1 Mose 3:1-24

  • Amegbetɔ ƒe nu vɔ̃ me dzedze (1-13)

    • Aʋatsokaka gbãtɔ (4, 5)

  • Yehowa drɔ̃ ʋɔnu aglãdzelawo (14-24)

    • Wogblɔ nyɔnu la ƒe dzidzimevi ŋu nya ɖi (15)

    • Amegbetɔ nyanya ɖa le Eden (23, 24)

3  Ke da+ dze aye wu gbemelã siwo katã Yehowa Mawu wɔ la. Eye wòbia nyɔnu la be: “Vavãe Mawu gblɔ be migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse aɖeke oa?”+  Nyɔnu la ɖo eŋu na da la be: “Míeɖua abɔmetiawo ƒe tsetse faa.+  Ke Mawu gblɔ le ati si le abɔa titina la ƒe tsetse ya ŋu be:+ ‘Migaɖu eƒe ɖeke o, ao, migaka asi eŋu o; be miagaku o.’”  Ke da la gblɔ na nyɔnu la be: “Miele kuku ge akpɔ o.+  Elabena Mawu nyae be gbe si gbe miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo aʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.”+  Ale nyɔnu la kpɔ be ati la nyo na ɖuɖu, eye ekpɔkpɔ dzroa ame, ɛ̃, ati la nya kpɔ ŋutɔ. Ale wògbe eƒe tsetse la ƒe ɖe heɖu.+ Emegbe esi srɔ̃a va egbɔ la, ena ɖe eya hã wòɖu.+  Eye wo ame evea ƒe ŋkuwo ʋu, eye wokpɔe dze sii be yewole amama. Eya ta wotɔ gboti ƒe aŋgbawo hesa ɖe ali.+  Emegbe wose Yehowa Mawu ƒe gbe esi wòle tsa ɖim le abɔa me le anyinufaɣi, eye ame la kple srɔ̃a ɣla wo ɖokuiwo ɖe Yehowa Mawu le abɔmetiawo dome.  Eye Yehowa Mawu nɔ ame la yɔm nɔ biabiam be: “Afi kae nèle?” 10  Mlɔeba eɖo eŋu be: “Mese wò gbe le abɔa me, ke mele vɔvɔ̃m, elabena mele amama, eya ta meɣla ɖokuinye.” 11  Ke egblɔ be: “Ame kae gblɔe na wò be amamae nèle?+ Ðe nèɖu ati si ŋuti mede se na wò le be mègaɖu eƒe ɖeke o laa?”+ 12  Eye ame la ɖo eŋu be: “Nyɔnu si nètsɔ nam be wòanɔ gbɔnye lae na ati la ƒe tsetsem meɖu.” 13  Eye Yehowa Mawu bia nyɔnu la be: “Nu kae nye esi nèwɔ?” Nyɔnu la ɖo eŋu be: “Da lae blem meɖui.”+ 14  Eye Yehowa Mawu gblɔ na da la be:+ “Esi nèwɔ alea ta la, woƒo fi de wò le aƒemelãwo katã kple gbemelãwo katã dome. Wò ƒodo dzi nàzɔ, eye ʋuʋudedi nàɖu le wò agbemeŋkekewo katã me. 15  Mana fuléle*+ nanɔ wò+ kple nyɔnu la dome,+ wò dzidzimevi+ kple nyɔnu la ƒe dzidzimevi dome.+ Eya agbã ta na wò,+ eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ.”+ 16  Egblɔ na nyɔnu la be: “Mana nàse veve geɖe le fufɔfɔ me; àlé ku hafi adzi vi, eye wò susu katã anɔ srɔ̃wò ŋu, eye eya aɖu dziwò.” 17  Eye wògblɔ na Adam* be: “Esi nèse srɔ̃wò ƒe gbe heɖu ati si ŋu mede se na wò le be,+ ‘Mègaɖu eƒe ɖeke o’ la ƒe ɖe la, eya ta woƒo fi de anyigba le tawò.+ Àkpe fu* hafi akpɔ edzinuwo aɖu le wò agbemeŋkekewo katã me.+ 18  Amie ŋù kple aŋɔka na wò, eye àɖu anyigba dzi amagbewo. 19  Fifia ate wò* hafi nàkpɔ abolo aɖu,* va se ɖe esime nàtrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe.+ Anyie nènye, eye anyie nàgatrɔ azu.”+ 20  Emegbe Adam tsɔ ŋkɔ na srɔ̃a be Xawa,* elabena eyae ava nye amegbetɔwo katã dada.+ 21  Eye Yehowa Mawu tɔ lãgbalẽwu legbe na Adam kple srɔ̃a be woado.+ 22  Eye Yehowa Mawu gblɔ be: “Kpɔ ɖa, ame la zu abe mía dometɔ ɖeka ene hedze si nyui kple vɔ̃.+ Azɔ be wòagado asi ɖa agbe agbeti+ la hã ƒe tsetse aɖu ahanɔ agbe tegbee o la, . . .” 23  Eya ta Yehowa Mawu nya ame la le Eden-bɔa me,+ be wòade agble ɖe anyigba si me woɖee tsoe la dzi.+ 24  Ale wònya ame la ɖa, eye wòtsɔ kerubiwo+ kple yi aɖe si le bibim hele totrom le eɖokui si la, ɖo Eden-bɔ la ƒe ɣedzeƒe gome, be woadzɔ agbeti la ƒe mɔ nu.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “adikã.”
Egɔmee nye “Amegbetɔ; Amegbetɔƒome.”
Alo, “Àse veve.”
Alo, “nàkpɔ nu aɖu.”
Alo, “Àte fifia ɖe mo.”
Egɔmee nye “Ame Gbagbe.”