Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA WUIADELIA

Edze Nunya, Dzi Nɔ Eƒo, Eye Medi Eɖokui Tɔ O

Edze Nunya, Dzi Nɔ Eƒo, Eye Medi Eɖokui Tɔ O

1-3. (a) Nu ka tae menɔ bɔbɔe na Ester be wòayi srɔ̃a gbɔ le fiasãa me o? (b) Aleke fia la xɔ Ester?

ESTER le zɔzɔm blewu ɖo ta fiazikpuia gbɔ, eƒe dzi nɔ tsotsom. Kpɔe ɖa le susu me ko be ɖoɖoe gã aɖe zi le Persia fiasã la me zi ɖeka ale gbegbe be, Ester ate ŋu anɔ afɔ si ɖem wòle ɖekaɖeka kpakple eƒe fiawu dzeani ʋlaya si le anyigba kplɔm la gɔ̃ hã ƒe ɖiɖi sem. Menye ɣemaɣie wòanɔ ŋku lém ɖe fiasã gã la me nuwo, abe eƒe sɔti dzeaniawo, xɔmesasrã si wotsɔ sedertiwo tso keke Lebanon ke wɔ atsyãtɔe ene la ŋu o. Eƒe susu katã le ame si bɔbɔ nɔ fiazikpuia dzi la ŋu, elabena ne atsi agbe alo aku la, eya si mee wòle.

2 Fia la ƒe ŋku nɔ Ester ŋu tututu esime wònɔ tetem ɖe eŋu, eye wòdo eƒe sikafiatikplɔ la ɖe Ester. Fiatikplɔa dodo ɖe Ester adze nu tsɛ aɖe, gake emae xɔe ɖe agbe, elabena emae nye dzesi be fia la tsɔ eƒe sedzidada, si nye fia la ŋkume vava esi mekpee hafi o, la kee. Ester te ɖe fiazikpuia ŋu hedo asi ɖa ka asi fiatikplɔa tame, ale eƒe dzi dze eme.—Ester 5:1, 2.

Ester tsɔ ɖokuibɔbɔ da akpe be fia la ve ye nu

3 Nu sia nu si nàkpɔ le Fia Axasweros ŋu la ɖee fia be kesinɔtɔ kple ŋusẽtɔ gã aɖee wònye. Woka nya ta be ɣemaɣi la, Persiatɔwo ƒe fiawu ɖeɖe tea ŋu xɔa egbegbe dɔlar miliɔn alafa geɖe. Ke hã Ester kpɔe be ye srɔ̃ kɔ mo ɖe ye, eye wòlɔ̃ ye hã. Fia la biae be: “Fiasrɔ̃ Ester, nya ka dzɔ ɖe dziwò, eye nu ka dim nèle? Nenye fiaɖuƒe la ƒe afã gɔ̃e hã la, woatsɔe ana wò!”—Ester 5:3.

4. Dɔ sesẽ kae dze ŋgɔ Ester?

4 Ester ɖe xɔse kple dzinɔameƒo si tɔgbi mebɔ o la fia, elabena eva fia la ŋkume be yeaʋli yeƒe amewo ta le esi woɖo nugbe be woatsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ ta. Afɔ si dzi wòle la dze edzi va ɖo afi aɖe, gake sesẽa gale ŋgɔ. Ele be wòana fiagã dadala sia nanya be nugbeɖola vɔ̃ɖie eƒe aɖaŋuɖola vevi si dzi wòka ɖo la nye, eye ɖe wòflui wòda asi ɖe edzi be woawu Ester detɔwo. Aleke wòawɔ ana fia la naxɔ eƒe nyaa dzi ase, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Ester ƒe xɔse me?

Etia ‘Ɣeyiɣi Nyuitɔ Si Wòaƒo Nu’

5, 6. (a) Aleke Ester wɔ gɔmeɖose si le Nyagblɔla 3:1, 7 la ŋu dɔe? (b) Aleke mɔ si dzi Ester to be yeaɖe nyaa dzi na srɔ̃a la ɖee fia be edze nunya?

5 Ðe wòle be Ester naɖe kuxia katã dzi na fia la le fiaŋumewo ŋkumea? Ema wɔwɔ manye bubudede fiaa ŋu o, eye ana mɔnukpɔkpɔ nasu eƒe aɖaŋuɖola Haman si wòaʋli eɖokui ta. Eya ta nu kae Ester wɔ? Ƒe alafa geɖe do ŋgɔ na nudzɔdzɔ sia la, gbɔgbɔ ʋã nunyala Fia Salomo wòŋlɔ bena: “Ɣeyiɣi li na nu sia nu, . . . ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li.” (Nyagb. 3:1, 7) Míate ŋu akpɔe le susu me ɖaa be nuteƒewɔla Mardoxai, si xɔ Ester nyi, la nɔ gɔmeɖose siawo fiamee esime wònye ɖetugbui dzaa le egbɔ. Edze ƒãa be Ester nya vevienyenye si le ‘nuƒoƒo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi’ la ŋu.

6 Ester gblɔ be: “Ne edze fia ŋu la, ekema fia kple Haman neva kplɔ̃, si meɖo nɛ egbe la ŋu.” (Ester 5:4) Fia la lɔ̃ ɖe amekpekpea dzi eye wòɖo du ɖe Haman be wòava. Èkpɔ ale si Ester ƒo nu le nunya mea? Ede bubu srɔ̃a ŋu, eye wòdi mɔnukpɔkpɔ nyuitɔ be yeaɖe yeƒe dzimenyawo agblɔ na fia la.—Lododowo 10:19.

7, 8. Aleke Ester ƒe kplɔ̃ɖoɖo gbãtɔa yii, ke hã nu ka tae meɖe nyaa dzi na fia la enumake o?

7 Anɔ eme godoo be Ester kpɔ egbɔ be yetrɔ asi le nuɖuɖu siwo tututu vivia srɔ̃a nu la ŋu tsɔ ɖo kplɔ̃e. Wain nyuitɔ si ado dzidzɔ na fia la hã le kplɔ̃a dzi. (Ps. 104:15) Fia Axasweros ɖu nu no nu kple dzidzɔ, eye wògabia Ester nu si dim wòle la ake. Ðe ɣeyiɣia de azɔ be Ester naƒo nua?

8 Ester mekpɔe nenema o. Nu si wòwɔ boŋue nye be, egakpe fia la kple Haman ake na kplɔ̃ bubu si wòagaɖo na wo le ŋufɔke. (Ester 5:7, 8) Nu ka tae megblɔ eƒe nyaa enumake o? Ðo ŋku edzi be Ester detɔwo katã ƒe agbe ɖo afɔku me le fia ƒe sedede ta. Esi wònye ŋkubiãnya ta la, ele be Ester nadi ɣeyiɣi si sɔ nyuie. Eya ta egbɔ dzi ɖi, eye esia gana mɔnukpɔkpɔe be wòana srɔ̃a nakpɔ ale si gbegbe wòdea bubu eŋui.

9. Aleke gbegbee dzigbɔɖi le vevie, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ Ester ƒe kpɔɖeŋu le go sia me?

9 Dzigbɔɖi nye nɔnɔme vevi aɖe si mele ame geɖe si o. Togbɔ be nyaa nɔ fu ɖem na Ester eye wòdi vevie be yeaɖe edzi na fiaa hã la, elala ɣeyiɣi nyuitɔa dzigbɔɖitɔe. Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso eƒe kpɔɖeŋua me, elabena míawo hã míanya de dzesi nu madzɔmadzɔ aɖewo siwo wòle be woaɖɔ ɖo. Ne míedi be míaƒo nu na ŋusẽtɔ aɖe be wòawɔ nane tso kuxi aɖe ŋu la, ahiã be míasrɔ̃ Ester ƒe kpɔɖeŋu ahagbɔ dzi ɖi. Lododowo 25:15 gblɔ be: “Dzigbɔɖie xɔa nu le fia si, eye aɖe fafɛ gbãa ƒuwo.” Ne míegbɔ dzi ɖi di ɣeyiɣi nyuitɔ heƒo nu tufafatɔe abe Ester ene la, míate ŋu agbã kuxi siwo sesẽ abe ƒu ene la gɔ̃ hã bɔbɔe. Ðe Ester ƒe Mawu, Yehowa, yrae ɖe eƒe dzigbɔɖi kple nuwɔwɔ nunyatɔe la ta?

Dzigbɔɖi Ʋua Mɔ Na Nya Dzɔdzɔe

10, 11. Esi Haman dzo le kplɔ̃ɖoƒe gbãtɔa la, nu kae na wòva do dziku, eye nu kae srɔ̃a kple exɔlɔ̃wo ɖo aɖaŋu nɛ be wòawɔ?

10 Ester ƒe dzigbɔɖi ʋu mɔ be nu ɖedzesi aɖewo dzɔ kplɔ wo nɔewo ɖo. Esi Haman dzo le kplɔ̃ɖoƒe gbãtɔa la, eƒe ta te lotoo be fia la kple fiasrɔ̃e de bubu ye ŋu alea gbegbe, eya ta ‘dzi dzɔe eye eƒe dzi gbɔ ɖe eme.’ Ke esi Haman to fiasãa ƒe agbo nu yina la, ekpɔ Mardoxai, Yudatɔ si gbe kokoko be yemade bubu tɔxɛ eŋu o la le afi ma. Abe ale si míekpɔe le ta si va yi me ene la, menye bubumademade ame ŋu tae Mardoxai gbe esia wɔwɔ ɖo o, ke boŋ le esi eƒe dzitsinya meɖe mɔ nɛ o eye ƒomedodo si le woa kple Yehowa Mawu dome la xɔ asi nɛ wu tae. Ke hã “dzi ku Haman vevie” enumake.—Ester 5:9.

11 Esi Haman gblɔ dzivenya sia na srɔ̃a kple exɔlɔ̃wo la, woɖo aɖaŋu nɛ be wòatu ati aɖe si kɔkɔ meta 22, eye wòabia mɔ le fia la gbɔ ne wòahe Mardoxai ɖe eŋu. Nya sia dze Haman ŋu, eye wòtso ɖe eŋu enumake.—Ester 5:12-14.

12. Nu ka tae fia la na woxlẽ Dukɔa ƒe nuŋlɔɖiwo nɛ wòse, eye nu kae wòva de dzesii?

12 Ke eva eme be fia la mekpɔ gbɔdzɔe le zã me o. Biblia gblɔ be, “fia la tsi zãdomadɔlɔ̃e,” eya ta ebia be woatsɔ Dukɔa ƒe nuŋlɔɖiwo ava xlẽ na ye. Woxlẽ ale si ame aɖe va fi tofi be woɖo nugbe be woawu Axasweros la ƒe nuŋlɔɖi hã nɛ wòse. Eɖo ŋku nudzɔdzɔ ma dzi; wolé nugbeɖolawo hewu wo. Ke Mardoxai, ame si ʋu go nugbeɖoɖoa ya ɖe? Fia la nyɔ le eɖokui me azɔ hebia be, aleke woɖo eteƒe na Mardoxai hã. Woɖo eŋu nɛ be womewɔ naneke tsɔ ɖo eteƒe nɛ o.—Xlẽ Ester 6:1-3.

13, 14. (a) Aleke nuwo va trɔ bubui kura na Haman? (b) Nya kae Haman srɔ̃ kple exɔlɔ̃wo gblɔ nɛ?

13 Esia te ɖe fia la dzi eye wòbia be yeƒe amegãwo dometɔ kawoe le fiasãa me ade adaŋu kpli ye ne yewoaɖɔ vodada sia ɖo hã. Menye ame bubu aɖekee nɔ fiasãa me tsɔ wu Haman o—ɖewohĩ eva ɖo kaba ŋdi ma le esi wòdi be yeaxɔ mɔɖeɖe tso fiaa gbɔ awu Mardoxai ta. Gake hafi Haman nake nu la, fia la biae be nu kae nye nu nyuitɔ si woawɔ atsɔ ade bubu ame aɖe si ŋu fia la kpɔ ŋudzedze ɖo ŋu hã. Haman ya bu xaa be yee fia la wɔnɛ. Eya ta edo bubudeameŋu ƒe susu aɖe si tɔgbi mebɔ o la ɖa be: Woado fiawu na amea, eye wòabɔbɔ anɔ fia ƒe sɔ dzi, eye amegãwo dometɔ ɖeka nakplɔe atsa le Susa ahanɔ ekafum kple gbe sesĩ ame sia ame nase. Kpɔ ale si Haman ƒe mo ada tui esi wòse be Mardoxai ye nye ame si ŋu wobe woade bubui la ɖa! Eye ame kae fia la tia be wòanɔ ŋgɔ anɔ Mardoxai kafum? Haman tututue!—Ester 6:4-10.

14 Haman tsɔ dzi kpekpe wɔ dɔ sia eye wòve dɔme nɛ; eyome wòtsɔ vevesese ɖe abla yi aƒe me. Srɔ̃a kple exɔlɔ̃wo gblɔ nɛ be, ale si nuwo va trɔ bubui la fia be tame si wòɖo ɖe Yudatɔ Mardoxai ŋu la atrɔ ava eya ŋutɔ dzi.—Ester 6:12, 13.

15. (a) Nu nyui kae do tso Ester ƒe dzigbɔɖia me? (b) Nu ka tae nunya le eme be míalala ‘akpɔ Mawu si nu’?

15 Esi Ester gbɔ dzi ɖi be yeagalala ŋkeke bubu hafi atsɔ yeƒe biabiaa aɖo fiaa ŋkume ta la, esia na ɣeyiɣi Haman wòwɔ nu si ahe eya ŋutɔ ƒe anyidzedze vɛ. Eye ɖe manye Yehowa Mawu gbɔe wòtso be fia la tsi zãdomadɔlɔ̃e oa? (Lod. 21:1) Mewɔ nuku o be Mawu ƒe Nya la de dzi ƒo na mí be ‘míakpɔ Mawu si nu’! (Xlẽ Mixa 7:7.) Ne míekpɔa Mawu si nu la, míava kpɔe be ale si eya kpɔa kuxiwo gbɔe la ƒo susu ɖe sia ɖe si ate ŋu ava ta me na mí la ta sãsãsã.

Eƒo Nu Dzinɔameƒotɔe

16, 17. (a) Ɣekaɣie Ester ƒe “nuƒoɣi” ɖo? (b) Aleke Ester to vovo na Wasti, fiasrɔ̃ tsãtɔ lae?

16 Ester kpɔe be mesɔ be yeagaɖo nyazã fia la azɔ o; ele be wòagblɔ nya si le esi la le kplɔ̃ɖoɖo evelia sia me. Gake aleke wòle egblɔ gee? Eva dzɔ be fia la gana mɔnukpɔkpɔe ake be wòabia nu si dim wòle la. (Ester 7:2) Ester ƒe “nuƒoɣi” ɖo azɔ.

17 Anɔ eme be Ester do gbe kpui aɖe ɖa le susu me na eƒe Mawu hafi gblɔ be: “Ne edze fia ŋu la, ekema woatsɔ nye agbe kem le nye biabia nu, eye woatsɔ nye dukɔ nam le nye didi nu!” (Ester 7:3) De dzesii be ena fia la kpɔe be yedea asixɔxɔ nyametsotso si dze fiaa ŋutɔ ŋu la ŋu. Kpɔ ale si gbegbe Ester to vovo na Wasti, fiasrɔ̃ tsãtɔa, si ɖoe koŋ de ŋukpe mo na srɔ̃ae ɖa! (Ester 1:10-12) Azɔ hã, Ester mehe nya ɖe fia la ŋu ɖe ale si wòka ɖe Haman dzi akpa ta o. Nu si wòwɔ boŋue nye be, eɖe kuku na fia la be wòaxɔ na ye le esi yeƒe agbe ɖo afɔku me ta.

18. Aleke Ester ɖe kuxia dzi na fia la?

18 Biabia sia awɔ dɔ ɖe fia la dzi ahawɔ nuku nɛ godoo. Ame kae ake atse be yeagblẽ nu le fianyɔnu la ŋu? Ester gblɔ yi edzi be: “Wotsɔ mía kple nye dukɔ dzra, be woatsrɔ̃ mí, awu mí, eye woagblẽ mía dome. Ðe wònye ɖe wotsɔ mí dzra míenye kluviwo kple kosiviwo la, anye ne mezi kpi, elabena anye ne ketɔ la mana gbegblẽ nava fia dzi o.” (Ester 7:4) De dzesii be Ester ɖe kuxia gblɔ anukwaretɔe, gake egblɔ kpee be ne ɖe kluviwo koe wobe woawɔ yewo la, anye ne yezi kpi. Gake esi wònye woa kple wo detɔwo tsɔtsrɔ̃ ɖa alea agblẽ nu le fia ŋutɔ ŋu tae wòkpɔe be ele be yeaƒo nu ɖo.

19. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Ester gbɔ ku ɖe ale si míaƒo nui be woalɔ̃ ɖe míaƒe nya dzi ŋu?

19 Ester ƒe kpɔɖeŋu sia fia nu geɖe mí tso ale si wòle be míaƒo nui be amewo nalɔ̃ ɖe míaƒe nya dzi ŋu. Ne eva hiã be nàɖe kuxi gã aɖe dzi na wò ame vevi aɖe alo ŋusẽtɔ aɖe la, dzigbɔɖi, bubudedeameŋu kple nuƒoƒo anukwaretɔe ate ŋu aɖe vi geɖe.—Lod. 16:21, 23.

20, 21. (a) Aleke Ester ʋu go Haman ƒe nugbeɖoɖoa, eye aleke fia la wɔ nui? (b) Aleke Haman wɔ nui esi wòva dze gaglãa be nugbeɖola vɔ̃ɖie wònye?

20 Axasweros bia be: “Ame kae nye ame si ɖo nu sia ɖe tame be yeawɔ, eye afi ka eyama le?” Kpɔe ɖa le susu me esi Ester fia asi Haman hegblɔ be: “Ketɔ kple futɔ lae nye Haman vɔ̃ɖi sia!” Nutsotso sia dze ame kpo! Dzidzi ƒo Haman. Kpɔe ɖa le susu me ko be fiagã sia ƒe mo koe trɔ enumake esi wòse be yeƒe aɖaŋuɖola si dzi yeka ɖo la flu ye hena yede asi se si ana woatsrɔ̃ ye srɔ̃ lɔlɔ̃a la te! Fia la tso enumake do go yi fiasã la ƒe abɔ me be yeƒe susu nadze akɔ anyi.—Ester 7:5-7.

Ester klo nu le Haman ƒe nugbeɖoɖoa dzi dzinɔameƒotɔe

21 Esi Ester ʋu go Haman nugbeɖola vɔ̃ɖi sia ƒe nugbeɖoɖoa la, Haman tsra ɖe eƒe afɔ nu. Esi fia la trɔ va xɔa me hekpɔ Haman wòtsra ɖe Ester ƒe aba dzi nɔ kuku ɖem nɛ la, fia la ƒe dziku gafla ɖe edzi, eye wòbiae be ɖe wòle didim be yeade asi ye srɔ̃ ŋu sesẽe le ye ŋutɔ ye ƒeme hã. Nya sia fia be evɔ na Haman, aku godoo. Enumake wotsyɔ nu mo nɛ hekplɔe do goe. Fiaŋumewo dometɔ ɖeka gblɔ na fia la be Haman tu ati kɔkɔ aɖe ɖi be yeahe Mardoxai ɖe eŋu. Axasweros ɖe gbe enumake be woahe Haman ŋutɔ ɖe eŋu.—Ester 7:8-10.

22. Aleke Ester ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu ana míaƒo asa na dziɖeleameƒo kple mɔkpɔkpɔbuɖeame ahalé xɔse me ɖe asi?

22 Le xexe sia si me nu madzɔmadzɔ wɔwɔ bɔ ɖo me la, míate ŋu asusu be ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ zu dze bu ɖe ama me. Ðe nèse le ɖokuiwò me nenema kpɔa? Dzi meɖe le Ester ƒo o, mɔkpɔkpɔ mebu ɖee o, eye mena ta gbeɖe o. Esi ɣeyiɣia de la, eɖe nu si wònya be ele eteƒe la gblɔ dzinɔameƒotɔe, eye wògblẽ kpɔtɔea ɖe Yehowa si me heka ɖe edzi be awɔe ade goe. Mina míawo hã míawɔe nenema! Yehowa metrɔ o; ale si wòle tso Ester ŋɔli la, nenema ko wògale. Agate ŋu ana ame vɔ̃ɖiwo kple ayemenuwɔlawo ƒe mɔ̃ naɖe woawo ŋutɔwo abe ale si wòɖe Haman ene.—Xlẽ Psalmo 7:11-16.

Eʋli Yehowa Kple Eƒe Dukɔa Ta Ðokuitɔmadimaditɔe

23. (a) Aleke fia la ɖo eteƒe na Mardoxai kple Ester? (b) Aleke nya si Yakob gblɔ ɖi le eƒe kuba dzi ku ɖe Benyamin ŋu la va emee? (Kpɔ aɖaka si nye “ Nyagblɔɖi Aɖe Va Eme.”)

23 Fia la va nyae azɔ be menye ɖeko Mardoxai ʋli yeƒe agbe ta le nugbe si woɖo ɖe ye ŋu me ko o, ke eya kee nye ame si xɔ Ester nyi hã. Axasweros ɖo Mardoxai wòzu dɔnunɔlawo ƒe tatɔ ɖe Haman teƒe. Fia la tsɔ Haman ƒe nunɔamesi gbogboawo na Ester, eye Ester hã tsɔ Mardoxai ɖo wo nu.—Ester 8:1, 2.

24, 25. (a) Nu ka tae goʋuʋu Haman ƒe nugbeɖoɖoa ɖeɖe mena Ester ɖe dzi ɖi o? (b) Aleke Ester gade eƒe agbe afɔku me ake?

24 Esi Ester kple Mardoxai le dedie azɔ la, ɖe fianyɔnua aɖe dzi ɖia? Awɔe nenema ne ye ŋutɔ ƒe nyonyo koe le vevie nɛ. Ɣemaɣi tututu la, se si Haman na wode be woawu Yudatɔwo katã la ŋuti gbeƒãɖeɖe nɔ ta kekem le fiaɖuƒe bliboa me. Haman dzidze nu alo da Pur, si anye gbɔgbɔyɔyɔnuwɔna aɖe, be yeatsɔ anya ŋkeke nyuitɔ si dzi yeatsrɔ̃ wo. (Ester 9:24-26) Egasusɔ ɣleti aɖewo ne ŋkekea nade, ke hã enɔ aƒe tum kabakaba. Ðe woate ŋu axe mɔ na vɔ̃ gã sia?

25 Ester gade eƒe agbe afɔku me ɖokuitɔmadimaditɔe ake esi wògayi fia la ŋkume zi evelia evɔ womeyɔe hafi o. Fifia ya la, efa avi ɖe eƒe dukɔa ta, eye wòɖe kuku na fia la be wòate fli ɖe se sesẽ ma me. Gake le Persia fiaɖuƒea me la, wometrɔa se si wode le fiagã la ƒe ŋkɔ me la o. (Dan. 6:12, 15) Eya ta fia la na ŋusẽ Ester kple Mardoxai be woade se yeye le yeƒe ŋkɔ me. Ale wode se bubu si na ŋusẽ Yudatɔwo be woaʋli woƒe agbe ta. Wotsɔ du sia de sɔdolawo si be woaɖe abla atsɔ nya nyui sia ayi na Yudatɔwo le fiaɖuƒe bliboa me. Mɔkpɔkpɔ gasu Yudatɔwo si. (Ester 8:3-16) Míate ŋu akpɔ ale si Yudatɔ siwo katã nɔ fiaɖuƒe gã sia me la anɔ aʋakpa blam ɖe woƒe agbe ta ʋiʋli ŋu la le susu me; enye nu si womate ŋu awɔ gbeɖe ne ɖe womede se yeye sia o. Gake biabia vevi lae nye be, Ðe ‘Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu’ la anɔ kple eƒe dukɔ la?—1 Sam. 17:45.

Ester kple Mardoxai de sewo eye wona woɖe gbeƒãe na Yudatɔwo le Persia Fiaɖuƒe bliboa me

26, 27. (a) Aleke gbegbee Yehowa na eƒe amewo ɖu woƒe futɔwo dzii? (b) Nyagblɔɖi kae va eme esi wowu Haman viŋutsuwo?

26 Esi ŋkeke ɖoɖia de mlɔeba la, Mawu ƒe amewo nɔ klalo. Fifia Persia-megã geɖewo gɔ̃ hã le woƒe akpa dzi, le esi dɔnunɔlawo ƒe tatɔ yeyea, si nye Yudatɔ Mardoxai la ŋuti nya de du ta. Yehowa na eƒe amewo ɖu dzi eteƒe mekɔ o. Ðikeke mele eme o be ekpɔ egbɔ be woƒe futɔwo tsrɔ̃ keŋkeŋ ale be woagawɔ vɔ̃ eƒe dukɔa azɔ o. *Ester 9:1-6.

27 Azɔ hã, Mardoxai mate ŋu anɔ Haman ƒe aƒea nu aɖe dzi ɖi esime ŋutsu vɔ̃ɖi sia ƒe viŋutsu ewoawo gakpɔtɔ le agbe o. Wowu woawo hã. (Ester 9:7-10) Ale Mawu ƒe nya si wògblɔ ɖi le Biblia me be woatsrɔ̃ Amalekitɔ siwo nye eƒe dukɔa ƒe futɔ vɔ̃ɖiwo ɖa keŋkeŋ la va eme. (5 Mose 25:17-19) Ðewohĩ Haman ƒe viwoe nye Amalekitɔ susɔe siwo wowu.

28, 29. (a) Nu ka tae wònye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu be Ester kple wo detɔwo nawɔ aʋa ɖo? (b) Nu ka tae Ester ƒe kpɔɖeŋua nye yayra na mí egbea?

28 Ele na ɖetugbui Ester be wòade ta agba kpekpewo te le fiaƒeme—si ƒe ɖewoe nye be wòanɔ eme woade se siwo ana woawɔ aʋa ahawu amewo. Esia manɔ bɔbɔe nɛ o. Gake Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue wònye be woakpɔ yeƒe dukɔ Israel ta be woagatsrɔ̃ o, elabena dukɔ sia mee Mesia si ŋugbe wodo, ame si ko ahe mɔkpɔkpɔ avɛ na ameƒomea katã la, ado tso! (1 Mose 22:18) Enye dzidzɔ na Mawu subɔla siwo li egbea be woanyae be esi Mesia, si nye Yesu, nɔ anyigba dzi la, ede se na eyomedzelawo tso ɣemaɣi be woagawɔ aʋa o.—Mat. 26:52.

29 Ke hã mí Kristotɔwo míewɔa gbɔgbɔmeʋa, elabena Satana ɖe ŋku tɔ mí be yeagblẽ xɔse si le mía si na Yehowa Mawu la me. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 10:3, 4.) Yayra ka gbegbee nye esi wònye be Ester ɖo kpɔɖeŋu sia ɖi na mí! Mina míasrɔ̃ eƒe xɔse ale be míatsɔ dzigbɔɖi aƒo nu le nunya me be amewo nalɔ̃ ɖe nya si míegblɔ dzi, míaɖe dzinɔameƒo afia, eye míatsri ɖokuitɔdidi ƒe agbe ahalɔ̃ faa aʋli Mawu ƒe amewo ta.

^ mm. 26 Fia la gana ŋkeke ɖeka Yudatɔwo kpee be woatsrɔ̃ woƒe futɔ siwo susɔ la. (Ester 9:12-14) Egbea gɔ̃ hã la, Yudatɔwo ɖua azã si woyɔna be Purim la le dzinu Adar, si nye February ƒe nuwuwu va ɖo March ƒe gɔmedzedze la me, tsɔ ɖoa ŋku woƒe aʋadziɖuɖu gã sia dzi. Nudzidze si Haman tsɔ tia ŋkeke si woatsrɔ̃ Israel viwo la ƒe ŋkɔ mee woɖe azã sia ƒe ŋkɔ tsoe.