Marko 6:1-56

  • Yesu detɔwo gbee (1-6)

  • Wona mɔfiame Ame Wuieveawo ɖe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu (7-13)

  • Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe ku (14-29)

  • Yesu na nuɖuɖu ŋutsu 5,000 (30-44)

  • Yesu zɔ ƒu dzi (45-52)

  • Eda dɔ na amewo le Genezaret (53-56)

6  Yesu dzo le afi ma va wo de,+ eye eƒe nusrɔ̃lawo le eyome.  Esi Sabat ɖo la, ede asi nufiafia me le ƒuƒoƒe la, eye ame siwo se eƒe nyawo la dometɔ akpa gãtɔ ƒe nu ku, eye wogblɔ be: “Afi kae ame sia kpɔ nu siawo tsoe?+ Nu ka tae woana nunya sia gbegbee, eye aleke wɔ wòte ŋu le ŋusẽdɔ siawo gbegbe wɔm?+  Alo menye Maria ƒe vi,+ si nye atikpala lae+ nye esia, eye wònye Yakobo,+ Yosef, Yuda kple Simon+ nɔvi oa? Eye ɖe nɔvianyɔnuwo hã mele mía dome afi sia oa?” Eya ta eƒe nyawo ɖia wo nu.  Ke Yesu gblɔ na wo be: “Wodea bubu nyagblɔɖila ŋu le afi sia afi negbe le wo de, eƒe ƒometɔwo dome kple eya ŋutɔ ƒe aƒe me ko womebunɛ le o.”+  Eya ta mete ŋu wɔ ŋusẽdɔ aɖeke le afi ma o, negbe dɔnɔ ʋɛ aɖewo dzi ko wòda asi ɖo heda gbe le wo ŋu.  Le nyateƒe me la, woƒe dzimaxɔse la wɔ moyaa nɛ. Eye wòyi ɖatsa le kɔƒe siwo ƒo xlã afi ma la me hele nu fiam.+  Azɔ Yesu yɔ Ame Wuieveawo, eye wòdɔ wo eveeve,+ eye wòna ŋusẽ wo ɖe gbɔgbɔ makɔmakɔwo dzi.+  Ede se na wo hã be womegatsɔ naneke ɖe asi na mɔzɔzɔa o, negbe atizɔti ko, womegatsɔ abolo alo nuɖuɖukotoku o, eye ga* aɖeke naganɔ woƒe gabutuwo me o,+  woado afɔkpa, gake womegado awu eve o.* 10  Egagblɔ na wo hã be: “Ne mieyi du aɖe me la, minɔ aƒe si me miedze la me va se ɖe esime miadzo le dua me.+ 11  Eye afi sia afi si womexɔ mi alo ɖo to mi le o la, ne miele dzodzom le afi ma la, miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋu ɖe anyi wòanye ɖaseɖiɖi ɖe wo ŋu.”+ 12  Ale wodze mɔ eye woɖe gbeƒã be amewo natrɔ dzi me,+ 13  wonya gbɔgbɔ vɔ̃ geɖewo+ do goe, wosi ami na dɔnɔ geɖewo eye woda dɔ na wo. 14  Azɔ Fia Herodes se nya siawo, elabena Yesu ƒe ŋkɔ ɖi hoo, eye amewo le gbɔgblɔm be: “Wofɔ Yohanes Amenyrɔɖetsimela tso ame kukuwo dome, eye esia tae wòte ŋu le ŋusẽdɔwo wɔm ɖo.”+ 15  Ke ame bubuwo nɔ gbɔgblɔm be: “Eliya ye.” Bubuwo hã be: “Nyagblɔɖilae wònye abe blemanyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka ene.”+ 16  Ke esi Herodes see la, egblɔ be: “Yohanes si nu metso ta le lae wofɔ ɖe tsitre.” 17  Elabena do ŋgɔ la, Herodes ŋutɔ dɔ ame wolé Yohanes tu ɖe gaxɔ me le Herodia, si nye nɔvia Filipo srɔ̃ ta, elabe exɔe ɖe.+ 18  Elabena Yohanes gblɔ na Herodes enuenu be: “Se meɖe mɔ na wò be nàxɔ nɔviwò srɔ̃ aɖe o.”+ 19  Eya ta Herodia lé Yohanes ɖe dɔme, eye wòdi be yeawui, ke mete ŋui o. 20  Herodes vɔ̃na na Yohanes, elabena enyae be ame dzɔdzɔe kple ame kɔkɔe+ wònye, eye wòkpɔa egbɔ be ele dedie. Eye ne eɖo to se eƒe nyawo vɔ la, menyaa nu si wòawɔ o, ke hã esea eƒe nyawo kple dzidzɔ. 21  Ke mɔnu aɖe va ʋu na Herodia gbe ɖeka, esi Herodes ɖo kplɔ̃ le eƒe dzigbeŋkeke+ dzi na eƒe amegãwo kple aʋafiagãwo kpakple Galilea ame ŋkutawo le fiẽ aɖe.+ 22  Herodia vinyɔnuvi va ɖu ɣe wòdze Herodes kple ame siwo le kplɔ̃ ŋu kplii la ŋu. Fia la gblɔ na nyɔnuvia be: “Bia nu sia nu si nèdi lam, eye mana wò.” 23  Ɛ̃, eka atam nɛ be: “Nu sia nu si nàbiam la, mana wò, va se ɖe nye fiaɖuƒea ƒe afã ke hã dzi.” 24  Eya ta edo go yi ɖabia dadaa be: “Nu kae mabia?” Eɖo eŋu nɛ be: “Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe ta.” 25  Enumake eɖe abla va fia la gbɔ hebia nu si wòdi, gblɔ be: “Medi be nàtsɔ Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe ta de agba me nam fifi laa.”+ 26  Togbɔ be nya sia te ɖe fia la dzi vevie hã la, medi be yeagbe enana o, le atam siwo wòka kple ame kpekpeawo* ta. 27  Eya ta fia la dɔ eŋusrafo ɖeka ɖa enumake heɖe gbe nɛ be wòatsɔ Yohanes ƒe ta avɛ. Eyi ɖatso ta le enu le gaxɔa me, 28  eye wòtsɔ ta la de agba me vɛ hetsɔe na nyɔnuvia, eye nyɔnuvia tsɔe yi na dadaa. 29  Esi eƒe nusrɔ̃lawo see la, wova tsɔ eƒe kukua yi ɖaɖi ɖe yɔdo* me. 30  Apostoloawo va ƒo ƒu ɖe Yesu gbɔ, eye wogblɔ nu siwo katã wowɔ kple nu siwo wofia la nɛ.+ 31  Egblɔ na wo be: “Miva, ne míawo ɖeɖe míayi teƒe aɖe si ame aɖeke mele o, ne miaɖi ɖe eme vie.”+ Elabena ame geɖewo le vavam le dzodzom, eye womekpɔ vovo aɖu nu teti hã o. 32  Eya ta woawo ɖeɖe woɖo tɔdziʋu yi ɖe teƒe aɖe si ame aɖeke mele o.+ 33  Gake amewo kpɔ wo esime wodzo yina, eye ame geɖewo see, eye woƒu du tso duawo katã me yi afi ma, eye wotre ɖoɖo na wo. 34  Esi wòɖi go la, ekpɔ ameha gbogbo aɖewo, eye woƒe nu wɔ nublanui nɛ,+ elabena wole abe alẽ siwo nu kplɔla aɖeke mele o la ene.+ Eye wòde asi nu geɖewo fiafia me wo.+ 35  Le ɣetrɔ me la, eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ nɛ be: “Teƒe sia tso abo, eye zã le dodom.+ 36  Ðe asi le wo ŋu ne woayi agbleta kple kɔƒe siwo ƒo xlã mí la me aɖaƒle nu aɖu.”+ 37  Ke eɖo eŋu na wo be: “Miawo ŋutɔwo mina nu wo woaɖu.” Ke wogblɔ nɛ be: “Ðe míayi aɖaƒle abolo denario* alafa eve nu na ameawo woaɖua?”+ 38  Egblɔ na wo be: “Abolo nenie le mia si? Miyi ɖakpɔe ɖa!” Esi woyi gbɔ la, wogblɔ nɛ be: “Abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve.”+ 39  Yesu gblɔ na ameawo be woanɔ anyi le hatsotsowo me ɖe gbe mumuawo dzi.+ 40  Eya ta wonɔ anyi ɖe hatsotsowo me, ɖewo alafa, ɖewo blaatɔ̃. 41  Esi wòtsɔ abolo atɔ̃awo kple tɔmelã eveawo la, efɔ mo dzi kpɔ dziƒo, eye wòyra ɖe wo dzi.+ Eye wòŋe aboloawo me hetsɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woatsɔ wo aɖo ameawo kɔme, eye wòma tɔmelã eveawo me na wo katã. 42  Ale wo katã woɖu nu ɖi ƒo; 43  eye woƒo abolo kakɛawo nu ƒu wòyɔ kusi wuieve, tɔmelã siwo susɔ ya mele eme o.+ 44  Ame siwo ɖu aboloawo la ƒe xexlẽme le ŋutsu akpe atɔ̃. 45  Emegbe ena eƒe nusrɔ̃lawo ɖo tɔdziʋua dze ŋgɔ ɖo ta Betsaida le ƒua ƒe go kemɛ dzi eye eya ŋutɔ do mɔ amehaawo.+ 46  Esi wòdo hedenyuie na wo vɔ la, eyi ɖe to aɖe dzi be yeado gbe ɖa.+ 47  Esi fiẽsi ɖo la, tɔdziʋu la ɖo ƒu la titina, ke eya ɖeka susɔ ɖe go dzi.+ 48  Eye esi wòkpɔ be ʋua kuku le sesẽm na wo, elabena ya ƒo va le wo kpem, anɔ zã ƒe ŋudzɔɣi enelia* lɔƒo la, ezɔ ƒua dzi gbɔna wo gbɔ; ke ewɔ abe ɖe wòdi be yeato wo ŋu ayi ene. 49  Esi wokpɔe wòle ƒua dzi zɔm la, wobia wo ɖokuiwo be: “Drɔ̃e yea?” Eye wodo ɣli. 50  Elabena wo katã wokpɔe, eye dzika tso wo ƒo. Ke eƒo nu gblɔ na wo enumake be: “Miaƒe dzi nedze eme! Nyee; migavɔ̃ o.”+ 51  Ege ɖe tɔdziʋua me le wo gbɔ, eye ya la dzudzɔ ƒoƒo. Eye woƒe nu ku ŋutɔ, 52  elabena womekpɔ nufiame si le abolo siwo wòna me la dze sii o, eye womete ŋu le nuwo gɔme sem o.* 53  Esi wotso ƒua la, woɖi go ɖe Genezaret, eye wotɔ ʋua ɖe afi ma lɔƒo.+ 54  Ke esi woɖi le ʋua me teti ko la, amewo kpɔe dze sii. 55  Eye wolé du tsɔ yi ɖagblɔe le nuto ma katã me, wokɔ dɔnɔwo ɖe abawo dzi va afi si wose be Yesu le la. 56  Afi sia afi si wòyi le kɔƒewo alo duwo me alo agbletawo la, wokɔa dɔnɔwo va dana ɖe ablɔ me,* eye woɖea kuku nɛ be yewoaka asi eƒe awu toga teti ŋu.+ Eye ame siwo katã ka asi eŋu la haya.

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “akɔbliga.”
Alo, “gake woagatsɔ awu bubu o.”
Alo, “ame siwo le kplɔ̃a ŋu kplii.”
Alo “ŋkuɖodziyɔdo.”
Efia, fɔŋli ga 3 lɔƒo va se ɖe esime agu dze le ŋdi 6 lɔƒo.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “woƒe dzi menɔ nuwo gɔme sem o.”
Eganye afi si hã amewo ɖia asi le.