Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA WUIENYILIA

Enɔ Nyaawo “Ŋu Bum Le Eƒe Dzi Me”

Enɔ Nyaawo “Ŋu Bum Le Eƒe Dzi Me”

1, 2. Ƒo nu tso Maria ƒe mɔzɔzɔa ŋu, eye ɖe nu si tae mɔzɔzɔa asesẽ nɛ la me.

MARIA si ƒo fu le la gadzɔ eɖokui vie le agbatsɔlãa dzi. Gaƒoƒo geɖewoe nye ema wòle tedzi sia dzi. Yosef nɔ zɔzɔm le eŋgɔ ɖɔɖɔɖɔ, woɖo ta Betlexem si gbɔ didi ŋutɔ. Maria gase vi si le eƒe dɔ me la ƒe ʋaʋã ake.

2 Ɣleti geɖewoe nye ema fu le Maria ƒo, elabena Biblia gblɔ tso eŋu be ‘fu tsi ɖe eƒo.’ (Luka 2:5) Esi atsu kple asi sia nɔ agblewo ŋu tom nɔ yiyim la, ɖewohĩ awɔ nuku na agbledela siwo nɔ woƒe agblewo ŋlɔm alo nɔ nu ƒãm la be woakpɔ nyɔnu si le nɔnɔme sia me wòanɔ mɔ zɔm. Nu kae na Maria dze mɔ tso Nazaret ɖo ta teƒe didi ma?

3. Dɔ kae wode Maria si, eye nu kae míasrɔ̃ tso eŋu?

3 Nya bliboa dze egɔme ɣleti aɖewo do ŋgɔ esime Yuda ɖetugbui sia xɔ dɔdeasi aɖe si le etɔxɛ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me. Wogblɔ nɛ be ele vi aɖe si ava zu Mesia, Mawu ƒe Vi la, dzi ge! (Luka 1:35) Esi eƒe vidziɣi nɔ ɖoɖom la, eva hiã be wòazɔ mɔ sia. Le mɔzɔzɔ sia me la, Maria do go nɔnɔme sesẽ aɖewo siwo do eƒe xɔse kpɔ. Na míakpɔ nu si kpe ɖe eŋu wòyi edzi sẽ ŋu le xɔse me la ɖa.

Mɔzɔzɔ Yi Betlexem

4, 5. (a) Nu ka tae Yosef kple Maria ɖo ta Betlexem? (b) Nyagblɔɖi kae va eme le Kaisaro ƒe sededea ta?

4 Menye Yosef kple Maria koe nɔ mɔa zɔm ɣemaɣi o. Ðeko Kaisaro Augusto de se be woaŋlɔ anyigbadzinɔlawo ƒe ŋkɔwoe nye ema, eye ehiã be amewo nazɔ mɔ ayi wo de aɖaŋlɔ woƒe ŋkɔwo. Nu kae Yosef wɔ? Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Yosef hã dzo le Galilea, tso du si nye Nazaret me yi Yudea, le David ƒe du, si woyɔna be Betlexem me, le esi wònye David ƒe aƒe kple ƒomea me tɔ ta.”—Luka 2:1-4.

5 Menye nudogoɖenunue wònye be Kaisaro de sea le ɣeyiɣi ma me o. Wogblɔ le nyagblɔɖi aɖe si woŋlɔ ɖi ƒe alafa adree nye ema la me be Betlexem ye woadzi Mesia la le. Ɣemaɣi la, du aɖe nɔ anyi si woyɔna be Betlexem, si didi tso Nazaret gbɔ kilometa 11 ko. Gake wogblɔ le nyagblɔɖia me kã be “Betlexem Efrata” ye woadzi Mesia la le. (Xlẽ Mixa 5:1.) Hafi mɔzɔla siwo tso Nazaret la nayi kɔƒedu sue ma me la, ele be woazɔ todzimɔ si didi abe kilometa 130 ene eye woato Samaria. Betlexem ma ye wòle be Yosef nayi, elabena afi mae nye Fia David tɔgbuiwo de, eye ƒome ma mee Yosef kple eƒe ŋugbetɔa siaa tso.

6, 7. (a) Nu ka tae mɔzɔzɔ ayi Betlexem manɔ bɔbɔe na Maria o? (b) Esi Maria zu Yosef srɔ̃ ta la, aleke esia kpɔ ŋusẽ ɖe nyametsotso siwo Maria wɔna dzi? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

6 Ðe Maria alɔ̃ ayi kple Yosef be woate ŋu awɔ sedede sia dzia? Ne míebu eŋu kpɔ la, míakpɔe be mɔa zɔzɔ asesẽ nɛ ŋutɔ. Kele ƒe gɔmedzedzee, eya ta keletsi tea ŋu nyɔna le esi dzomeŋɔlia yina enu wu ge ta. Gakpe ɖe eŋu la, Betlexem nɔ tonuto aɖe si kɔ wu meta 760 la me. Eye kɔkɔƒe ma gbegbee wòle be woalia le ŋkeke geɖe ƒe mɔzɔzɔ teɖeɖiameŋu ma ƒe nuwuwu. Ðewohĩ mɔzɔzɔa axɔ ŋkeke geɖe wu ale si wònɔna, le esi Maria ƒe nɔnɔmea abia be sẽe kple sẽe ko wòaɖi ɖe eme vie ta. Fifia si ɖetugbui sia ƒe vidziɣi ɖo la, anya dzroe vevie be yeate ɖe aƒe ŋu, afi si eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo anɔ klalo be yewoana kpekpeɖeŋui le ne fua te eɖuɖu la hafi. Ðikeke mele eme o be, ehiã be dzi nanɔ eƒo hafi wòalɔ̃ azɔ mɔ ma.

Mɔzɔzɔ ayi Betlexem menɔ bɔbɔe o

7 Togbɔ be enɔ alea hã la, Luka ŋlɔ bena, Yosef yi “be woaŋlɔ woa kple Maria” ŋkɔ. Eŋlɔ hã be wotsɔ Maria “[na Yosef] wòɖe, abe ale si wodo eƒe ŋugbe nɛ ene.” (Luka 2:4, 5) Esi Maria zu Yosef srɔ̃ ta la, esia kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe nyametsotso siwo Maria wɔna tso ɣemaɣi la dzi. Ebɔbɔ eɖokui ɖe srɔ̃a ƒe tanyenye te, eya ta ewɔ nu wòwɔ ɖeka kple ɖoƒe si Mawu nae abe eƒe kpeɖeŋutɔ ene hede Yosef ƒe nyametsotsowo dzi. * Eya ta toɖoɖoe na be wòte ŋu wɔ nuteƒe le xɔse ƒe dodokpɔ ma me.

8. (a) Anye susu bubu kawo hã tae Maria lɔ̃ kplɔ Yosef ɖo yi Betlexem? (b) Mɔ ka nue Maria ƒe kpɔɖeŋua dea dzi ƒo na nuteƒewɔlawo le?

8 Nu bubu ka hãe anya ʋã Maria wòɖo to? Ðe wònya nu tso nyagblɔɖi si gblɔ be Betlexem ye woadzi Mesia le la ŋua? Biblia megblɔe o. Ate ŋu anye be enya nu tso nyagblɔɖi sia ŋu, elabena edze ƒãa be subɔsubɔhakplɔlawo dometɔ geɖe kple dukɔ hahoo la gɔ̃ hã nya nu tso eŋu. (Mat. 2:1-7; Yoh. 7:40-42) Menye ame si menya Ŋɔŋlɔawo o ye Maria nye kura o. (Luka 1:46-55) Eɖanye toɖoɖo srɔ̃a tae Maria tiae be yeazɔ mɔa, dziɖuɖua ƒe sedede dzi wɔwɔ, Yehowa ƒe nyagblɔɖia me vava, alo susu vovovowo tae o, eɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi. Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe ŋutsu kple nyɔnu siwo nye ɖokuibɔbɔlawo kple toɖolawo la ŋu ŋutɔ. Le míaƒe ɣeyiɣi sia si me wòdzena zi geɖe abe amewo megadea asixɔxɔ aɖeke ɖokuibɔbɔ ŋu o ene me la, kpɔɖeŋu si Maria ɖo ɖi la dea dzi ƒo na nuteƒewɔlawo le afi sia afi be woanye ɖokuibɔbɔlawo.

Kristo La Dzidzi

9, 10. (a) Nu ka ŋue Maria kple Yosef anya nɔ ŋugble dem le esime wonɔ tetem ɖe Betlexem ŋu? (b) Afi kae Yosef kple Maria dze, eye nu ka tae?

9 Maria anya gbɔ fũu esi wòkpɔ Betlexem dua le adzɔge ɖaa. Esime Maria kple Yosef nɔ togbɛawo liam henɔ amiti siwo ƒe tsetsewo nye mamlɛtɔ siwo woxana le ƒea me ŋu tom la, woanya nɔ ŋugble dem tso kɔƒe sue sia ƒe ŋutinya ŋu. Kɔƒea nɔ sue ale gbegbe be womebunɛ ɖe Yuda duwo dome o, abe ale si ko nyagblɔɖila Mixa gblɔe ene. Ke hã kɔƒe sia mee wodzi Boas kple Naomi le, eye afi sia kee wova dzi David hã le emegbe; nu siawo katã dzɔ ƒe akpe ɖeka kple edzivɔ do ŋgɔ.

10 Maria kple Yosef kpɔe be amewo sɔ gbɔ le kɔƒea me kpaŋkpaŋ. Ame bubuwo va do ŋgɔ na wo hena ŋkɔŋɔŋlɔa, eye esia wɔe be womekpɔ dzeƒe o. * Naneke meli woawɔ tsɔ wu be woayi aɖatsi lãkpɔ me zã ma me o. Míate ŋu akpɔ ale si Yosef tsi dzi esime wòkpɔ srɔ̃a wòle veve helĩhelĩ si mese kpɔ o la sem, si gava do gã ɖe edzi, la le susu me. Teƒe sia boŋ ye fu va te eɖuɖu le.

11. (a) Nu ka tae nyɔnu ɖe sia ɖe ate ŋu ase nu si me Maria to la gɔme? (b) Go kawo mee Yesu nye “ŋgɔgbevi” le?

11 Nyɔnu ɖe sia ɖe ate ŋu ase nu si gbegbe me Maria to la gɔme. Ƒe 4,000 do ŋgɔ na ɣemaɣi la, Yehowa gblɔe ɖi be nyɔnu ɖe sia ɖe alé ku hafi adzi vi le nu vɔ̃ si ƒe dome wonyi ta. (1 Mose 3:16) Kpeɖodzi aɖeke meli be Maria meto fukpekpe sia me o. Luka ƒe nuŋlɔɖia meƒo nu tso ale si vidzidzia nɔ na Maria ŋu tsitotsito o, ɖeko wògblɔ kpuie ko be: “[Edzi] ŋutsuvi, si nye eƒe ŋgɔgbevi.” (Luka 2:7) Ɛ̃, Maria dzi eƒe “ŋgɔgbevi” la, si nye via geɖeawo, siwo ade ame adre ya teti la, ƒe ŋgɔgbea. (Marko 6:3) Gake vi sia ato vovo tso nɔviawo gbɔ. Menye Maria ƒe ŋgɔgbevi koe wònye o, ke enye Yehowa ŋutɔ ƒe “nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi” heganye Mawu ƒe Tenuvi hã!—Kol. 1:15.

12. Afi kae Maria tsɔ ɖevi la mlɔ, eye aleke Yesu dzidzi ƒe ŋutinyaa to vovo na edzidzi ŋuti fefewo, nutatawo kple wɔwɔfia siwo amewo wɔna egbea?

12 Azɔ la, nuŋlɔɖia gblɔ nya ɖedzesi sia kpee be: “[Exatsa] avɔ ɖe eŋu, eye wòtsɔe mlɔ lãnuɖunu me.” (Luka 2:7) Wowɔa Yesu dzidzi ŋuti fefewo, nutatawo kple wɔwɔfia siwo ŋu woɖea ami ɖo la le xexea me godoo. Gake de dzesi ale si nuawo dzɔ ŋutɔŋutɔe. Lãnuɖunu nye agba alo nugo si me lãwo ɖua nu le. Ðo ŋku edzi be ƒomea va tsi lãkpɔ me. Lãkpɔ nye teƒe si wonya ɣemaɣi kple egbea siaa be ya nyui si woagbɔ kple dzadzɛnyenye menɔna tututu o. Le nyateƒe me la, dzila kawoe atiae be yewoadzi yewo vi ɖe teƒe sia tɔgbi nenye be woate ŋu akpɔ teƒe bubu aɖe hafi? Dzila akpa gãtɔ dia nyui na wo viwo. Aleke gbegbe Maria kple Yosef adi be yewoawɔ nu nyuitɔ kekeake na Mawu ƒe Vi lae nye esi!

13. (a) Mɔ ka nue Maria kple Yosef wɔ woƒe ŋutete katã le nɔnɔme madeamedzi si me wonɔ la me? (b) Aleke dzila nyanuwo ate ŋu atsɔ nu siwo le vevie wu aɖo nɔƒe gbãtɔ abe ale si Yosef kple Maria wɔe ene?

13 Ke hã nɔnɔme madeamedzi si me wokpɔ wo ɖokuiwo le la meɖe dzi le wo ƒo o, ke boŋ wowɔ nu sia nu si woate ŋui le woƒe ŋutete nu. Le kpɔɖeŋu me, de dzesii be Maria ŋutɔe kpɔ vidzĩa gbɔ, xatsa avɔ ɖe eŋu, tsɔe mlɔ lãnuɖunua me dzaa be wòadɔ alɔ̃ hekpɔ egbɔ be vuvɔ nagawɔe o eye wòanɔ dedie. Maria mena be dzimaɖitsitsi ɖe nɔnɔme si me wòkpɔ eɖokui le ŋu na wòdo kpo nu sia nu si wòate ŋu awɔ atsɔ alé be na ɖevia la wɔwɔ o. Woa kple Yosef siaa nyae hã be nu vevitɔ kekeake si yewoate ŋu awɔ na ɖevi siae nye be yewoafia nui be wòalɔ̃ Yehowa. (Xlẽ 5 Mose 6:6-8.) Egbea, dzila nyanuwo tsɔa nu mawo ke ɖoa nɔƒe gbãtɔ le wo viwo hehe me, le xexe mavɔ̃mawu sia me.

Alẽkplɔlawo De Dzi Ƒo Na Maria Kple Yosef

14, 15. (a) Nu ka tae alẽkplɔlawo di vevie be yewoakpɔ ɖevi la? (b) Esi alẽkplɔlawo va kpɔ Yesu le lãkpɔa me vɔ la, nu kae wowɔ?

14 Le zã ƒe ɖoɖoezizi ma me la, kasia alẽkplɔlawo va do ɖe lãkpɔa me bibibi. Wodi vevie be yewoakpɔ ƒomea, vevietɔ ɖevi la. Dzi nɔ ŋutsu siawo dzɔm ale gbegbe, eye woƒe mo katã yɔ fũu kple dzidzɔ. Woɖe abla tso keke togbɛawo dzi ke, afi si wonɔ woƒe lãhawo ŋu dzɔm le. * Wogblɔ nu wɔnuku si teƒe wokpɔ eteƒe medidi kura o la na dzila siawo siwo ƒe mo wɔ yaa la. Esime wonɔ woƒe alẽhawo ŋu dzɔm le toawo dzi le zã ma me la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia wo le vo me. Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe klẽ ƒo xlã wo godoo, eye mawudɔlaa gblɔ na wo be, ɖeko wodzi Kristo, alo Mesia la, le Betlexem teti koe nye ema. Egblɔ na wo be woakpɔe be wotsɔ vidzĩ la mlɔ lãnuɖunu me, eye woxatsa avɔ ɖe eŋu. Emegbe nane si gawɔ nuku wu la dzɔ; wokpɔ mawudɔla gbogbo aɖewo wonɔ Mawu kafum!—Luka 2:8-14.

15 Mewɔ nuku be ame tsɛ siawo ɖe abla yi Betlexem dua me o! Dzi anya dzɔ wo godoo esi wokpɔ vidzĩa wònɔ anyimlɔƒe abe ale si tututu mawudɔlaa gblɔe na wo ene. Womemia nu ɖe nya nyui sia dzi o. ‘Woka nya siwo wogblɔ na wo la ta na amewo. Eye ame siwo katã se nya siwo alẽkplɔlawo gblɔ na wo la ƒe mo wɔ yaa.’ (Luka 2:17, 18) Edze ƒãa be subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi ɣemaɣi la mebua alẽkplɔlawo ɖe naneke me o. Gake eme kɔ ƒãa be Yehowa de asixɔxɔ ŋutsu ɖokuibɔbɔla kple nuteƒewɔla siawo ŋu. Ke dɔ kae woƒe vavaa wɔ ɖe Maria dzi?

Eme kɔ ƒãa be Yehowa de asixɔxɔ alẽkplɔla ɖokuibɔbɔla kple nuteƒewɔla mawo ŋu

16. Aleke Maria ɖee fia be yedea ŋugble le nu ŋu nyuie, eye nu ka koŋue na eƒe xɔse li ke?

16 Togbɔ be kuléle kple vidzidzia ate ɖeɖi Maria ŋu godoo hã la, elé to ɖe nya sia nya ŋu nyuie. Eye wògawɔ nu si yi ŋgɔ wu ema: “Maria de asi nya siawo katã dzadzraɖo me, henɔ wo ŋu bum le eƒe dzi me.” (Luka 2:19) Vavãe, ɖetugbui sia dea ŋugble le nu ŋu vevie. Enyae be mawudɔlaa ƒe gbedeasi sia le vevie. Eƒe Mawu, Yehowa, di be wòanya ame si tututu via nye eye wòade asixɔxɔ eŋu. Eya ta menye ɖeko wònɔ to ɖom ko o, ke edzra nyaawo ɖo ɖe eƒe dzi me hã be yeate ŋu anɔ ŋugble dem le wo ŋu edziedzi le ɣleti kple ƒe siwo le ŋgɔ gbɔna me. Esiae nye nu vevi aɖe si kpe ɖe Maria ŋu wòtu xɔse si wòɖe fia le eƒe agbenɔɣi katã la ɖo.—Xlẽ Hebritɔwo 11:1.

Maria lé to ɖe alẽkplɔlawo ƒe nyawo ŋu nyuie hedzra wo ɖo ɖe eƒe dzi me

17. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Maria ƒe kpɔɖeŋu le gbɔgbɔmenyawo ŋu bubu gome?

17 Wò hã àsrɔ̃ Maria ƒe kpɔɖeŋua? Yehowa na woŋlɔ nyateƒenya vevi gbogbo aɖewo ɖe eƒe Nya la me. Ke hã ne míelé to ɖe nyateƒenya vevi mawo ŋu ko hafi woaɖe vi na mí. Míewɔa esia ne míexlẽa Biblia gbe sia gbe, menye abe agbalẽ dzro aɖe ko ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me ene. (2 Tim. 3:16) Eye abe Maria ene la, ehiã be míadzra Mawu ƒe nyawo ɖo ɖe míaƒe dzi me ahanɔ wo ŋu bum. Ne míedea ŋugble le nu siwo míexlẽna le Biblia me ŋu eye míebua mɔ siwo nu míate ŋu awɔ Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi le geɖe wu ŋu la, míado ŋusẽ míaƒe xɔse ale be wòatsi ɖe edzi.

Nya Bubu Siwo Wòdzra Ðo Ðe Eƒe Dzi Me

18. (a) Aleke Maria kple Yosef wɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi esime Yesu nye vidzĩ? (b) Nu kae nu siwo Yosef kple Maria tsɔ sa vɔ le gbedoxɔa me la ɖe fia le woƒe ganyawo ŋu?

18 Esi vidzĩa xɔ ŋkeke enyi la, Maria kple Yosef na wotso aʋa nɛ, abe ale si Mose ƒe Sea bia ene, eye wotsɔ ŋkɔ nɛ be Yesu, abe ale si mawudɔlaa gblɔe na wo ene. (Luka 1:31) Emegbe esi ɖevia xɔ ŋkeke 40 la, wokɔe tso Betlexem yi gbedoxɔa me le Yerusalem, si gbɔ didi kilometa ʋɛ aɖewo tso afi ma. Woyi ɖana ŋutikɔkɔ ƒe vɔsanu la abe ale si Sea ɖe mɔ ɖe eŋu na ƒome dahewo ene be woatsɔ akpakpa (ƒeƒlelu) eve alo ahɔnɛ eve asa vɔe. Nenye be ekpe ŋu na wo be yewomete ŋu na alẽ kple akpakpa si dzila bubuwo ate ŋu ana o hã la, womena esia ɖe fu na wo o. Azɔ hã, woƒe afi ma yiyi de dzi ƒo na wo geɖe ŋutɔ.—Luka 2:21-24.

19. (a) Nya bubu kawoe Simeon gblɔ na Maria siwo wògadzra ɖo ɖe eƒe dzi me? (b) Aleke Hana wɔ nui esi wòkpɔ Yesu?

19 Simeon, si nye ŋutsu tsitsi aɖe la te ɖe wo ŋu, eye wògblɔ nya bubu siwo Maria gadzra ɖo ɖe eƒe dzi me. Wodo ŋugbe na ŋutsu sia be akpɔ Mesia la hafi aku, eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ɖee fiae be Yesu, vidzĩ lae nye Xɔla la. Azɔ hã, Simeon na Maria nya vevesese si me wòahiã be wòado dzi ato gbe ɖeka. Egblɔ nɛ be ase le eɖokui me abe ɖe woƒo yi legbee aɖe ɖee ene. (Luka 2:25-35) Nya mawo siwo ate ŋu adzi ŋɔ na Maria gɔ̃ hã la kpe ɖe eŋu wòdo dzi esime ɣeyiɣi sesẽ ma va le ƒe blaetɔ̃ aɖewo megbe. Le Simeon megbe la, nyɔnu nyagblɔɖila aɖe si ŋkɔe nye Hana kpɔ Yesu vidzĩ la, eye wòte nuƒoƒo tso eŋu na ame siwo katã nɔ Yerusalem ƒe ɖeɖe lalam vevie la.—Xlẽ Luka 2:36-38.

Yehowa ƒe gbedoxɔa me yiyi le Yerusalem de dzi ƒo na Maria kple Yosef ŋutɔ

20. Nu kae ɖee fia be nyametsotso nyui ye wònye Yesu dzilawo wɔ be wokɔe yi gbedoxɔa me le Yerusalem?

20 Nyametsotso nyui ka gbegbee nye esi Yosef kple Maria wɔ be wokɔ vidzĩ la va Yehowa ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem! Afɔ sia si woɖe la nye ale si wo via ava nɔ Yehowa ƒe gbedoxɔa me yim nuteƒewɔwɔtɔe le eƒe anyigbadzinɔɣi katã la ƒe gɔmedzedze. Esime wonɔ afi ma la, wowɔ nu sia nu si woate ŋui le Mawu ƒe nudidiwo gbɔ ɖoɖo me, eye woxɔ mɔfiamewo hese dzideƒonyawo hã. Kakaɖedzitɔe la, hafi Maria nadzo le gbedoxɔa me gbe ma gbe la, eƒe xɔse gasẽ ɖe edzi, eye nyateƒenya vevi siwo ŋu wòate ŋu ade ŋugble le ahagblɔ na ame bubuwo la yɔ eƒe dzi me fũu.

21. Nu kae míate ŋu awɔ be míaƒe xɔse nanɔ sesẽm ɖe edzi abe Maria tɔ ene?

21 Edoa dzidzɔ na mí ŋutɔ be dzila siwo li egbea dzea kpɔɖeŋu ma yome. Le Yehowa Ðasefowo dome la, dzilawo kplɔa wo viwo yia Kristotɔwo ƒe kpekpewo nuteƒewɔwɔtɔe. Dzila mawo wɔa wo tɔ si nua le woƒe ŋutete nu eye wogblɔa dzideƒonyawo na wo nɔvi haxɔsetɔwo. Azɔ hã, ŋusẽ ɖoa wo ŋu, dzi dzɔa wo geɖe wu, eye nya nyui geɖe siwo woate ŋu agblɔ na ame bubuwo la yɔa woƒe dzi me hafi wodzona. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònyena ne míeƒo ƒu kpli wo! Zi ale si míele esia wɔm la, míakpɔe be míaƒe xɔse anɔ sesẽm ɖe edzi, abe ale si wònɔ le Maria gome ene.

^ mm. 7 De dzesi vovototo si le nuŋlɔɖi sia kple esi ku ɖe mɔ si Maria zɔ va yi ŋu la dome. Wogblɔ be “Maria tso” eye ‘wòyi’ Elisabet gbɔ. (Luka 1:39) Ɣemaɣi la, esi Maria nye Yosef ƒe ŋugbetɔ eye meɖee haɖe o ta la, ɖewohĩ mebia mɔ le egbɔ hafi zɔ mɔ ma o. Esi woɖe wo nɔewo vɔ la, nuŋlɔɖia ɖee fia be Yosef ye wɔ ɖoɖo ɖe woƒe mɔzɔzɔa ŋu, ke menye Maria ye o.

^ mm. 10 Ɣemaɣi la, woɖea xɔ ɖeka aɖe ɖi le duawo me be wòanye dzeƒe na mɔzɔlawo kple asitsala mɔzɔlawo.

^ mm. 14 Alẽkplɔlawo ƒe gbea dzi nɔnɔ le gaƒoƒo ma me ɖo kpe Biblia ƒe akɔntabubuwo dzi be: Womedzi Kristo la le December, si nye ɣleti si me alẽwo nɔa kpo me le afi si tsɔ aƒe gbɔ, la me o, ke boŋ October ƒe gɔmedzedze lɔƒoe wodzii.