Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Mate Ŋu Ado Gbe Ða Abia?

Nu Kae Mate Ŋu Ado Gbe Ða Abia?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Àte ŋu ado gbe ɖa abia nu sia nu si wɔ ɖeka kple nu si Mawu di abe ale si Biblia gblɔ ene. Biblia gblɔ be: “Nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple [Mawu ƒe] lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.” (1 Yohanes 5:14) Wò ŋutɔ wò dzimaɖitsitsiwoea? Àte ŋu ado gbe ɖa tso eŋu. Biblia gblɔ be: “Mitrɔ miaƒe dzi ƒo ɖe [Mawu ŋku] me.”—Psalmo 62:9.

Àte ŋu ado gbe ɖa abia

  •   Xɔse.—Luka 17:5.

  •   Gbɔgbɔ kɔkɔea alo Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ be woakpe ɖe ŋuwò nàwɔ nu si sɔ.—Luka 11:13.

  •   Ŋusẽ be nàtsɔ anɔ te ɖe kuxiwo kple tetekpɔwo nu.—Filipitɔwo 4:13.

  •   Dzidzeme vavã.—Filipitɔwo 4:6, 7.

  •   Nunya si akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ nyametsotso nyuiwo.—Yakobo 1:5.

  •   Kpekpeɖeŋu be nàkpɔ gbe sia gbe hiahiãwo gbɔ.—Mateo 6:11.

  •   Nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke.—Mateo 6:12.