã o, ke boŋ mitsɔ mia ɖokuiwo na Mawu abe ame siwo wogbɔ agbe tso ame kukuwo dome ene, eye mitsɔ miaƒe ŋutilãwo* hã na Mawu abe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe aʋawɔnuwo ene.+ 14  Mele be nu vɔ̃ naɖu aƒetɔ ɖe mia dzi o, elabena miele se te o,+ ke amenuveve tee miele.+ 15  Ekema nya kae míagblɔ? Esi míele se te o, ke boŋ amenuveve tee míele tae míanɔ nu vɔ̃ wɔma?+ Gbeɖe! 16  Ðe mienyae be ne mietsɔa mia ɖokuiwo wɔa kluvii na ame aɖe be yewoaɖo toe la, ekema miezu ame si mieɖoa toe la ƒe kluviwo,+ eɖanye nu vɔ̃+ ƒe kluviwo hena ku,+ alo toɖoɖo ƒe kluviwo hena dzɔdzɔenyenye oa? 17  Ke woada akpe na Mawu be mienye nu vɔ̃ ƒe kluviwo tsã, ke mieva zu ame siwo ɖoa to nufiafia si tɔgbi wotsɔ de asi na mi la tso dzi me. 18  Ɛ̃, esi wona ablɔɖe mi tso nu vɔ̃ me ta la,+ mieva zu dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo.+ 19  Mele nu ƒom abe amegbetɔ ene le miaƒe ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ta; elabena ale si ko mietsɔ miaƒe ŋutinuwo wɔ kluviwoe na makɔmakɔnyenye kple sedzimawɔmawɔ si na mienye sedzimawɔlawo tsã la, nenema ke mitsɔ miaƒe ŋutinuwo wɔ kluviwoe na dzɔdzɔenyenye azɔ be mianye ame kɔkɔewo.+ 20  Elabena esi mienye nu vɔ̃ ƒe kluviwo tsã la, dzɔdzɔenyenye ƒe nya aɖeke metsɔ mia gbɔ o. 21  Ekema kutsetse kae do tso eme na mi ɣemaɣi? Nu siwo va le ŋu kpem na mi azɔ lae. Elabena nu mawo ƒe nuwuwue nye ku.+ 22  Ke azɔ esi wona ablɔɖe mi tso nu vɔ̃ me, eye mieva zu Mawu ƒe kluviwo ta la, kutsetse si kpɔm miele lae nye kɔkɔenyenye,+ eye le nuwuwu la, miakpɔ agbe mavɔ.+ 23  Elabena nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku,*+ ke Mawu ƒe nunanae nye agbe mavɔ+ to Kristo Yesu mía Aƒetɔ la dzi.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “wotsɔ eƒe nu vɔ̃ kee.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋutinuwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋutinuwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “fetu si nu vɔ̃ xenae nye ku.”