Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Nutáta Ðe Ŋuti Ŋu?

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Nutáta Ðe Ŋuti Ŋu?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Zi ɖeka pɛ ko Biblia ƒo nu tso nutáta ɖe ŋuti ŋu le 3 Mose 19:28 be: “Migatá nu ɖe ŋuti hã o.” Mawu de se sia na Israel-viwo tsɔ na woto vovo na dukɔ siwo ƒo xlã wo. Dukɔ mawo me tɔwo táa woƒe mawuwo ƒe ŋkɔwo kple dzesiwo ɖe ŋuti. (5 Mose 14:2) Togbɔ be se si wode na Israel-viwo mebla mí Kristotɔwo o hã la, mɔfiame aɖe dze le eme si ŋu wòhiã be míabu vevie.

Ðe wòsɔ be Kristotɔ natá nu ɖe ŋutia?

 Mawunyakpukpui siwo gbɔna ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàde ŋugble tso nyaa ŋu:

  •   ‘Nyɔnuwo hã nado awu le ameŋububu me.’ (1 Timoteo 2:9) Mɔfiame ma yi na ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Ele be míade bubu ame bubuwo ƒe seselelãme ŋu eye míaƒo asa na amewo ƒe susu hehe va mía ɖokuiwo dzi madzemadzee.

  •   Ame aɖewo táa nu ɖe ŋuti be ne woabu yewo be yewole ame me alo atsɔ aɖee fia be yewole yewo ɖokui si, eye ame bubuwo hã wɔa esia be yewoatsɔ aɖee afia be yewokpɔ mɔ awɔ nu si yewodi kple yewoƒe ŋutilã. Evɔ Biblia de dzi ƒo na Kristotɔwo be: “Miatsɔ miaƒe ŋutilãwo ana wòanye vɔsa gbagbe, si le kɔkɔe, si dzea Mawu ŋu, si anye subɔsubɔdɔ kɔkɔe si me miazã miaƒe tamebubu ŋutete le.” (Romatɔwo 12:1) Zã wò “tamebubu ŋutete” nàtsɔ akpɔe ɖa be nu ka tae yedi be yeatá nu ɖe ŋuti mahã. Ne esi wònye atsyã si le tsia dzi tae alo nèdi be woabu ye ɖe amewo ƒe hatsotso aɖe me tae la, ɖo ŋku edzi be ame ƒe susu tea ŋu trɔna kaba, evɔ nutáta ɖe ŋuti ya nɔa anyi ɖaa. Ðokuiwò me dzodzro alea ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me nyuie.—Lododowo 4:7.

  •   “Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ, ke ame si tsi klokloklo la, dea hiã aƒe.” (Lododowo 21:5) Zi geɖe ɖeko amewo tsia klokloklo táa nu ɖe ŋuti, gake eva kpɔa ŋusẽ ɖe ƒomedodo si nɔa wo kple ame bubuwo dome kple woƒe dɔwɔɖuinyawo dzi le ɣeyiɣi didi aɖe megbe gɔ̃ hã. Nutáta ɖe ŋuti ɖeɖe ɖa tea ŋu vena ŋutɔ eye wòxɔa asi hã ŋutɔ. Numekulawo kple dɔwɔƒe siwo tutua nutáta ɖa le amewo ŋuti siaa gblɔ be eva vea ame siwo táa nu ɖe ŋuti la dometɔ akpa gãtɔ mlɔeba.