Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Ŋutsu Kple Ŋutsu Ƒe Dɔdɔ Ŋu?

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Ŋutsu Kple Ŋutsu Ƒe Dɔdɔ Ŋu?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Mawu wɔ amegbetɔwo eye wòɖoe be ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖe wo nɔewo ɖeɖe ko nadɔ wo nɔewo gbɔ. (1 Mose 1:27, 28; 3 Mose 18:22; Lododowo 5:18, 19) Biblia ƒo nu tsi tsitre ɖe ame siwo meɖe wo nɔewo o ƒe dɔdɔ ŋu, eɖanye ŋutsu kple nyɔnue dɔ alo ŋutsu kple ŋutsue dɔ o. (1 Korintotɔwo 6:18) Esia lɔ amegbɔdɔdɔ ŋutɔŋutɔ, asilili ame nɔewo ƒe vidzinuwo ŋu, gbɔdɔdɔ to nu me alo gbɔdɔdɔ to meƒi me ɖe eme.

 Togbɔ be Biblia meda asi ɖe ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ dzi o hã la, meda asi ɖe fuléle nu sia wɔlawo alo vɔvɔ̃ na wo hã dzi o. Ðe wògblɔ na Kristotɔwo boŋ be, “mibu ame ɖe sia ɖe.”​—1 Petro 2:​17.

 Ðe woate ŋu adzi ame kple ŋutsu kple ŋutsu ƒe dɔdɔ ƒe dzodzroa?

Biblia meƒo nu tso ŋutsu ŋutsugbɔdɔlawo alo nyɔnu nyɔnugbɔdɔlawo ƒe wɔwɔme ŋu tẽe o, ke hã egblɔ be didi be míada Mawu ƒe se dzi le mí katã me tso mía dziɣi ke. (Romatɔwo 7:21-25) Biblia meƒo nu tso nu siwo gbɔ ŋutsu kple ŋutsu ƒe dɔdɔ ƒe dzodzroa tsona ŋu o, gake ede se be míagawɔe o.

 Ale si ame awɔ adze Mawu ŋu togbɔ be ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ ƒe dzodzro nyɔna ɖe eme hã.

Biblia gblɔ be: ‘Miwu miaƒe ŋutinu siwo le anyigba dzi le gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo gome.’ (Kolosetɔwo 3:5) Hafi nàte ŋu awu dzodzro vɔ̃ siwo nana nèwɔa nu gbegblẽwo la, ele be nàkpɔ nyuie le nu siwo ŋu nèbuna la ŋu. Ne èbua nu nyuiwo ŋu edziedzi la, anɔ bɔbɔe na wò be nàɖu susu gbegblẽwo dzi. (Filipitɔwo 4:8; Yakobo 1:14, 15) Togbɔ be esia manɔ bɔbɔe na wò le gɔmedzedzea o hã, le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ewɔwɔ magava sesẽ boo na wò o. Mawu do ŋugbe be yeakpe ɖe ŋuwò nàzu ‘yeyee le ŋusẽ si ʋãa wò tamesusu la me.’​—Efesotɔwo 4:22-24.

 Ame miliɔn geɖe siwo ŋutsu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ dzrona evɔ womeɖe srɔ̃ o eye wodi be yewoawɔ ɖe Biblia ƒe sededewo dzi la hã ʋlina vevie nenema ke egbea. Le kpɔɖeŋu me, ɖe tre siwo si mɔkpɔkpɔ boo aɖeke mele be yewoakpɔ srɔ̃ aɖe o kple ame siwo srɔ̃ ƒe vidzinuwo mewɔa dɔ o la ɖonɛ koŋ ɖua wo ɖokuiwo dzi eɖanye gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro kae nyɔ ɖe wo me o. Wotea ŋu kpɔa dzidzɔ le agbe me, eye ame siwo ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ ƒe dzodzro ɖea fu na hã ate ŋu awɔ esia ne wodi be yewoadze Mawu ŋu.​—5 Mose 30:19.